Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nènya Gamea?

Ðe Nènya Gamea?

NE ÈDI be yeanya ga si ƒo la, nu kae nèwɔna? Ðewohĩ, èkpɔa gaƒoɖokui si le wò alɔnu alo esi le gli ŋu. Eye ne xɔ̃wò aɖe bia wò be ga nenie ƒo hã la, aleke nàyɔ gamea nɛ? Amewo yɔa ga si ƒo la le mɔ vovovowo nu. Aleke wowɔnɛ?

Tsɔe be eƒo ŋdɔ ga ɖeka to eŋu miniti 30. Ðewohĩ, àɖo eŋu be eƒo ga ɖeka miniti 30. Ðewohĩ, ame aɖewo agblɔ be eƒo ga 13 miniti 30 le afi si wotso kple ale si woyɔa game le wo gbɔ ta. Esi wobunɛ be gaƒoƒo 24 ye le ŋkeke ɖeka me tae woyɔa gamea alea ɖo. Le teƒe aɖewo gɔ̃ hã la, woate ŋu ayɔ game ma ke be “afã na eve,” si fia be esusɔ miniti 30 hafi ga eve naƒo.

Esi wònye be èxlẽa Biblia ta la, ɖewohĩ ànya bu eŋu kpɔ be aleke ame siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo la yɔa gamea hã. Womeyɔa gamea le mɔ ɖeka nu o. Le Biblia ƒe akpa si woŋlɔ ɖe Hebrigbe me me la, woyɔ “ŋdi,” “ŋdɔ,” “ɣeɖota,” “ŋdɔkutsu dzatsɛ,” kple “fiẽ” tsɔ ɖɔ gamea. (1 Mose 8:11; 19:27; 43:16; 5 Mose 28:29; 1 Fia. 18:26) Gake ɣeaɖewoɣi la, ga si tututu ƒo lae woyɔna tsɔ ɖɔa gamea.

Le Biblia ŋlɔɣiwo la, dzɔlawo nɔ anyi. Zã me koŋue woƒe dɔa hiãna vevie. Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Yesu dzidzi la, Israel-viwo ma zã la ɖe ɣeyiɣi etɔ̃ siwo woyɔna be ŋudzɔɣiwo la me. (Ps. 63:6) Woyɔ ŋudzɔɣi siawo dometɔ ɖeka le Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:19 be “zãdomeŋudzɔɣi.” Kaka Yesu ƒe ŋkekeawo naɖo la, Yudatɔwo va ma zã la ɖe ŋudzɔɣi ene me wòsɔ ɖe Helatɔwo kple Romatɔwo tɔ nu.

Nyanyuigbalẽawo ƒo nu tso ŋudzɔɣi siawo ŋu zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, “zã ƒe ŋudzɔɣi enelia me” ye Yesu zɔ ƒu dzi ɖo ta tɔdziʋu si me eƒe nusrɔ̃lawo nɔ la gbɔ. (Mat. 14:25) Le kpɔɖeŋu aɖe si Yesu wɔ me la, egblɔ be: “Ne ɖe aƒea tɔ anya zã ƒe gaƒoƒo [alo ŋudzɔɣi] si dzi fiafitɔ ava la, anye ne anɔ ŋudzɔ, eye maɖe mɔ woadze kpɔ age ɖe eƒe me o.”—Mat. 24:43, etenuŋɔŋlɔ.

Yesu ƒo nu tso ŋudzɔɣi eneawo katã ŋu esi wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣekaɣi aƒetɔ la le vava ge o, eɖanye fiẽ alo zãtiƒe alo do ŋgɔ na fɔŋli alo ŋdi kanya o.” (Marko 13:35; etenuŋɔŋlɔ) Ŋudzɔɣi gbãtɔ, si nye “fiẽ,” la dze egɔme tso ɣeɖoto va se ɖe fiẽ ga asieke lɔƒo. Ŋudzɔɣi evelia, si nye “zãtiƒe” la, dze egɔme tso fiẽ ga asieke lɔƒo va se ɖe zãtiƒe. Ŋudzɔɣi etɔ̃lia, si woyɔna be “do ŋgɔ na fɔŋli,” alo ‘ɣeyiɣi si me koklo kua atɔ,’ la dze egɔme tso zãtiƒe va se ɖe fɔŋli ga etɔ̃ lɔƒo. Anɔ eme be ŋudzɔɣi sia mee koklo ku atɔ le zã si me wolé Yesu. (Marko 14:72) Ŋudzɔɣi enelia, si nye “ŋdi kanya” la, dze egɔme tso fɔŋli ga etɔ̃ lɔƒo va se ɖe esime agu dze.

Eya ta, togbɔ be gaƒoɖokui siwo míezãna egbea tsɔ nyaa gamea menɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo o hã la, wotoa mɔ aɖe dzi nyaa gamea le ŋkeke me alo le zã me.