Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Dzinyelawo Mekana Ðe Dzinye o?

Nu Ka Tae Dzinyelawo Mekana Ðe Dzinye o?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nu Ka Tae Dzinyelawo Mekana Ðe Dzinye o?

“Medi be dzinyelawo naɖe mɔ nam nye ɖeka mado go vie. Menye ɖee medi be madzo ɖe xexea me o. Le kpɔɖeŋu me, danye naɖe mɔ nam maɖasrã tasinye kpɔ ko, eye negasusui be ɖe medi be maʋu le aƒea me o.”—Sarah, 18. *

“Mebiaa dzinyelawo ɣesiaɣi be nu ka tae womekana ɖe dzinye ne medi be mía kple xɔ̃nye aɖewo míado go o hã. Wogblɔna nam zi geɖe be: ‘Míekana ɖe dziwò. Gake míekana ɖe xɔ̃wòwo ya dzi o.’ Nya ma tena ɖe dzinye ŋutɔ!”—Christine, 18.

BE WOAKA ɖe ame dzi le abe kesinɔnu xɔasi aɖe ƒe amesisusu ene. Keke ɖe eŋu sesẽ ŋutɔ, gake edomegbegblẽ ya le bɔbɔe, eye ne esu asiwò fũu hã, ewɔna abe ɖee meɖia kɔ na ame gbeɖe o ene. Ƒe 16 vi, Iliana, gblɔ be: “Ɣesiaɣi si medi be maɖi tsa ayi gbɔme la, dzinyelawo biaa nya gbogbo aɖewom tso afi si medi be mayi, mía kple ame siwo le teƒea yi ge, nu si wɔ ge mala, kple ɣeyiɣi si magbɔ va aƒe me, ŋu. Menya be woawoe dzim ya, gake dzi kuam ne wobia nya mawo tɔgbim!”

Ðe wòwɔna na wò ɣeaɖewoɣi be ele be dziwòlawo naka ɖe dziwò geɖe wua? Ne nenemae la, nu kae nàte ŋu awɔ? Gbãa, na míakpɔ nu si tae kakaɖeamedzi ƒe nya sia nana be dzila geɖewo kple wo vi ƒewuiviwo mesea nu gɔme na wo nɔewo o la ɖa.

Etena Ðe Ame Dzi Ŋutɔ

Biblia gblɔ be “ŋutsu [ava gblẽ] fofoa kple dadaa ɖi.” (1 Mose 2:24) Nenema kee wòle le nyɔnu hã gome. Èɖanye ŋutsuvi alo nyɔnuvi o, taɖodzinu vevi aɖe si le wò ƒewuimenɔɣi ŋue nye be wòadzra wò ɖo nàva zu ame tsitsi—le esi me nàsu te nyuie hena dzodzo le dziwòlawo gbɔ eye ɖewohĩ nàva ɖo wò ŋutɔ wò ƒome anyi.

Ke hã, dodo le sɔhɛnyenye me ahazu ame tsitsi mele ko abe ʋɔʋuʋu age ɖe xɔ aɖe me, ne woxɔ ƒe aɖe, ene o. Ke boŋ, ele abe atrakpui si nànɔ lialiam ɖekaɖeka le wò sɔhɛmenɔɣi katã ene. Anɔ eme godoo be mia kple dziwòlawo ƒe nukpɔsusu ato vovo le afi si gbegbe nèlia atrakpui ma va ɖo la gome. Maria, si se le eɖokui me be ye dzilawo mekana ɖe ye dzi le ye xɔlɔ̃wo tiatia me o la, gblɔ be: “Togbɔ be mexɔ ƒe 20 hã, dzinyelawo mekana ɖe dzinye kura o. Dzinyelawo susuna be ne mege ɖe nɔnɔme sesẽ aɖe me la, dzi manɔ ƒonye be mawɔ nyametsotso nyuitɔ o. Medze agbagba ɖe nu me na wo be mete ŋu wɔ nyametsotso nyuiwo le nɔnɔme sesẽwo me va yi, gake gbeɖegbeɖea koe!”

Abe ale si Maria ƒe nyawo ɖee fia ene la, sɔhɛwo kple wo dzilawo ƒe nugɔmemasemase na wo nɔewo le kakaɖeamedzi ƒe nya sia me ate ŋu ana nu nate ɖe wo katã dzi vevie. Ðe nu sia le dzɔdzɔm le mía kple dziwòlawo domea? Ne nenemae la, nu kae nàwɔ be dziwòlawo naka ɖe dziwò geɖe wu? Eye ne wò ŋutɔ wò vodadae wɔe be dziwòlawo megakana ɖe dziwò o la, aleke nàwɔ aɖɔ nɔnɔmea ɖo?

