Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wogatrɔ Gbɔ?

Nukatae Wogatrɔ Gbɔ?

Nukatae Wogatrɔ Gbɔ?

ANƆ abe ƒe 40 enye esi va yi ene la, amewo bui be woɖe dɔléle nyanyɛ siwo nudzodzoeviwo hena vɛ abe asrã, ŋudza dzẽ kple ƒunukpeƒeŋudza ene ɖa le xexeame ƒe akpa gãtɔ keŋkeŋ kloe. Gake nu makpɔmɔna aɖe va dzɔ—dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ la gatrɔ gbɔ.

Nuka gbɔe wòtso? Nusiwo tae dometɔ aɖee nye be nudzodzoeviawo dometɔ aɖewo kple dɔlékui siwo nɔa wo ŋu va kpɔ ŋusẽ ale gbegbe be nudzodzoewutike kple atike siwo wotsɔ léa wo nu megawɔa naneke le wo ŋu o. Ŋusẽ si ɖo wo ŋu le dzɔdzɔmenu alea metso nudzodzoewutike zazã fũ ɖeɖeko gbɔ o ke boŋ etso atikewo mazamazã nyuie hã gbɔ. Agbalẽ si nye Mosquito gblɔ be: “Le ƒome dahe geɖewo me la, amewo dia atike si aɖe woƒe vevesese dzi akpɔtɔ vie ko, eye dɔlélea gakpɔtɔ tsia lãme na wo vaseɖe esime wogadzea dɔ ma ke.” Dɔlélea madamada keŋkeŋ alea te ŋu nana dɔlékuiawo gakpɔa ŋusẽ le amea ƒe lãme eye wògadzia dɔlékui yeye siwo dzi atikewo mekpɔa ŋusẽ ɖo o.

Yame ƒe Nɔnɔme si Trɔ

Nu vevi aɖe si na dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ gatrɔ gbɔe nye tɔtrɔ—si va dzɔdzɔmenuwo kple hadomegbenɔnɔ me. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye yame ƒe nɔnɔme si trɔ le xexeame godoo. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo kpɔ mɔ be xexeame ƒe dzoxɔxɔ fifia ana nudzodzoevi siwo ŋu dɔlékuiwo nɔna aʋu ayi nuto siwo fana fifia la me. Kpeɖodzi aɖewo li si fia be esia le dzɔdzɔm fifi laa. Ðk. Paul R. Epstein si le Dɔwɔƒe si Kpɔa Lãmesẽ Kple Xexeame Nutowo ƒe Nyawo Gbɔ, le Harvard Atikesɔsrɔ̃ Suku gblɔ be: “Nudzodzoeviwo kple dɔléle siwo wohena vɛ (asrã, kple ƒunukpeƒeŋudza siaa) va le aƒe xɔm ɖe Afrika, Asia, kple Latin Amerika ƒe tonyigbawo dzi.” Le Costa Rica la, ƒunukpeƒeŋudza kaka ɖe nuto siwo nye tonyigbawo dzi, si na dɔlélea menɔ Pacific-ƒuta o, eye fifia la ekaka ɖe dukɔa katã me.

Ke yame ƒe dzoxɔxɔ gbagbagbã hã ate ŋu awɔ akpa aɖe. Le teƒe aɖewo la, enana tɔsisiwo zua tsiʋewo, eye wòna tsi dzana fũ eye wòhea tsiɖɔɖɔ vaa teƒe bubuwo eye tsi xana ɖi. Le go evea siaa me la, tsi si xa ɖi la nyea teƒe si sɔ na muwo be woaƒo viwo le le agbɔsɔsɔ me. Yame ƒe dzoxɔxɔ gbagbagbã hã nana muwo ƒe viƒoɣiwo nɔna kpuie, eye wònana wosɔa gbɔ kabakaba, eye muwo ƒe anyinɔɣi va didina ɖe edzi. Muwo sɔa gbɔ le dzomeŋɔliwo me ŋutɔ. Dzoxɔxɔ gbagbagbã ɖoa mu ƒe dɔgbowo gɔ̃ hã me eye wònana nugbagbevi siwo hea dɔléle vɛ dzina ɖe edzi, si nana wònɔa bɔbɔe be wòade dɔ lãme na ame le eɖuɖu zi ɖeka pɛ ko me. Gake kuxi bubuwo gali.

