GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 2019

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso May 6 va se ɖe June 2, 2019 la le tata sia me

Nu Kae Xe Mɔ Na Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?

Ame siwo va nya Yehowa la dometɔ aɖewo hea nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe megbe. Nu kae ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woaɖu kuxi siwo wɔe be wole nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe la dzi?

Ðo To Yehowa Ƒe Gbe

Mɔ kawo dzie Yehowa tona ƒoa nu na mí egbea? Aleke toɖoɖo Mawu ɖea vi na mí?

Se Veve Ðe Ame Nu

Mɔ kawo nue Yehowa kple Yesu siaa se veve ɖe amewo nu le, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋuawo?

Se Veve Ðe Amewo Nu Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me

Mɔ ene kawo dzie míate ŋu ato aɖee afia ame siwo míedoa goe le gbeƒãɖeɖedɔa me la be míesea veve ɖe wo nu?

Nyuiwɔwɔ—Aleke Nàwɔ Asrɔ̃ Nɔnɔme Nyui Sia?

Nu kae nye nyuiwɔwɔ? Nu ka tae wòle be míadze agbagba vevie asrɔ̃e?

Yehowa Dea Asixɔxɔ “Amen” Si Nègblɔna Ŋu

Ame geɖe gblɔa ‘amen’ le gbedodoɖa ƒe nuwuwu. Nu kae nya sia fia, eye aleke wozãe le Biblia me?