Ðee Fia Be Yenye Ame Si Dzi Woate Ŋu Aka Ðo

Apostolo Paulo ŋlɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be: “Miyi edzi mianɔ ame siwo mia ŋutɔwo mienye la dom kpɔ.” (2 Korintotɔwo 13:5) Enye nyateƒe be menye ƒewuiviwo koŋue wònɔ nyaa gblɔm na ya o. Ke hã, gɔmeɖose sia ate ŋu aɖe vi na wo. Ale si gbegbe wò ŋutɔ nèɖenɛ fiana be yenye ame si dzi woate ŋu aka ɖoe ɖena ale si gbegbe amewo ate ŋu aka ɖe dziwò la fiana. Esia mefia be ele be nàzu ame deblibo o. Nya lae nye be, ame sia ame wɔa vodada. (Nyagblɔla 7:20) Ke hã, ne wolé ŋku ɖe ale si nènɔa agbee ŋu la, ɖe woakpɔe be dziwòlawo tɔ dzɔ be womekana ɖe dziwò oa?

Le kpɔɖeŋu me, Paulo ŋlɔ bena: “Míedina be míawɔ nu le anukwareɖiɖi me le nuwo katã me.” (Hebritɔwo 13:18) Bia ɖokuiwò be, ‘Aleke gbegbee meɖia anukware na dzinyelawo le afi siwo meyina kple nu siwo mewɔna gbɔgblɔ na wo me?’ Kpɔ nya siwo sɔhɛ aɖewo siwo wònɔ na be woagbugbɔ alé ŋku ɖe woƒe agbenɔnɔ ŋu nyuie la gblɔ le nya sia ŋu ɖa.

Lori: “Menɔ e-mail ɖom ɖe ŋutsuvi aɖe si ƒe nu lé dzi nam la le adzame. Dzinyelawo va nya eye wogblɔ nam be madzudzɔ. Melɔ̃ na wo, gake nyemedzudzɔ o. Menɔ nu sia wɔwɔ dzi hena ƒe ɖeka. Meɖoa e-mail ɖe ŋutsuvia, dzinyelawo nyana, meɖea kuku hegblɔna be nyemagawɔe o, gake megawɔnɛ ake. Esia va wɔe be dzinyelawo megate ŋu va kana ɖe dzinye le naneke me o!”

Èsusu be nu ka tae Lori dzilawo megava kana ɖe eyama dzi o, eye aleke nèbu be ele be Lori nawɔ nu le esi dzilaawo ƒo nu nɛ tso kuxia ŋu zi gbãtɔ megbe bene woaka ɖe eyama dzi? Ŋlɔ wò ŋuɖoɖoa ɖe ete.

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Beverly: “Dzinyelawo mekana ɖe dzinye le nye hadede kple ŋutsuviwo me o, gake fifia mese nu si tae gɔme. Menɔ ahiãmo ɖom na wo dometɔ eve aɖewo siwo tsi wum ƒe eve. Meɖoa dze kpli wo le telefon dzi hena gaƒoƒo geɖe, eye ne míeyi modzakaɖeƒewo la, nyemegaɖoa dze kple ame bubu aɖeke tsɔ wu woawo o. Dzinyelawo xɔ nye telefon le asinye hena ɣleti ɖeka, eye womeɖea mɔ nam be mayi teƒe siwo ŋutsuvi siawo anɔ o.”

Èsusu be nu ka tae Beverly dzilawo megava kana ɖe eyama dzi va de asi na ɣeyiɣi aɖe o, eye nu kae wònɔ nɛ be wòawɔ atsɔ aɖɔ nɔnɔmea ɖo?

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Annette: “Esime menɔ kɔledzi dem la, mía kple xɔ̃nye aɖe míetsɔ biya atukpa ɖekaɖeka tso modzakaɖeƒe aɖe gbɔ va aƒe me—togbɔ be míenyae be madzɔ dzi na mía dzilawo o hã—kple susu be míava noe emegbe atsɔ ado dzidzɔ na mía ɖokuiwo ko. Xɔ̃nyea dada va kpɔ eƒe biyatukpaa. Esia na dzinyelawo va nya be nye hã metsɔ ɖe gbɔ va aƒe me. Nu si ɖe fu nam wu le nyaa mee nye ale si gbegbe nye nuwɔnaa te ɖe danye dzii!”

Ne nɔviwò nyɔnu sue ye Annette nye la, aɖaŋu kae nàɖo nɛ bene mia dada nagava ka ɖe edzi?

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Nana Be Woagaka Ðe Dziwò

Gake nenye be wò ŋutɔ wò vodadae wɔe be dziwòlawo megava kana ɖe dziwò o, abe ale si wònɔ le sɔhɛ siwo ŋu míeƒo nu tso va yi gome ene ɖe? Ne edzɔ alea hã la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be àte ŋu aɖɔ nɔnɔmea ɖo. Ke aleke nàwɔ esiae?

Ne èyi edzi le nu wɔm le mɔ si ana woaka ɖe dziwò nu la, dziwòlawo agava ka ɖe dziwò geɖe wu godoo. Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be ame aɖe nyi fe le gadzraɖoƒe aɖe si. Ne exea fea edziedzi la, ana gadzraɖoƒea nava ka ɖe eyama dzi eye woate ŋu ava do ga geɖe wu nɛ le etsɔ me gɔ̃ hã. Nenema ke ko wòle le dzilawo kple wo viwo dome. Ne èɖia anukware ɣesiaɣi—le nu suewo gɔ̃ hã me—la, dziwòlawo ava ka ɖe dziwò geɖe wu le etsɔ me godoo.

