Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Television Zazã le Ŋuɖɔɖɔɖo Me

Television Zazã le Ŋuɖɔɖɔɖo Me

Television Zazã le Ŋuɖɔɖɔɖo Me

NYATAKAKA si nye Not in the Public Interest—Local TV News in America, (Mede Amehawo Dzi O—Nutome Television Dzi Nyadzɔdzɔwo le Amerika) si nu nyadzɔdzɔwo me dzroha aɖe si le United States ƒo ƒu gblɔ be television va le ko abe “ŋutinyagblɔla vevitɔ, vidzĩnublenu kple nusi kpɔa ŋusẽ ɖe ame akpa gãtɔ ƒe nukpɔsusu dzi” ene. “Television bɔ ɖe afisiafi . . . Abe alesi atamadzudzɔ blaa atamanola gbɔ nɔlawo ene la, nenemae eya hã xɔ yamee.” Eye alesi atamadzudzɔ gblẽa nu le atamanola gbɔ nɔlawo ŋu ne wogbɔe ene la, nenema ke television kpɔkpɔ gaƒoƒo geɖe wo me matiamatiae gblẽa nui—vevietɔ le ɖeviwo ŋu.

Esi nyatakaka ma ke nɔ nu ƒom tso television dzi nuvlowɔwɔ kple ŋutasesẽ ŋu la, egblɔ be “numekuku alafa geɖe siwo wowɔ ɖee fia be nuvlowɔwɔ wɔnawo kpɔkpɔ kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe ɖeviwo ƒe nusɔsrɔ̃, dzikunuwɔwɔ kple veveseseɖeamenu dzi.” Amerika Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ gblɔ le ƒe 1992 me be “television dzi nuvlowɔwɔ nye nusiwo me afɔku le siwo gblẽa nu le ɖeviwo ƒe lãmesẽ ŋu dometɔ ɖeka.”

Aleke nàwɔ akpɔ viwòwo ta tso television dzi wɔna siwo gblẽa nu le ame ŋu ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe wo dzi me? Nyatakakaa ŋlɔ aɖaŋuɖoɖo aɖewo, siwo woɖe tso mɔnu siwo lãmesẽhabɔbɔ geɖe kafu le alesi woazã television le ŋuɖɔɖɔɖo me wui ŋu me. Aɖaŋuɖoɖo mawo dometɔ aɖewoe nye si.

▪ Wɔ ɖoɖo eye nàɖo seɖoƒe na wò television kpɔkpɔ. Ðo ɣeyiɣi didime si ɖeviwo akpɔe ase ɖo ɖi. Mègada television ɖe ɖeviwo ƒe xɔ me o.

▪ Da xexeame godoo ƒe nɔnɔmetata ɖe television la xa be ɖeviawo nate ŋu adi dukɔ alo teƒe siwo wokpɔ le wɔnawo me.

▪ Mia kple viwòwo mikpɔ television ɖekae be nàte ŋu aɖe vovototo si le nuwɔna siwo nye fefe kple nu ŋutɔŋutɔ dome la me na wo. Ðevi siwo mexɔ ƒe ewo haɖe o dometɔ geɖe mate ŋu akpɔ vovototoa adze sii o.

▪ Ðe television la ɖa le teƒe si wòanɔ nuvo le le aƒe me. Da television la ɖe aɖaka si ŋu ʋɔtru le woado la me. Ana be esisi kple wɔna vovovowo kpɔkpɔ manɔ bɔbɔe o.