Dɔléle Kaka ƒe Kpɔɖeŋu Aɖe

Tɔtrɔ siwo va amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ me hã nye nusi ate ŋu ahe nudzodzoeviwo ƒe dɔlélewo vɛ. Hafi míase eme la, ahiã be míadzro nu me tsitotsito tso akpa si nudzodzoeviwo wɔna ŋu. Le dɔléle geɖewo me la, nudzodzoevi ate ŋu anye mɔ vovovo siwo dzi dɔlélewo tona kakana la dometɔ ɖeka ko. Lã alo xevi aɖe ate ŋu anye dɔléle tsoƒe ne nudzodzoeviwo le eƒe ŋutilã ŋu alo dɔlékuiwo le ʋu me nɛ. Ne ete ŋu tsi agbe esime nusiawo le lã me nɛ la, ekema woawo hã woate ŋu ava zu dɔléle tsoƒe gã aɖe.

Bu Lyme ƒe dɔléle, si wode dzesi le ƒe 1975 me eye wotsɔ ŋkɔ ma nɛ esi wònye Lyme, Connecticut, United States, Amerika ye nye afisi woke ɖe eŋu le zi gbãtɔ ta, ŋu kpɔ. Dɔlékui si hea Lyme dɔléle vɛ anya ɖo Dziehe Amerika ƒe alafa ɖeka enye esi va yi to alegeli alo lãha siwo wode meli tso Europa dzi. Ne axɔ̃ ƒomevi aɖe si woyɔna be Ixodes no lã si me dɔlélea le ƒe ʋu vɔ la, dɔlékuia nɔa axɔ̃ la ƒe dɔme le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Ne axɔ̃a ɖu lã bubu aɖe alo amegbetɔ la, ate ŋu ana dɔlékuia nage ɖe eƒe ʋu me.

Le United States ƒe dzieheɣedzeƒe gome la, Lyme dɔlélea nye dɔvɔ̃—ele afima eteƒe didi. Nusi koŋ ŋue Lyme dɔlélea ƒe dɔlékuiawo nɔna enye afi ƒomevi aɖe si ƒe afɔwo le ɣie. Axɔ̃wo hã ganɔa afiawo ŋu, vevietɔ ne axɔ̃awo le tsitsim. Axɔ̃ siwo tsi hã dina be yewoanɔ sãde ƒe ŋutilã ŋu koŋ, afimae wonɔna ɖua nu heƒoa viwo. Ne axɔ̃nɔ nya no ʋu ɖi ƒo ko la, egena ɖe anyigba hena aziɖɔɖɔ, eye afimae aziawo ƒona le hetsina gava ƒoa vi bubuwo.

Nɔnɔmewo ƒe Tɔtrɔ

Nugbagbevi siwo naa dɔléle nɔ anyi kple lãwo kpakple nudzodzoeviwo hena ƒe geɖe eye womehe dɔléle aɖeke vɛ na amegbetɔwo o. Gake nɔnɔmewo ƒe tɔtrɔ ate ŋu ana dɔléle aɖe si le teƒe aɖe ko nazu dɔvɔ̃ akaka—agblẽ nu le ame geɖewo ŋu le nuto aɖe me. Ekema tɔtrɔ kawoe va le Lyme dɔlélea gome?

Le blema la, lãlénuwo wɔe be axɔ̃ siwo nɔa sãde ŋu mete ŋu ɖoa amegbetɔwo gbɔ tututu o esi woɖua wo ta. Esi Europatɔ gbãtɔ siwo nɔ afima ƒo aveawo hena agbledede la, sãdeawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ eye wo lélawo hã ʋu le afima. Gake le ƒe 1800-awo ƒe domedome la, agbleawo dometɔ geɖe tsi anyi esi agbledela geɖewo ʋu yi ɣedzeƒe gome ta, eye aveawo gagbugbɔ xɔ anyigbaa katã dzi. Sãdeawo trɔ gbɔ, gake lã siwo léa wo megatrɔ gbɔ o. Esia na sãdeawo ƒe agbɔsɔsɔ va dzi ɖe edzi ale gbegbe, alea tututu wònɔ le axɔ̃awo hã gome.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dɔlékui siwo naa Lyme dɔléle la trɔ gbɔ eye wòva xɔ anyinɔ hena ƒe gbogbowo hafi va zu ŋɔdzi na amegbetɔwo. Gake esi wodze du viwo tsotso ɖe aveawo xa gɔme la, ɖeviwo kple ame tsitsi gbogbo aɖewo siaa va te gege ɖe nuto siwo me axɔ̃awo le me. Axɔ̃awo ɖo lã me na amegbetɔwo, eye woxɔ Lyme dɔlélea.

