Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

WOTE ŊU TRƆ

Ricardo Kple Andres Ƒe Ŋutinyawo

Ricardo Kple Andres Ƒe Ŋutinyawo

Biblia te ŋu nana amewo ƒe agbenɔnɔ nyona ɖe edzi wòwɔa nuku. De ŋugble le kpɔɖeŋu eve siwo ku ɖe Ricardo kple Andres ŋu kpɔ.

RICARDO: Ƒe 15 koe mexɔ esi mege ɖe gbevuha aɖe me. Xɔ̃nye yeyeawo kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye vevie. Le nyateƒe me la, nye taɖodzinue nye be mayi gaxɔ me ƒe ewo! Nya ma adze bometsinya. Gake le afi si menɔ la, wokafua ame siwo nɔ gaxɔ me kpɔ eye wodea bubu wo ŋu vevie. Eya ta medi be manɔ abe woawo ene.

Meƒo ɖokuinye ɖe nu sia nu si gbevuhamenɔlawo wɔna la me. Nu mawo dometɔ aɖewoe nye atike vɔ̃ɖiwo zazã, gbɔdɔdɔ kple ŋutasẽnuwo wɔwɔ. Le zã aɖe me la, míaƒe gbevuhaa kple gbevuha bubu aɖe míenɔ tu dam mía nɔewo. Mesusu be woawum, gake mesi, naneke mewɔm o. Esia megbe la, meva nɔ tame bum le nye agbe kple taɖodzinu siwo le asinye ŋu vevie, eye metso nya me be matrɔ. Gake aleke mawɔe? Ame kae akpe ɖe ŋunye?

Nye ƒometɔ geɖe mekpɔa dzidzɔ o. Kuxiwo ɖe kpe na wo. Gake nyruinye kple eƒe ƒomea ya kpɔa dzidzɔ. Menya be ame nyuiwoe wonye eye wowɔna ɖe Biblia me mɔfiamewo dzi. Le nyateƒe me la, wofiam kpɔ be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Eya ta le tua dada megbea, medo gbe ɖa na Yehowa yɔ eŋkɔ gblɔ nɛ be wòakpe ɖe ŋunye. Nukutɔea, Yehowa Ðasefo aɖe va ƒo ʋɔ nam le ŋufɔke! Eyae va zu nye Biblia nufiala.

Gake kuxi gã aɖe li. Xɔ̃nye xoxoawo ƒoa ka nam zi geɖe gblɔna nam be mava ne míaɖo gbɔdo. Togbɔ be menɔ bɔbɔe o hã, megbena. Meɖoe kplikpaa be mayi Biblia sɔsrɔ̃a dzi, eye edzɔ dzi nam be nyemedzudzɔ o! Nye agbenɔnɔ trɔ kura, eye meva nɔ dzidzɔ kpɔm ŋutɔ.

Meɖo ŋku edzi be megblɔ na Mawu le gbedodoɖa me kpɔ be ɖe meɖoe be mayi gaxɔ me ƒe ewo ale be woade bubu ŋunye abe gbevuhamenɔla ene. Gake fifia ya megblɔ na Mawu be wòana mazã ɣeyiɣi geɖe atsɔ afia nu amewo tso eyama ŋu abe ale si wokpe ɖe ŋunyee ene hena ƒe ewo ya teti. Mawu ɖo nye gbedodoɖaa ŋu, elabe ƒe 17 ye nye esia mele gbeƒã ɖem na amewo! Eye magblɔ kpee be nyemeɖo afɔ gaxɔa me o.

Gake xɔ̃nye xoxoawo dometɔ geɖe le gaxɔ me hena ƒe geɖe. Wo dometɔ aɖewo ku. Ne metrɔ kpɔ megbe la, akpe koe mada na nye ƒometɔ siwo nye Ðasefoawo. Wolɔ̃ faa be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi, eye esia na woto vovo. Meva dea bubu wo ŋu wu gbevuhaa me tɔ ɖe sia ɖe. Ƒo wo katã ta la, medaa akpe na Mawu be wòfia mɔ nyuitɔ si nu manɔ agbe ɖo lam.

ANDRES: Wodzim le nuto si me ahedada bɔ ɖo, afi si wozãa atike vɔ̃ɖiwo, daa adzo, wua ame eye gbolowɔwɔ bɔ ɖo la me, eye afi mae menɔ tsi. Ahanoxee tɔnye nye eye kokein nono zu numame nɛ. Dzre dzi koe eya kple nɔnye wonɔna, eye wodaa kɔ.

Ðevi ko menye esi mete ahanono eye mezãa atike vɔ̃ɖiwo. Ablɔdzi koŋue menɔna, nɔ amewo fim eye medzraa nu siwo mefina la. Esi menɔ tsitsim la, tɔnye di be yeana nye kpli ye dome navivi, gake mewɔe le mɔ nyuitɔ nu o, efia ale si matsɔ atike vɔ̃ɖiwo kple nu bubu siwo ŋu se meɖe mɔ ɖo o la agbã dee eye míadzra wo. Esia na mekpɔ ga kaba. Gake gbe ɖeka la, poliswo va nye aƒe me va lém le esi mete kpɔ be mawu ame ta, eye wodem mɔ ƒe atɔ̃.

Gbe ɖeka ŋdi la, woɖe gbeƒã le gaxɔa ƒe nuƒomɔ̃ dzi tsɔ nɔ gamenɔlawo kpem be woava se Biblia me nuƒo aɖe si Yehowa Ðasefowo aƒo. Meyi. Susu le nya siwo mese la me, eya ta melɔ̃ be Ðasefoawo nasrɔ̃ Biblia kplim. Wometɔa tsi Ŋɔŋlɔawo me nyawo o, ke boŋ wofia ale si Mawu di be míanɔ agbe wòadze eŋu lam.

Eteƒe medidi o meva kpɔe be nyemate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã la le ɖokuinye si o, vevietɔ ne gamenɔla bubu siwo mekpɔ dzidzɔ ɖe nu si srɔ̃m mele ŋu o la do ŋɔdzi nam. Eya ta medo gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽm mawɔ nu le nunya me, eye ekpe ɖe ŋunye. Le nyateƒe me la, le esi mana ta teƒea, dzi nɔ ƒonye mezã Biblia tsɔ ɖe gbeƒã na gamenɔla bubuwo.

Esi ɣeyiɣia de be woaɖe asi le ŋunye la, menɔ vɔvɔ̃m ale gbegbe be medi be mayi edzi aganɔ gaxɔa me vie! Esi menɔ dzodzom la, gamenɔla geɖe wɔ baibai nam. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã gblɔ vividoɖeameŋutɔe be, “Pastor, de aƒe me nyuie.”

Ne mebu ale si nye agbe anɔ ne ɖe nyemeɖe mɔ na Mawu be wòafia num o la, edzia ŋɔ nam. Medaa akpe be Mawu lɔ̃m eye mebum be nyemate ŋu atrɔ o. a

a Te asi ɖe AGBALẼWO KPLE NU BUBUWO dzi, yi “Nyati Vovovowo“ eye nàdi “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm.“