GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 2016

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 26 va se ɖe October 23, 2016 la le tata sia me.

AGBEMEŊUTINYA

Menaa Nu Kple Dzidzɔ

Ðekakpui aɖe si nye Eŋlisiawo dze agbemedɔ si na wòkpɔ dzidzɔ vavã gɔme. Eva zu dutanyanyuigblɔla le Puerto Rico.

Srɔ̃ɖeɖe—Eƒe Dzɔtsoƒe Kple Taɖodzinu

Ðe míate ŋu agblɔe wòasɔ be srɔ̃ɖeɖe nye nunana tso Mawu gbɔa?

Di Nu Si Nyo Wu Sika

Kpɔ mɔ etɔ̃ siwo nu Biblia srɔ̃la dovevienuwo sɔ kple sikakulawo le.

Ðe Nàte Ŋu Ayi Ŋgɔ Geɖe Wu Le Mawusubɔsubɔ Mea?

Kpɔ nu siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia.

Nu Si Ta Wòhiã Be Nàna Hehe Amewo

Taɖodzinu vevi kawo gbɔe nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu woaɖo?

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae Yesu ƒe futɔwo tsi dzi ɖe asikɔklɔ ƒe nya ŋu vevie ɖo?

NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

“Mele Nuŋeŋedɔ Wɔm Hena Yehowa Ƒe Kafukafu”

Togbɔ be Biblia Nusrɔ̃viwo mese akpaɖekedzimademade ƒe nyaa gɔme nyuie le Xexemeʋa I wɔɣi o hã la, nu nyuiwo do tso woƒe anukwareɖiɖi me.