Dɔléle le Xexe Madeamedzi aɖe Me

Nudzɔdzɔ si ŋu nya míegblɔ va yi fia mɔ geɖe siwo dzi dɔléle tona kakana dometɔ ɖeka eye wònye alesi amegbetɔ ƒe nuwɔna hea dɔléle vɛ ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko. Eugene Linden, amesi nye nutome taʋlila ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Future in Plain Sight me be: “Dɔléle yeye siwo katã kloe gatrɔ gbɔ la tso amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo gbɔ.” Woƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo enye esiawo: Egbegbe ƒe mɔzɔzɔ mɔnu si nana wozɔa mɔ kabakaba ƒe bɔbɔ ate ŋu akaka dɔlékuiwo kple nugbagbevi siwo ŋu wonɔna le xexeame godoo. Nugbagbewo ƒe nɔƒewo dome gbegblẽ na nugbagbevi suewo kple gãwo siaa ƒe agbe ɖo afɔku me. Linden gblɔ be: “Tsi kple ya siaa ƒo ɖi eye wòle lãwo kple amegbetɔwo ƒe dɔlélenutsitsiŋutete dome gblẽm.” Egayɔ Ðk. Epstein ƒe nyaa be: “Ne woagblɔe koŋ la alesi amegbetɔwo le nu gblẽm le nutowo ŋue na ŋutete si le anyigba si be woalé dɔléle nu la le tsitsim eye wòva zu teƒe si sɔ na dɔlékuiwo.”

Dunyahenyawo ƒe kemalimali hea aʋawɔwɔwo vɛ si gblẽa nu le nugbagbewo kple wo nɔƒe ŋu kpakple dɔwɔƒe siwo kpɔa lãmesẽ kple nuɖuɖunyawo gbɔ la ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biobulletin gblɔ be: “Zi geɖe la, woƒoa sitsoƒedila, siwo mekpɔa nu nyui ɖuna o eye wogbɔdzɔ la nu ƒu ɖe sitsoƒesaɖawo me tititi, amesiwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe asaɖaa me kple dzadzɛnyenye manɔanyi ʋua mɔ na dɔléle be wòadze ame geɖewo dzi.”

Ganyawo ƒe kemalimali nyaa amewo dea gbe, wogena ɖe dukɔ bubuwo kple wo dedukɔa ƒe du bubuwo me, vevietɔ dugã siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo fũ la me. Biobulletin gblɔ be: “Dɔlékuiwo nɔa afisiwo amewo sɔ gbɔ le.” Ne amewo va le agbɔ sɔm le dugãwo me la, “lãmesẽ gbɔkpɔmɔnu vevitɔwo abe gɔmedzenusɔsrɔ̃, nuɖunyawo, abɔtasisi ƒe ɖoɖowo katã mate ŋu akeke ta wòasɔ kple hiahiã la o.” Amewo ƒe agbɔsɔsɔ fũ hã nana tsinyawo, tsi gbegblẽwo, kple gbeɖuɖɔwo gbɔ kpɔkpɔ va sesẽna ɖe edzi, si wɔnɛ be ameɖokui gbɔ dzadzraɖo kple beléle na ametia va sesẽna eye wònana nɔnɔmewo dea nudzodzoeviwo kple nu bubu siwo hea dɔléle vɛ dzi be woadzi ɖe edzi. Ke hã nɔnɔmea megblẽ keŋkeŋ o, abe alesi nyati si gbɔna aɖee fia ene.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

“Dɔléle yeye siwo katã kloe gatrɔ gbɔ la tso amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo gbɔ”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ɣetoɖoƒe Nile Dɔlékui Ge Ðe United States

Ɣetoɖoƒe Nile dɔlékui (West Nile virus), si amegbetɔ xɔna tso muwo gbɔ koŋ la do zi gbãtɔ le ƒe 1937 le Uganda eye emegbe wova kpɔe le Titina Ɣedzeƒe, Asia, Oceania, kple Europa. Womekpɔ dɔlékuia le Ɣetoɖoƒe Nutowo me o ʋuu vaseɖe ƒe 1999 me ko hafi. Gake tso ɣemaɣi dzi la, woka nya ta le United States be ame 3,000 ŋue wòle eye ame 200 kple edzivɔwo ku.

