Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛ Siwo Ƒoa Nu tso Woƒe Xɔse ŋu Vɔvɔ̃manɔmee

Sɔhɛ Siwo Ƒoa Nu tso Woƒe Xɔse ŋu Vɔvɔ̃manɔmee

Sɔhɛ Siwo Ƒoa Nu tso Woƒe Xɔse ŋu Vɔvɔ̃manɔmee

SƆHƐ geɖe le Yehowa Ðasefowo dome. Wolɔ̃ Mawu eye wodzea agbagba be yewoanɔ agbe ɖe eƒe dzidzenu siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la nu. Sɔhɛ siawo ƒe xɔse nyea dada na wo, eye wolɔ̃na faa ƒoa nu tso eŋu na amewo le suku. Se eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ɖa.

▪ Esime Holly nɔ klass ade la, woɖo dɔ na wo kple eƒe klass me tɔwo be woaŋlɔ nu tso nyabiabia si nye “Aleke míawɔ atsi ŋɔdzinuwɔwɔ kuxi nu ŋutasesẽnu mawɔmawɔe?” ŋu. Holly zã mɔnukpɔkpɔ sia tsɔ ƒo nu tso eƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ si wòtu ɖe Biblia dzi ŋu. Eɖe nu me be le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me la, “amegbetɔ [ɖu] fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Eye eyi edzi ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea—ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia—ŋu. Eŋlɔ be: “Esi wònye Yesue nye amesi woɖo Fiaɖuƒe ma ƒe Fiae ta la, aɖe kuxiwo katã si me ŋɔdzinuwɔwɔ hã le ɖa.” Holly ɖe nu me yi ŋgɔe gblɔ alesi Yesu awɔ nusiwo amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ o. Eŋlɔ be: “Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe dziɖula si ƒomevi wòava nye la fia. Elɔ̃ ame eye wòtsɔ ɖe le eme na amewo. Eɖe ŋusẽ si le esi fia esi wòda dɔlélewo eye wòfɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu afɔ ame kuku ɖe tsitre o. Gake Mawu ƒe Fiaɖuƒea ya afɔ wo ɖe tsitre.” Holly gblɔ tsɔ ƒo eƒe nuŋɔŋlɔa ta be “Mawu koe ate ŋu aɖe kuxi sia ɖa, menye amewoe o.”

Eƒe nufiala ŋlɔ ɖe eƒe nuŋɔŋlɔa te be: “Enyo ta! Holly, wò dɔa wɔ dɔ ɖe ame dzi lo. Eye èbu nuwo ŋu nyuie hã.” Mawunyakpukpui siwo Holly yɔ hã wɔ dɔ ɖe eƒe nufialaa dzi ale gbegbe. Esia na mɔnukpɔkpɔ Holly wòƒo nu na eƒe nufiala tso Teokrasi Subɔsubɔ Suku, si nye kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe nuƒoƒo kple nufiafia ɖoɖo si Yehowa Ðasefowo wɔna la ŋu. Edzɔ dzi na eƒe nufiala be yeaxɔ nusrɔ̃gbalẽ si wozãna le Subɔsubɔ Sukua me.

