Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo Ðo Xaxa Me

Sɔhɛwo Ðo Xaxa Me

Sɔhɛwo Ðo Xaxa Me

▪ Le United States la, ƒe 15-vi aɖe da tu le sukuxɔ me wu eƒe sukuxɔmevi 2 hede abi 13 ŋu.

▪ Le Russia la, ƒewuiviwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe siwo mu aha la wu nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe asieke la tagbɔsesẽtɔe heƒo fofoa kple etɔɖia ƒe viŋutsu.

▪ Le Britain la, ƒe 17-vi aɖe ƒo ƒewuivi aɖe si wòtsi wu hetɔ hɛ wòku. Egblɔ na kpovitɔwo be: “Nyemeɖoe be mawui hafi o; gake esi mekpɔ be ʋu nɔ dodom le eŋu la, ɖeko meyi edzi wɔe.”

NUDZƆDZƆ tsodzikaƒoname siawo bɔ le afisiafi. Míate ŋu agblɔ ko be wonye nusiwo ƒã hafi wodzɔna o. Agbalẽ si nye Professional School Counseling gblɔ be: “Sɔhɛwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ nye kuxi gã aɖe le mía dome egbea.” Akɔntabubuwo ɖo kpe nya sia dzi.

United States Dukɔa ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Agbalẽsrɔ̃nyawo Ŋuti Kɔntabubuwo Gbɔ gblɔ be togbɔ be ŋutasesẽ siwo yia edzi le suku ŋuti kɔntabubuwo dzi ɖe kpɔtɔ vie le dukɔ ma me hã la, “wowɔ ŋutasẽnu siwo me amewuwu alo fififi mele o ɖe sukuvi siwo xɔ tso ƒe 12 vaseɖe 18 siwo ade abe miliɔn 2 ene ŋu le suku le ƒe 2001 me.” Anyrawɔwɔ le suku ŋuti nyatakakawo hã le dzidzim ɖe edzi.

Gake menye hati sukuviwo ɖeɖeko ŋue sɔhɛwo sẽa ŋuta lena le United States o. Nyatakaka ma ke gblɔ be: “Le ƒe 5 siwo va yi tso 1997 vaseɖe 2001 me la, wowɔ ŋutasẽnu siwo ade 1,300,000 kloe ɖe nufialawo ŋu togbɔ be womewu wo o hã; ŋutasẽnu siawo dometɔ 817,000 nye fififi; eye wo dometɔ 473,000 nye amedzidzedze ŋutasesẽtɔe.” Gakpe ɖe eŋu la, “nufiala siwo katã le gɔmedzesukuwo kple sekɛndrisukuwo dometɔ 9 le alafa me nye esiwo sukuvi aɖe do ŋɔdzi na kpɔ be yeawɔ nuvevii, eye wo dometɔ 4 le alafa me nye esiwo dzi sukuvi aɖe dze kpɔ.”

Aleke nɔnɔmea le le dukɔ bubuwo ya me? Nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe habɔbɔ aɖe gblɔ be: “Wolé sɔhɛ dzeaglã 69,780 le China le ƒe 2003 me, esia nye dzidziɖedzi 12.7 le alafa me wu ƒe 2002 me tɔ.” Nyatakaka la gblɔ be “gbevuhawo ƒe nuvlowɔwɔwo dometɔ 70 le alafa me tso sɔhɛ dzeaglãwo gbɔ.” Nyatakaka aɖe si tso Japan le 2003 me hã gblɔ nya sia tɔgbe be sɔhɛwoe wɔ hlɔ̃nu siwo wowɔ le ƒe ewo siwo va yi me la ƒe afã.

Atikevɔ̃ɖiwo​—Wogblẽa Nu le Sɔhɛwo ƒe Ŋutilã Ŋu

Kpeɖodzi bubu si fia be kuxi aɖe li ye nye alesi sɔhɛwo le wo ŋutɔwo woƒe ŋutila gblẽmee. Le kpɔɖeŋu me, le United States la, titinasuku ƒe klass evelia me viwo ƒe gbekui kple cocaine nono va “dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve le ƒe 1991 kple 1994 domedome, eye le mama dedie nu la, kaka woaxɔ abe ƒe 14 ene ko la, wosrɔ̃a gbekui nono.”

United States Dukɔa ƒe Atikezazã Ðe Mɔ Gbegblẽ Nu Ŋuti Numekuƒea gblɔ be ƒewuivi siwo le dukɔ ma me ƒe afã tea gbekui nono kpɔ hafi wua sekɛndrisuku nu. Nyatakaka la gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Aha muame zazã gakpɔtɔ bɔ ɖe sɔhɛwo dome ale gbegbe. Ne woma sukuviwo ɖe akpa atɔ̃ la, ene kloe (si nye ame 77 le alafa me) noa aha muame edziedzi (menye eƒe vi aɖe nono ko o) kaka woawu sekɛndrisuku nu; eye woƒe afã kloe (si nye ame 46 le alafa me) noa aha edziedzi ne wonya ɖo titinasuku ƒe klass evelia ko.”