Ame akpa gãtɔ siwo xɔ dɔa menyana gbeɖe be ele yewo ŋu o, togbɔ be dzesi siwo ɖi wɔɖi tɔwo dzena le wo ŋu hã. Gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo dzea dɔ sesẽ siwo nye ahɔhɔ̃ ƒe abixɔxɔ kple taɖuame sesẽ kple dzimeƒuveame (spinal meningitis) dɔwo. Vaseɖe fifia la, womekpɔ Ɣetoɖoƒe Nile ƒe abɔtasitike alo edadamɔnu gobi aɖeke o. United States Dɔlélenutsitsi Kple Enuléle Dɔwɔƒea xlɔ̃ nu ku ɖe Ɣetoɖoƒe Nile dɔlékuia ŋu be woate ŋu axɔe ne woɖe ame si ŋu dɔlélea le ƒe lãmenuwo de na ame bubu alo do dɔnɔa ƒe ʋu nɛ. Reuters nyatakalawo ka nya ta le ƒe 2002 me be, “womeke ɖe Ɣetoɖoƒe Nile dɔlékuia dodokpɔ le ʋu me ƒe mɔnu aɖeke ŋu haɖe o.”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

CDC/James D. Gathany

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 24, 25]

Aleke Nàte Ŋu Akpɔ Ðokuiwò Tae? Nusiwo Wòle Be Nàwɔ Kple Esiwo Nàtsri Dometɔ Aɖewo

Nyɔ! ŋlɔlawo bia gbe amesiwo le nuto siwo me nudzodzoeviwo kple wo ŋu dɔlélewo bɔ ɖo le xexeame godoo ku ɖe nusiwo wòle be woawɔ anɔ lãmesẽ me ŋu. Àkpɔe be viɖe geɖe le woƒe aɖaŋuɖoɖoawo me le nuto si me nèle.

DzadzɛnyenyeWò Ametakpɔnu Gbãtɔ

Na wò aƒeme nanɔ dzadzɛ

“Tsyɔ nu nusiwo me nuɖuɖu le la dzi. Kpɔ egbɔ be yetsyɔ nu nuɖuɖu dzi vaseɖe eɖuɣi. Lɔ nuɖuɖu siwo ge ɖe anyigba enumake. Mègagblẽ nuɖugbawo ɖi maklɔmaklɔe ŋu nake ɖe wo dzi alo atsɔ nuɖuɖu gbegblẽ akɔ ɖe xexe be yeatsɔ wo aƒu gbe ne ŋu ke o. Tsyɔ nu edzi alo ɖii ɖe to me, esi nudzodzoeviwo kple afiwo nɔa nuɖuɖu dim le zãme ta. Azɔ hã kɔnkreti falɛfalɛ aɖe ko dede anyigba nana aƒeme nɔa dzadzɛ eye wònana nudzodzoeviwo mete ŋu nɔa eme o.”—Afrika.

“Dzra atikutsetse alo nusianu si ahe nudzodzoeviwo ava aƒea me ɖo nyuie. Mèganyi lãwo—abe gbɔ̃, ha, kple koklo ene—le aƒeme o. Tsyɔ nu afɔdzidowo dzi. Ði lãwo ƒe mĩ ɖe tome enumake alo kɔ dzofi ɖe edzi be nudzodzoeviwo nagadze ɖe edzi o. Ne wò aƒelikawo mewɔa nusiawo o hã la, àte ŋu aɖe nudzodzoeviwo ƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ vie eye wòanye kpɔɖeŋu nyui.”—Anyiehe Amerika.

[Nɔnɔmetata]

Nu matsyɔmatsyɔ nuɖuɖu alo gbeɖuɖɔ dzi le abe nudzodzoeviwo kpekpe be woava ɖu nu kple ye ene

Ameɖokui dzadzraɖo

“Adzalẽ mexɔ asi o, eyata klɔ asi eye nànyã wò nuwo edziedzi, vevietɔ le asikaka amewo kple lãwo ŋu megbe. Tsri asikaka lã kukuwo ŋu. Ƒo asa na asikaka wò nu, ŋɔti, kple ŋkuwo ŋu. Ele be woanya nudodowo edziedzi ne wodze abe womeƒoɖi o gɔ̃ hã. Gake ʋeʋẽ lilili aɖewo hea nudzodzoeviwo, eyata ƒo asa na adzalẽ kple ameɖokuigbɔdzraɖonu siwo ʋẽna lilili.”—Afrika.