Jessica hã te ŋu ƒo nu tso eƒe xɔse ŋu le eƒe nuŋɔŋlɔ dɔdasiwo me. Egblɔ be: “Mete ŋu ŋlɔ nuŋɔŋlɔ dɔdasi etɔ̃ le nye dzixɔsewo ŋu. Ðeka ku ɖe Yehowa Ðasefowo kple woƒe subɔsubɔ gomenɔamesiwo ŋu. Míaƒe nufiala tsɔe da ɖe míaƒe suku ƒe agbalẽdzraɖoƒe ale be amesiwo lɔ̃ la naxlẽ. Nyitsɔ laa meŋlɔ nu tso nye nyɔnyrɔxɔxɔ kple alesi gbegbe gbemagbe nye ŋkeke vevi nam la ŋu le dɔdasi aɖe me. Sukuviawo tsɔa dɔdasi siwo woŋlɔ la tsanɛ le wo nɔewo dome gbã hafi gagbugbɔ trɔa asi le wo ŋu ŋlɔna, eyata mɔnukpɔkpɔ su nye klass me tɔwo si be woxlẽ tɔnye. Nyɔnuvi aɖe gblɔ le eŋu be: ‘Èdze agbagba lo. Enyo be nànya dɔdasi siwo kpena ɖe Yehowa Ðasefo nyenye ŋu. Dɔnɔdɔnɔ na wò ɖe nyɔnyrɔxɔxɔa ta!’ Nyɔnuvi bubu gblɔ be: ‘Wò ŋutinya la wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ! Edzɔ dzi nam be xɔse sesẽ le asiwò nenema!’ Ŋutsuvi aɖe gblɔ ko be: ‘Susu le asiwò ŋutɔ. Míele dzidzɔ kpɔm kpli wò.’”

▪ Esime Melissa xɔ ƒe 11 la, mɔnukpɔkpɔ su esi be wòaƒo nu dzideƒotɔe tso eƒe xɔse ŋu. Egblɔ be: “Sukua ƒe dɔnɔdzikpɔla va le míaƒe dzɔdzɔmeŋutinunya srɔ̃ɣi be yeaƒo nu na mí tso míaƒe ŋutilã ƒe dɔlélenutsiŋutete ŋu. Ʋudodo ƒe nya va ge ɖe eme. Esi míekpa la, megblɔ na míaƒe dzɔdzɔmeŋutinunyafiala la be míaƒe videowo dometɔ ɖeka ƒo nu tso ʋu ŋu. Metsɔe va sukui eƒe ŋufɔke eye míaƒe nufiala xɔe tsɔ yi aƒeme wo kple eƒe ƒomea va kpɔ. Eƒe ŋufɔke la, etsɔ videoa va suku eye wòɖee na míaƒe klass kple klass bubu. Eƒo nu nyui tso Yehowa Ðasefowo ŋu, eye wògblɔ be ne menye míawo tae o la, asesẽ ŋutɔ hafi nàkpɔ atike bubu siwo wowɔna na ame ɖe ʋu teƒe. Esi wògbugbɔ videoa vɛ nam la, ebiam se be, ‘Aleke mawɔ akpɔ ɖe atsɔ ada ɖe sukua ƒe agbalẽdzraɖoƒe?’ Mena ɖekae. Edzɔ dzi nɛ ŋutɔ, eye edzɔ dzi na nye ŋutɔ hã ale gbegbe!”

Holly, Jessica, kple Melissa nye Yehowa Ðasefo sɔhɛ gbogbo siwo wɔna ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be woaɖo ŋku wo Wɔla dzi la dzi dometɔ ʋɛ aɖewo ko. (Nyagblɔla 12:1) Wò hã èwɔna ɖe nuxlɔ̃ame ma dzia? Ne èwɔnɛ la, ekema nyae be yenaa Yehowa ƒe dzi kpɔa dzidzɔ.—Lododowo 27:11; Hebritɔwo 6:10.

Ne mi sɔhɛwo mieƒo nu tso miaƒe xɔse ŋu na mia tɔ sukuviwo kple nufialawo la, eɖia ɖase nyui aɖe le Yehowa Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. Edoa ŋusẽ miaƒe xɔse hã, eye enaa wònyea dada na mi be mɔnukpɔkpɔ su yewo si be woabu yewo ɖe Mawu ƒe subɔlawo dome. (Yeremya 9:23) Ðaseɖiɖi le suku nyea takpɔkpɔ na ame hã. Ale Jessica gblɔ le eŋui nye si: “Nuƒoƒo dzideƒotɔe tso nye dzixɔsewo ŋu ƒe viɖewo dometɔ ɖekae nye be sukuviwo megaƒonɛ ɖe nunye be mawɔ nusiwo mesɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu o.”—g04 9/8.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Holly

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28, 29]

Jessica

[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Melissa