GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 2016

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso November 28 va se ɖe December 25, 2016 la le tata sia me.

AGBEMEŊUTINYA

Medze Agbagba Srɔ̃ Kpɔɖeŋu Nyui Ðolawo

Kristotɔ siwo tsi le xɔse me ƒe dzideƒonyawo ate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woaɖo taɖodzinu nyuiwo na wo ɖokuiwo ahaɖo wo gbɔ. Thomas McLain ƒo nu tso kpɔɖeŋu nyui siwo ame bubuwo ɖo ɖi nɛ kple ale si eya ŋutɔ dze agbagba be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋui la ŋu.

“Migaŋlɔ Dɔmenyonyo Na Amedzrowo Be O”

Aleke Mawu bua amedzrowoe? Nu kae nàte ŋu awɔ be dukɔ bubu me tɔ siwo le miaƒe hamea me la naɖe dzi ɖi le mia dome?

Kpɔ Ƒomedodo Si Le Wò Kple Yehowa Dome Ta Esi Nèle Subɔsubɔm Le Duta

Ele be ame ŋutɔ kple eƒe ƒomea ƒe ƒomedodo kple Mawu nanye nu vevitɔ na Kristotɔwo katã. Gake ne èle subɔsubɔm le duta la, esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ.

Ðe ‘Nèléa Nunya Vavãtɔ Me Ðe Asi’ Sesĩea?

Vovototo kae le nunya vavãtɔ kple sidzedze kpakple gɔmesese dome? Vovototoa nyanya ate ŋu aɖe vi geɖe na wò.

Do Ŋusẽ Wò Xɔse Le Nu Siwo Nèle Mɔ Kpɔm Na Me

Xɔsetɔ siwo nɔ anyi le blema kple egbea siaa ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse. Aleke nàwɔ ado ŋusẽ wò xɔse?

Xɔ Yehowa Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se

Nu ka tututue nye xɔse? Eye vevietɔ wu la, aleke nàte ŋu aɖe xɔse afia?

Ènyaa?

Ŋusẽ ka gbegbee Roma dziɖuɖua na Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo le ƒe alafa gbãtɔ me? Eye le blema la, ɖe wòdzɔna ŋutɔŋutɔ be ame aɖe nawu gbe vɔ̃ɖiwo ɖe ame bubu ƒe agble mea?