Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yame Ƒe Nɔnɔme Ðe Nane Gblẽ le Eŋua?

Yame Ƒe Nɔnɔme Ðe Nane Gblẽ le Eŋua?

Yame Ƒe Nɔnɔme​—Ðe Nane Gblẽ le Eŋua?

“NE Eŋlisitɔ eve do go la, yame ƒe nɔnɔme ŋue woɖoa dze le gbã.” Nenemae agbalẽŋlɔla xɔŋkɔ Samuel Johnson gblɔ fefetɔe. Gake le ƒe siawo me la, yame ƒe nɔnɔme ŋu nyawo zu nya siwo kpe wu dzeɖoɖo gɔmedzedze. Eŋu nyawo va zu taɖui na amewo le xexeame godoo. Nukatae? Elabena togbɔ be alesi yame ƒe nɔnɔme ava trɔe menɔa nyanya na amewo o tso ɣeaɖeɣi ke hã la—edze abe fifia ya evaglo ene.

Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2002 ƒe dzomeŋɔli la, tsi gã siwo teƒe womekpɔ kpɔ le Europa o lae dza. Le nyateƒe me la, wohe nusi amewo yɔ be “titina Europa-dukɔwo me tsiɖɔɖɔ gãtɔ kekeake le ƒe blatɔ̃ kple edzivɔ siwo va yi me” la vɛ. Se nyatakaka siwo gbɔna ɖa:

AUSTRIA: “Tsidzadza gãwo gblẽ nu le nuto siwo nye Salzburg, Carinthia, kple Tirol ŋu vevie. Tsi kplɔ ba kɔ ɖe lɔrimɔwo dzi wòkɔkɔ ɖo meta 15. Le Vienna ƒe ketekedzeƒe si le Südbahnhof la, tsidzadza gã aɖe na keteke aɖe dze afɔku eye ame geɖe xɔ abi.”

CZECH REPUBLIC: “Nusi teƒe amesiwo le Prague kpɔ la dzi ŋɔ ale gbegbe. Gake esi dzɔ le eƒe golɔgoewo vloe wu. Ame 200,000 sɔŋ ye tsidzadza wɔ aƒemanɔsitɔwoe. Du blibowo bu ɖe tsi gɔme vĩ.”

FRANCE: “Ame 23 ku, 9 bu, eye nu gblẽ le akpe geɖewo ŋu vevie . . . Dzi ɖe gbe ɖe ame etɔ̃ dzi woku le tsi gã si dza le Dzoɖagbea me. . . . Dzotsila aɖe si yi ɖaɖe atsu kple asi aɖe, si tsia ɖe kple woƒe ʋu, la ŋutɔ tsi eme.”

GERMANY: “Medzɔ kpɔ le Germany ƒe ŋutinya me be tsidzadza na woɖe amewo le du kple kɔƒewo me abe alesi wòdzɔe fifia le ‘tsiɖɔɖɔ gãtɔ kekeake le ƒe alafa ɖeka si va yi me la me ene o.’ Ame akpe nanewo si le wo deduwo me. Ame akpa gãtɔ si dzo hafi tsia va dza. Tɔdziʋu alo helikɔpta ye wotsɔ ɖe ame aɖewoe mlɔeba.”

ROMANIA: “Tso July ƒe domedome la, ame siwo ade 12 ye ku le tsidzadza gãwo me.”

RUSSIA: “Ne mede ɖeke o la, ame 58 ya ku le Ƒu Yibɔa to . . . kple bɔs siwo ade 30 ye tsi atsiaƒua gɔme, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be woate ŋu adi wo o, elabena wona nyanya be tsidzadza gãwo gale mɔdzi gbɔna.”

Menye Europa Ðeɖekoe O

Le August 2002 me la, Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Süddeutsche Zeitung ka nya ta be: “Tsi gã siwo le dzadzam fifia la gblẽ nu le Asia, Europa, kple Anyiehe Amerika ŋu vevie. Ne mede ɖeke o la ame 50 dzie to kple agakpewo ŋe dze woku le Nepal le Kuɖagbe. Ahom sesẽ aɖe tu si me ame enyi ku le le ɣetoɖoƒe China eye tsidzadza gã aɖe kplɔe ɖo le titina China. Tsi si ɖɔ le China la na Mekong-tɔsisia ɖɔ ŋutɔ, si megaɖɔ nenema kpɔ o le ƒe 30 siwo va yi me, heɖe aƒe 100 kple edzivɔ le dzieheɣedzeƒe Thailand. . . . Tsi lé ame atɔ̃ woku le Argentina le tsidzadza gãa megbe. . . . Ame akpe ɖeka kple edzivɔwo ku le tsi gã siwo le dzadzam le dzomeŋɔli siawo me le China la me.”