Annette va kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye dze sii. Egblɔ be: “Ne mètsi tututu o la, mànya ale si gbegbe wòle vevie be yeana woaka ɖe ye dzii o. Fifia la, mekpɔe be ehiã vevie be mawɔ nu le mɔ si ana dzinyelawo naka ɖe dzinye nu.” Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso esia me? Le esi nànɔ dziku dom be ye dzilawo mekana ɖe ye dzi o teƒe la, wò ŋutɔ dze agbagba nànɔ nu siwo ana woaka ɖe dziwò la wɔm.

Le kpɔɖeŋu me, ɖe woate ŋu aka ɖe dziwò le nɔnɔme vovovo siwo gbɔna la mea? Ne èkpɔe be ehiã be yeawɔ asitɔtrɔ le ale si nèwɔa nui le nɔnɔme siawo dometɔ aɖe me ŋu la, ke wɔ dzesi ɖe aɖakavi si le ŋu la me.

□ Gbɔgbɔ va aƒe me ɖe game dzi

□ Nuwɔwɔ ɖe game dzi pɛpɛpɛ

□ Aƒemedɔwo wɔwɔ ahawu wo nu

□ Nana be nye xɔdɔme nanɔ dzadzɛ

□ Telefonzazã le mɔ nyuitɔ nu

□ Nye ŋugbedodowo dzi wɔwɔ

□ Gazazã nyuie

□ Fɔfɔ le aba dzi kaba

□ Nyateƒetoto

□ Lɔlɔ̃ ɖe nye vodadawo dzi ahaɖe kuku

□ Bubuwo ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Ðe manyo be nàɖoe kplikpaa awɔ nu atsɔ aɖee afia be woate ŋu aka ɖe ye dzi le go siwo me nèkpɔ be ele be yeawɔ asitɔtrɔ le oa? Wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna dzi: “[Miɖe] amenyenye xoxo, si wɔa nu ɖe agbenɔnɔ si nɔ mia si tsã nu, . . . la ɖa.” (Efesotɔwo 4:22) “Mina miaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃.” (Yakobo 5:12) “Mia dome ame sia ame neto nyateƒe na ehavi.” (Efesotɔwo 4:25) “Miɖo to mia dzilawo le nu sia nu me.” (Kolosetɔwo 3:20) Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, wò ŋgɔgbedede ava dze ƒãa na amewo katã, na dziwòlawo hã.—1 Timoteo 4:15.

Gake ne èse le ɖokuiwò me be togbɔ be yele agbagba dzem vevie hã ye dzilawo mekana ɖe ye dzi ale si dze o ɖe? Ðe manyo be nàdzro nyaa me kpli wo oa? Le esi nàhe nya ɖe wo ŋu be ele be woaka ɖe ye dzi geɖe wu teƒe la, bia wo bubutɔe be nu kawoe wokpɔ be ehiã be yeawɔ bene woate ŋu aka ɖe ye dzi geɖe wu hã. Ðe nu siwo nèɖo be yeawɔ bene woate ŋu aka ɖe dziwò la me na wo nyuie.

Megakpɔ mɔ be dziwòlawo aka ɖe dziwò keŋkeŋ enumake o. Ðikeke mele eme o be woadi godoo be yewoakpɔe ɖa be àwɔ ɖe wò ŋugbedodowo dzi hã. Wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ nàtsɔ aɖee afia be woate ŋu aka ɖe ye dzi. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, anɔ eme be dziwòlawo ava ka ɖe dziwò geɖe wu. Nenemae wòdzɔ le Beverly si ŋu míeƒo nu tso va yi la gome. Egblɔ be: “Ebia agbagbadzedze geɖe ŋutɔ be nàna woaka ɖe dziwò, gake nu sue aɖe koe awɔe be amewo magava ka ɖe dziwò o.” Egblɔ kpee be: “Mena dzinyelawo va le kakam ɖe dzinye fifia, esia na mevo le ɖokuinye me ŋutɔ!”—g08 04-E.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Nu ka tae wòate ŋu adzɔ be dziwòlawo nanɔ hehem ɖe megbe be yewoaka ɖe dziwò geɖe wu ne èdzea agbagba wɔa nu le mɔ siwo ana woaka ɖe dziwò nu gɔ̃ hã?

▪ Ne èdi be dziwòlawo naka ɖe dziwò geɖe wu la, nu ka tae wòle vevie be mía kpli wo míaɖo dze tso nya sia ŋu?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Ðoe kplikpaa be nàwɔ nu le mɔ siwo ana woaka ɖe dziwò nu

[Diagram]

Dodo le sɔhɛnyenye me ahazu ame tsitsi si dzi woaka ɖo le abe atrakpui si nànɔ lialiam ɖekaɖeka le wò sɔhɛmenɔɣi katã ene

[Diagram]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

AME TSITSI ZUZU

SƆHƐMENƆƔI

ÐEVIMENƆƔI