NYƆ! May 2013 | Kpɔ Ðokuiwò Ta Tso Nu Vlo Wɔlawo Si Me!

Ame geɖewo bua nu vlo wɔwɔ be enye kuxi gãtɔ si yewodze ŋgɔ. Xlẽ nu tso ale si nàkpɔ ɖokuiwò ta tso nu vlo wɔlawo si me.

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Nyatiawo dometɔ aɖewoe nye: Dedienɔnɔgbɔkpɔlawo xɔ tu le yameʋuɖolawo si, Norway na ɖekawɔwɔ kplikplikpli si le Sɔlemeha kple Dukɔa dome la dzi ɖe kpɔtɔ, kple nuɖuɖu ƒe veve le India.

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU

Ale Si Nàhe Viwò Ƒewuivi

Nu si amehehe fiae nye be woafia nu ame. Biblia me mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàfia viwò ƒewuivia be wòaɖo to tsɔ wu be wòadze aglã.

NYATI SI LE AKPAA DZI

Kpɔ Ðokuiwò Ta Tso Nu Vlo Wɔlawo Si Me!

Aleke nàwɔ akpɔ wò ŋutɔ kple wò ame veviwo ta?

INTERVIEW

Yuda-nyɔnu Aɖe Ðe Nu Si Tae Wògbugbɔ Ŋku Lé Ðe Eƒe Dzixɔsewo Ŋu Me

Nu kawoe na Racquel Hall ka ɖe edzi be Yesue nye Mesia si wònɔ mɔ kpɔm na vevie la?

ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Kores Gãtɔ

Ame kae nye Kores, eye nyagblɔɖi ɖedzesi kae wogblɔ ɖi anɔ abe ƒe 150 ene do ŋgɔ na edzidzi?

NU SI BIBLIA GBLƆ

Mawu Ƒe Nɔnɔme

Ame ŋutɔŋutɔe Mawu nyea alo ŋusẽ aɖe si si amenyenye mele o ye wònye? Aleke wowɔ amegbetɔwo ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nue?

WAS IT DESIGNED?

Ɣletivi Ƒe Ŋuti Katã Nye “Ŋku”

Srɔ̃ nu wɔnuku aɖe tso ƒumelã sia si nɔa adzakpowo me la ŋu.

Internet Dzi Nu Bubuwo

Ke Ne Lãmesẽkuxiwo Ðe Kpe Nam Ðe?—Akpa 1

Sɔhɛ ene gblɔ nu siwo kpe ɖe wo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe woƒe kuxiwo nu eye wogakpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm.

Lot Kple Eƒe Ƒomea—Ŋutinyawo Ƒe Nɔnɔmetata

Wɔ dɔdeasi sia ƒe kɔpi ne nàkpɔ nu siwo nàte ŋu asrɔ̃ tso Lot kple eƒe ƒomea ŋu la ɖa.