Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ecuador

Le ƒe 2007 me la, Ecuador-dziɖuɖua ɖe gbeƒã ɖoɖo siwo wowɔ be woakpɔ Amazon ƒe blemave si le teƒe siwo keke hedidi kilometa 10,000 la ta le esi teƒe be woaku mɔ̃memi le teƒe mawo. Ðoɖo mawo mete ŋu tsɔ afɔ o elabena dutadukɔwo mena gakpekpeɖeŋu be woatsɔ akpɔ aveawo ta o. Amazon ƒe ave dodo sia nye teƒe siwo nu gbagbe vovovowo sɔ gbɔ ɖo wu le xexea me la dometɔ ɖeka.

Japan

Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (The Japan News) gblɔ be ne ɖɔktawo do ʋu kpɔ la, esesẽna ŋutɔ be woakpɔ dɔlékui siwo katã le ʋua me. Do ŋgɔ na nyatakaka sia la, wogblɔ le nyadzɔdzɔwo me be le ƒe 2013 me la ŋutsu aɖe si xɔ 60 kple edzivɔwo xɔ ɖikanakudɔ (HIV) esi wodo ʋu nɛ. Ne woɖe ame aɖe si ŋu dɔléle sia le ƒe ʋu la, exɔa ɣeyiɣi aɖe hafi dɔlékuia va dzena le ʋua me ne wodoe kpɔ.

Zimbabwe

Togbɔ be aʋa si Zimbabwe-srafowo wɔ kple aglãdzelawo le nuto siwo me dukɔa do liƒo kple Mozambique me la wu enu ƒe 30 kple edzivɔe nye esia hã la, tomebɔmb siwo woɖi la gakpɔtɔ le amewo wum alo nana wozua nuwɔametɔwo. Kpekpeɖeŋunaha si woyɔna be Dukɔwo Dome Atitsoga Dzĩ Kɔmiti ka nya ta be: “Tso ƒe 1980 me la, tomebɔmb wu ame 1,500 kple lã 120,000 kple edzivɔ, eye tomebɔmb siwo le Zimbabwe-dukɔa ƒe liƒowo dzi na ame 2,000 zu nuwɔametɔwo.”

Australia

Nyatakakawo ɖee fia be atsu kple asi siwo klã ɖa tso wo nɔewo gbɔ la dometɔ geɖe va le nya ʋlim ku ɖe wo dometɔ si gbɔ woƒe aƒemelã siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o anɔ la ŋu. Aƒe, ga kple nunɔamesiwo nye nu gbãtɔ si woʋlina, eye esi gakplɔ esiawo ɖoe nye aƒemelãwo.