Tsatsa le Ðekakpui alo Ðetugbi Geɖe Dzi

Le ɣeyiɣi siawo si me AIDS bɔ me la, ɖikeke aɖeke mele eme o be tsatsa le ŋutsuwo alo nyɔnuwo dzi nye nusi me afɔku le. Ke hã, sɔhɛwo le gbɔdɔdɔ bum abe fefe si mewɔa nuvevi aɖeke ame o ene. Le kpɔɖeŋu me, ne Amerika sɔhɛ aɖe dɔ kple ŋutsu alo nyɔnu aɖe kpɔ zi ɖeka la, ayemenya aɖe li wògblɔna adegbeƒoƒotɔe ko amesiame sea egɔme. Ne wodɔna kple ame ɖeka aɖe edziedzi femaxee la, eya hã ayemenya aɖe li wogblɔna ko amesiame sea egɔme.

Agbalẽŋlɔla Scott Walter ƒo nu tso dugã me sɔhɛwo ƒe kplɔ̃ɖoɖo siwo gbɔa eme ne wo dzilawo yi dɔ me ŋu. Le kplɔ̃ɖoɖo mawo dometɔ ɖeka me la, nyɔnuvi dzaa aɖe gblɔ be “yele dɔdɔ ge kple ŋutsuvi siwo katã va afima hafi yewoakpã. . . . Ðevi siwo xɔ ƒe 12 pɛ ko hã kpɔ gome le kplɔ̃ɖoɖoa me.”

Ðe wòwɔ moyaa na wòa? Mewɔ nuku na amesiwo srɔ̃a nu tso ƒewuiviwo ƒe gbɔdɔnyawo ŋu ya o. Ðɔkta Andrea Pennington ŋlɔ be: “Míeva kpɔe le ƒe 20 siwo va yi me be ƒewuiviwo megale tsitsim kura hafi le wo ɖokui ƒom ɖe gbɔdɔdɔ me o. Meganye nu wɔmoyaa be nàkpɔ ŋutsuvi kple nyɔnuvi siwo xɔ 12 ko la nate wo nɔewo gbɔ dɔdɔ o.”

Esi gate ɖe ame dzi wue nye nyatakaka aɖe si nyadzɔdzɔgbalẽ si nye USA Today gblɔ be: “Ðevi siwo ɖo woƒe ƒewuiwo me teti le dukɔa me dometɔ geɖe siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la, . . . va le gome kpɔm le gbɔdɔdɔnuwɔna si me woƒoa vidzinuwo ɖe nu me na ame alo gbugbɔnɛ me. . . . Ðeviwo xɔe se be ‘menye gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔe nusia nye o.’” Le numekuku aɖe si wowɔ le nyɔnuvi 10,000 ŋu la, wo dometɔ “blanyi le alafa me gblɔ be ɖetugbui leaƒee yewonye, evɔ wo dometɔ 25 le alafa kpɔ gome le gbɔdɔdɔnuwɔna si me woƒoa vidzinuwo ɖe nu me na ame alo gbugbɔnɛ me kpɔ. Eye wo dometɔ 27 le alafa me gblɔ be ‘enye nusi nàwɔ kple ŋutsuvi aɖe atsɔ afe ko.’”

Gbɔdɔdɔ ŋuti nukpɔsusu sia le kakam ɖe afisiafi. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Agbalẽsɔsrɔ̃, Dzɔdzɔmeŋutinunya, Kple Dekɔnuwo ƒe Nyawo Gbɔkpɔha (UNESCO) gblɔ be: “Afɔku va li be Asia sɔhɛwo axɔ HIV dɔlélea kabakaba to gbɔdɔdɔ me esi wònye wo dometɔ geɖe mele tsitsim hafi le wo ɖokui ƒom ɖe gbɔdɔdɔ me o ta.” Egblɔ kpee be: “Sɔhɛwo megale wo dzila ‘Asiatɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ dzidzenuwo’ bum ɖe naneke me kura o, elabena wokpɔa gome le gbɔdɔdɔ me hafi va ɖea srɔ̃, eye zi geɖe la, wodɔna kple ame geɖe.”

Ðe kpeɖodzi bubuwo gali si fia be sɔhɛwo ɖo xaxa mea? Canadatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Women’s Health Weekly ka nya ta be: “Nyɔnuvi siwo xɔ tso ƒe 16 vaseɖe 19 dometɔ 25 le alafa me alé blanui vevie.” Ke hã, blanuiléle nye dɔléle si ɖea fu na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Le U.S.News & World Report, ƒe nya nu la, sɔhɛ akpe atɔ̃ ya teti wua wo ɖokui ƒe sia ƒe le dukɔ ma me. Nyatakakaa gblɔ be le susu aɖewo ta la, “ŋutsuvi siwo wua wo ɖokui la ƒe xexlẽme wu nyɔnuviwo tɔ zi gbɔ zi ade.”

Ðikeke mele eme o be sɔhɛ siwo li egbea ɖo xaxa me ŋutɔ. Nuka gbɔe kuxi sia tso?—g05 4/8.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

STR/AFP/Getty Images