Egbɔkpɔmɔnuwo

Ðe afisiwo muwo dzina ɖo ɖa

Tsyɔ nu tsizɔwo kple agbawo nu. Tsɔ nugoe siwo katã me tsi xana ɖo ƒu gbe. Mègana tsi naxa ɖe seƒoƒozewo me o. Muwo ate ŋu adzi le tsi siwo xa ɖi wu ŋkeke ene la me.—Anyieheɣedzeƒe Asia.

Mègana nudzodzoeviwo nanɔ gbɔwò fũ o

Ƒo asa na nudzodzoeviwo ƒe nuɖuɣiwo kple wo nɔƒewo yiyi. Ɣe ɖoa to kaba le anyigba xɔdzowo dzi, eyata wowɔa gbesiagbedɔ geɖewo le zã me, si nye ɣiyiɣi si me nudzodzoeviwo dona. Anyinɔnɔ kple anyimɔmlɔ ɖe xexe ate ŋu ana nàxɔ dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ bɔbɔe.—Afrika.

[Nɔnɔmetata]

Xexe mɔmlɔ le dukɔ siwo me muwo le me le abe wo kpekpe koŋ be woava ɖu wò ene

Do awu siwo atsyɔ wò ŋutilã bliboa, vevietɔ ne ele gbe me. Si atike siwo nyana nudzodzoeviwo ɖe wò nudodowo kple ŋutilã ŋu, eye nàwɔ ɖe mɔfiame siwo ku ɖe eŋu la dzi ɣesiaɣi. Lé ŋku ɖe ɖokuiwò kple viwòwo ŋu nyuie be nàɖe axɔ̃wo ɖa ne mieɖi tsa tso afi aɖe gbɔ. Na wò amegbɔlã nanɔ lãmesẽ me eye nudzodzoeviwo naganɔ wo ŋu o.—Dziehe Amerika.

Mèganɔ asi kam lãwo ŋu fũ o, elabena nudzodzoeviwo ate ŋu axɔ dɔ le wo ŋu na amegbetɔwo.—Titina Asia.

Zã mudɔ—vevietɔ esiwo me nudzodzoewutike le na aƒea me tɔ ɖesiaɖe. De ɖɔ siwo me nudzodzoeviwo mate ŋu ato o wò fesrewo nu, eye nàna woanɔ dedie. Xe xɔ ƒe akpa siwo me nudzodzoeviwo ate ŋu ato age ɖe xɔa me. Egbɔkpɔmɔnu siawo ate ŋu axɔ asi, gake àgblẽ ga geɖe ne èkplɔ viwò yi kɔdzi alo ne aƒea dzi kpɔla dze dɔ tsi aƒeme.—Afrika.

[Nɔnɔmetata]

Mudɔ siwo me nudzodzoewutikewo le mexɔ asi de atikewo kple kɔdzifewo nu o

Ðe nusiwo me nudzodzoeviwo nɔna ɖa le wò aƒeme. Zrɔ̃ gli kple xɔdzisasrã ŋu, eye nàxe teƒe siwo fe kpakple dowo. Tsɔ avɔ siwo me nudzodzoeviwo mate ŋu ato o xe xɔ siwo wogba kple be me. Tsɔ nu gbegblẽwo katã—pepawo alo avɔ alo foto siwo woklã ɖe gli ŋu siwo me nudzodzoeviwo ate ŋu anɔ la—ƒu gbe.—Anyiehe Amerika.

Ame aɖewo bua nudzodzoeviwo kple afi ƒomeviwo katã abe amedzrowo ene. Womenyee kura o! Tsrɔ̃ wo ɖa. Zã nusiwo nyaa nudzodzoeviwo kple nudzodzoewutikewo, gake le ɖoɖo si wofia nu. Zã tagbatsu lénu vovovowo. Nɔ klalo nàto mɔ yeye vɛ: Nyɔnu aɖe tro avɔ si me ke le eye wòtsɔe de ʋɔtru gɔme be nudzodzoeviwo naga ge ɖe xɔa me o.—Afrika.

