Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 ÐE WOWƆEA?

Nu Si Fiaa Mɔ Adoŋgowo

Nu Si Fiaa Mɔ Adoŋgowo

ADOŊGOWO alo mlimímlimíwo zãa mí le mɔ vovovowo nu. Nudzodzoevi sia ɖua mí heɖaa azi ɖe eme. Woƒe atsu aɖewo mlia míkɔ goɖowo yina na nɔeawo be yewoƒe nu nalé dzi na wo. Woʋlia ho vevie ɖe mí yeyewo ta. Ɣeaɖeɣi la, numekulawo kpɔ adoŋgo 16,000 wonye zi ɖe atiglinyimí gbogbo aɖe ŋu, eye woɖee le eme le gaƒoƒo eve pɛ ko me.

Adoŋgo aɖewo mlia mí la ƒe ɖe wòzua míkɔ hemlinɛ yia adzɔge ʋĩ le wo tɔwo gbɔ eye wova ɖinɛ ɖe ke me. Adoŋgo mlia míkɔ tsɔ toa mɔ ɖeka tẽe be wòate ŋu aɖe zɔ kabakaba eye be etɔwo magava xɔ míkɔa le esi o.

Gake aleke wòdzɔnae be adoŋgo mezɔa togodoezɔli o, ke boŋ wòtoa mɔ ɖeka tẽe, le zã me gɔ̃ hã?

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Numekuku siwo numekulawo wɔ do ŋgɔ ɖee fia be adoŋgo zãa ɣe kple ɣleti ƒe keklẽ tsɔ dea dzesi afi si wòle be wòato. Gake ne dzinu mele ɖiɖim o hã la, adoŋgo tea ŋu zɔna yia ŋgɔ tẽe. Numekula siwo le South Africa va de dzesii be menye ɣletivi ɖekaɖekawo ƒe kekelie fiaa mɔ adoŋgo wòtea ŋu zɔna yia ŋgɔ tẽe o, ke boŋ Masa Ɣletivihatsotso ƒe kekelie fia mɔe. Le magazine aɖe (Current Biology) ƒe nya nu la, “esiae nye zi gbãtɔ si wòku nu me hekpɔe be lã aɖe tea ŋu zã Masa Ɣletivihatsotsoa ƒe kekeli tsɔ dea dzesi afi si wòle be wòato.”

Numekula Marcus Byrne gblɔ be “ŋutete deŋgɔ le [adoŋgo] si be wòazã aɖaŋu sue aɖe atsɔ awɔ keklẽ suetɔ kekeake si dze le viviti me la ŋu dɔ atsɔ ade dzesi mɔ si wòato.” Agbalẽa gblɔ kpee be: “Amegbetɔwo ate ŋu asrɔ̃ ale si woakpɔ numakpɔmakpɔ ƒe kuxi sesẽtɔ gbɔ tso adoŋgo gbɔ.” Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu awɔ robot be wòasrɔ̃ ŋutete si le adoŋgo si wòtea ŋu kpɔa mɔ dzea sii la atsɔ atsa le xɔ siwo gbã la me.

Nu kae nèsusu? Ðe ŋutete si le adoŋgo si wòtea ŋu kpɔa mɔ dzea sii la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?

Ènyaa?

Adoŋgowo alo mlimímlimíwo nana anyigba me bɔbɔna, nunyiame gena ɖe eme, wokaka nukuwo ɖe teƒeteƒewo, eye woɖea tagbatsutsuwo ƒe agbɔsɔsɔ dzi kpɔtɔna.