Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyɔ! Kpe Ðe Nyɔnu Aɖe Ŋu Be Meɖe Fu O

Nyɔ! Kpe Ðe Nyɔnu Aɖe Ŋu Be Meɖe Fu O

Nyɔ! Kpe Ðe Nyɔnu Aɖe Ŋu Be Meɖe Fu O

● Vi etɔ̃ le Mexico nyɔnu si ƒe ŋkɔe nye Anita si, eye wògafɔ fu. * Egblɔ na srɔ̃a be yemegale vi dim o, eye be yeato mɔ sia mɔ dzi aɖe fua. Egblɔ be negbe ɖeko yeawu ye ɖokui! Yehowa Ðasefo aɖe nɔ Biblia srɔ̃m kple Anita ɣemaɣi, gake metsɔ dzo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu o. Egblɔ be: “Ame aɖeke meɖoa nu nam mewɔna o.”

Ðasefo si le nu srɔ̃m kple Anita la ɖe nu si Biblia gblɔ le fuɖeɖe ŋu la me nɛ. Le kpɔɖeŋu me, ena Anita se egɔme be Mawu bua vi nɔdɔmee ƒe agbe be enye nu kɔkɔe. Le blema Israel la, Mawu ƒe Se gblɔ be ne ame aɖe wɔ nuvevi funɔ, eye eya ŋutɔ alo vi si le eƒe dɔ me ku la, woadrɔ̃ ʋɔnui be ewu ame. (2 Mose 21:22, 23) * Gake nya ma meɖo to me na Anita o. Nu si wòɖo la, eɖoe xoxo.

Anita gblɔ be: “Ame aɖe gblɔ nam be ne medo atike aɖe ɖe fua dzi la, fua ŋutɔ age. Eya ta meƒle atikea hebia tso xɔ̃nye aɖe si be wòadoe nam. Edoe nam gake naneke medzɔ o. Meva nya emegbe be esi medi be yeadze nya me o ta la, edo tsi nam ɖe atikea teƒe.”

Gake Anita ɖoe be yeaɖe fua godoo. Eya ta esi fua xɔ ɣleti ene la, eyi ɖakpɔ ɖɔkta aɖe si lɔ̃ be yeaɖe fua nɛ. Gake ŋkeke ade hafi Anita nayi ɖɔktaa gbɔ la, Ðasefoa tsɔ nyati si ƒe tanyae nye: “Vi Nɔdɔmee Ƒe Nuŋlɔɖi,” si dze le May 22, 1980 ƒe yevugbe me Nyɔ! me la ƒe kɔpi nae. Kpɔɖeŋunuŋlɔɖigbalẽ ma me nya mamlɛtɔwoe nye: “Egbee danye wum.” Nya siawo wɔ dɔ ɖe Anita dzi wòfa avi gaƒoƒo geɖe. Egblɔ be: “Nyati sia ʋu ŋku nam mlɔeba.”

Anita dzi nyɔnuvi nyui aɖe si le lãmesẽ me. Egblɔ be: “Meva dze si Yehowa egbea, eye melɔ̃e tso dzi blibo me.” Efiaa Mawu ƒe Nya vianyɔnuvia hã, ale be ne eya hã va tsi la, wòalɔ̃ Yehowa. Via gblɔe wòsɔ be Mawue xɔ ye ɖe agbe, elabena gbã la, eyae na míele agbe, eye evelia, eƒe Nya la me nufiafia si dze le Nyɔ! si wotsɔ na ye dada me lae na meɖe yeƒe fu o.—g10-E 02.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔa.

^ mm. 3 Ale si mawunyakpukpui sia me nyawo dze le gbe gbãtɔ si me woŋlɔ Biblia ɖo me la fia be vidadaa alo via ƒe ku ŋue nyaa ku ɖo.