[Nɔnɔmetata]

Mele be nudzodzoeviwo nanye míaƒe amedzrowo o. Ðe wo ɖa!

Ametakpɔtikewo

Ðu nu nyuie, ɖi ɖe eme, eye nàde kame be wò ŋutilã nate ŋu awɔ avu kple dɔléle ɣesiaɣi. Ðe nuteɖeamedziwo dzi kpɔtɔ.—Afrika.

Mɔzɔlawo: Fia nu geɖe ɖokuiwò tso afɔku yeye siwo li ŋu. Nyatakaka nɔna lãmesẽgbɔkpɔlawo kple dziɖuɖuwo ƒe Internet nyatakakadiƒe ɣesiaɣi. Hafi nàzɔ mɔ la, wɔ ametakpɔnu siwo sɔ na nuto si me nèyina la ŋudɔ.

Ne Wò Lãme Mele Kɔkɔm O

Di atikewɔwɔ ƒe mɔ kaba

Dɔléle akpa gãtɔ dada nɔa bɔbɔe ne wokpɔe kaba.

Kpɔ Nyuie le dɔlélea makpɔmakpɔ nyuie ŋu

Di ɖɔkta siwo nya nu nyuie tso dɔléle siwo nudzodzoeviwo kakana kple anyigba xɔdzowo dzi dɔlélewo ŋu. Gblɔ dɔlélea ŋu dzesiwo katã kple afisiwo nèzɔ mɔ yi, ne eteƒe didi hã na ɖɔkta la. Zã atike si wua dɔlékuiwo ne eva hiã ko, eye nàzãe dedie vaseɖe nuwuwu.

[Nɔnɔmetata]

Dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ ate ŋu aɖi dɔléle bubuwo. Gblɔ eŋu nya bliboa katã na wò ɖɔkta

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Anyingbatata: Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ðe Nudzodzoeviwo Kakaa HIV Dɔlékuia?

Le ƒe ewo kple edzivɔ ƒe ŋkuléle ɖe nu ŋu kple numekuku megbe la, nudzodzoevi ŋutinunyalawo kple atikeŋutinunyalawo mekpɔ kpeɖodzi aɖeke si fia be muwo alo nudzodzoevi bubu aɖe ate ŋu akaka HIV​—si nye AIDS dɔlékuia o.

Le kpɔɖeŋu me, le muwo gome la, woƒe nu mele abe abuidonu si me wòato agbugbɔ ʋua ade lãme na ame ene o. Ke boŋ muwo noa ʋu to do ɖeka me eye wòganyɔa ta to bubu aɖe me. Azɔ hã Thomas Damasso, amesi nye HIV ŋutinunyala bibi si le dɔ wɔm kple Nutome Lãmesẽ Gbɔkpɔha si le Mongu, Zambia gblɔ be mu ƒe dɔmenuwo te ŋu nana ʋu si wòno la ƒaƒãna abe nuɖuɖu ene be wòatsrɔ̃ dɔlékuia. HIV menɔa nudzodzoeviwo ƒe mĩ me o. Eye to vovo na asrã dɔlékui la, HIV dɔlékuia ya mete ŋu gena ɖe muwo ƒe lãmenu si nana ta dzina la me o.

Hafi ame naxɔ HIV dɔlékuia la, ele be dɔlékui gbogbo aɖe nage ɖe eƒe lãme hafi. Ne mu mete ŋu ɖu ame vɔ o hafi dzo ɖe ame bubu aɖe dzi la, ʋu si susɔna ɖe eƒe nuto nɔna sue akpa be wòana wòade dɔ lãme na ame. Eŋutinunyalawo gblɔ be ne wogbã mu si no ʋu si me HIV dɔlékuia sɔ gbɔ ɖo hetsɔ sisi ɖe abi dzi gɔ̃ hã la mana woaxɔ HIV dɔlékuia o.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

CDC/James D. Gathany

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Axɔ̃ siwo nɔa sãde ŋu (si ƒe nɔnɔmetata wodzi ɖe edzi) la dea “Lyme” ƒe dɔléle lã me na amegbetɔwo

Tso miame yi nuɖusi me: Nɔe, atsua, azia, woƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Axɔ̃wo katã: CDC

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26, 27]

Tsiɖɔɖɔ, nuto ƒoɖiwo, kple amegbetɔwo ƒe ʋuʋu hã gbɔe dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ la tso

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

FOTO UNACIONES (from U.S. Army)