Mɔɖelawo le nya nyuia gblɔm le Tzotzilgbe me le Chiapas, Mexico

AGBENƆNƆ KPLE SUBƆSUBƆDƆ KPEKPEA ƑE NUSRƆ̃GBALẼ November 2016

NEƲU   NETU

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Nya siwo nàte ŋu agblɔ atsɔ ana Gbetakpɔxɔ magazine kple nya siwo nàgblɔ atsɔ afia Biblia me nyateƒe si ƒo nu tso Biblia me nyagblɔɖi si ku ɖe míaƒe ɣeyiɣiawo ŋu la ŋu. Kpɔ kpɔɖeŋua dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

Ale Si Biblia Ðɔ Srɔ̃nyɔnu Zazɛ̃

Srɔ̃nyɔnu ƒe nɔnɔme kawo ŋue Yehowa dea asixɔxɔe?

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

“Wonya Srɔ̃a Nyuie Le Dugbo La Nu”

Nɔnɔme nyui siwo srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ ɖena fiana adze le srɔ̃a ŋu godoo.

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

Kpɔ Dzidzɔ Le Dɔ Sesẽ Siwo Nèwɔna La Ta

Míate ŋu ase vivi na dɔ ne nɔnɔme nyuitɔ le mía si ɖe eŋu.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nu Kae Biblia Fia Mí?—Ale Si Míazãe

Mɔ ka nue míate ŋu azã Nu Si Biblia Fia ƒe akpa vovovoawo le ne míele Biblia srɔ̃m kple ame aɖe?

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

“Ðo Ŋku Wɔwòla Gã La Dzi Le Wò Sɔhɛmenɔɣi”

Nyagblɔla 12 zã hakpanya tsɔ xlɔ̃ nu mí be míawɔ míaƒe ŋutetewo katã le sɔhɛmenɔɣi.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Sɔhɛwo—Migahe Ðe Megbe O, Mito “Ʋɔtru Gã” La Nu

Àte ŋu ati gbɔgbɔmetaɖodzinuwo abe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ene yomea?

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

Sunem-Ðetugbui La—Enye Kpɔɖeŋu Si Míasrɔ̃

Nu kae na Sunem-ɖetugbui la nye kpɔɖeŋu ɖedzesi na Yehowa subɔlawo?