Esime tsi nɔ nu gblẽm le xexeame ƒe teƒe geɖewo la, ku nɔ ɖiɖim le United States ya vevie. Woka nya ta be: “Amewo tsi dzi vevie le alesi tsi le vɔvɔm le vudowo me eye ɖewo me ƒu kplakplakpla, tɔsisi geɖewo le miemiem si medzɔ kpɔ o, kple le alesi dzobibi le nu gblẽm le ɣeyiɣi sia me la ta. Le alesi agblemenuwo kple lãwo ƒe nuɖuƒewo le tsɔtsrɔ̃mee, tsinono le vɔvɔmee, dzobibi kple ya ʋuduʋuduwo le nu gblẽmee la, eŋunyalawo bu akɔnta be nusi ƒe 2002 me kuɖiɖia agblẽ le ganyawo ŋu aɖo dɔlar biliɔn geɖe.”

Kuɖiɖi le nu gblẽm le dziehe Afrika ƒe teƒe aɖewo tso keke ƒe 1960-awo me ke. Nyatakakawo ɖee fia be “tsidzadza dzi ɖe kpɔtɔ ɖo alafa memama blaeve yi blaene vɔ asieke le ƒe alafa 20 lia ƒe ƒe 50 gbãtɔawo me, si he dɔwuame kple ku vɛ le teƒe geɖe.”

Yame ƒe nɔnɔme si atsiaƒu ƒe dzoxɔxɔ si woyɔna be El Niño—hena vɛ le ɣedzeƒe Pasifik ƒua ƒe dzoxɔxɔ ta—gbɔe tsi si ɖɔna ɣeaɖewoɣi le Dziehe kple Anyiehe Amerika kpakple yame ƒe nɔnɔme madeamedzi bubuwo tsona. * CNN nyadzɔdzɔŋlɔhaa ka nya ta be ƒe 1983/84 El Niño yame ƒe nɔnɔmeae “na ame 1,000 kple edzivɔwo ku, eyae na afɔku siwo yame ƒe nɔnɔme dziŋɔwo hena vɛ dzɔ le anyigbagã ɖesiaɖe kloe dzi, eye nusiwo wògblẽ le amewo ƒe nunɔamesi kple lãhawo ŋu ƒe home aɖo dɔlar biliɔn 10.” Tso esime wode dzesi El Niño sia le ƒe alafa 19 lia me la, edzɔ edziedzi (le ƒe ene ɖesiaɖe lɔƒo megbe). Gake eŋunyala aɖewo xɔe se be “El Niño la dzi eƒe dzɔdzɔ ɖe edzi” eye be le etsɔme la, adzɔ “kabakaba wu.”

Nyati aɖe si United States Dukɔa ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Yameʋuwo ƒe Dɔwɔwɔ Kple Yamenutome Ŋuti Nyawo Gbɔ ta la na kakaɖedzi sia be: “Yame ƒe nɔnɔme ‘manyatalenu’ siwo teƒe míekpɔna la ƒe akpa gãtɔ—abe yame ƒe dzoxɔxɔ madzɔkpɔwo, alo xexeame ƒe fafa si gbɔa eme le vuvɔŋɔli ene—la tso nutowo me ƒe yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ si le dzɔdzɔme nu gbɔ.” Ke hã ɖaseɖiɖiwo li siwo fia be kuxi gãwo ate ŋu anɔ anyi. Nutome ƒe dedienɔnɔ taʋlilawo ƒe habɔbɔ si nye Greenpeace na nyanya be: “Yame ƒe nɔnɔme dziŋɔwo kple ahom sesẽwo kpakple tsidzadza gãwo ayi edzi agblẽ nu le xexeame godoo ŋu. Kuɖiɖi sesẽwo kple tsiɖɔɖɔwo atrɔ Anyigbaa ƒe nɔnɔme, si ana ƒutanyigbawo nabu eye avewo natsrɔ̃.” Ðe kpeɖodzi aɖe le nya siawo ŋua? Ne eli la, ke nuka gbɔe “yame ƒe nɔnɔme dziŋɔwo tso”?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Kpɔ nyati si nye “Nukae Nye El Niño?” si dze le March 22, 2000, Eŋlisigbe me Nyɔ! me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 2, 3]

Tsi si ɖɔ le Germany (etame) kple Czech Republic (miame)