Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ði Ðase Na Ŋkunɔwo

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ði Ðase Na Ŋkunɔwo

NU SI TA WÒLE VEVIE: Ŋkunɔ geɖe tsia dzi ne wole dze ɖom kple ame aɖe si womenya o. Le susu sia ta, ebia aɖaŋu hafi míate ŋu aɖi ɖase na wo. Yehowa tsɔa ɖe le eme na ŋkunɔwo ale gbegbe. (3Mo 19:14) Míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua eye míawo hã míadze agbagba akpe ɖe ŋkunɔwo ŋu woasrɔ̃ nu tso eŋu.

ALE SI NÀWƆE:

  • ‘Di’ Ŋkunɔwo. (Mt 10:11) Ðe nènya ame aɖe si ƒe ƒometɔ aɖe nye ŋkunɔa? Ðe ŋkunɔwo ƒe suku, ame tsitsiwo dzikpɔƒe alo teƒe bubu aɖe si ŋkunɔwo le le miaƒe nutoa me, eye wòadzɔ dzi na wo be yewoaxlẽ ŋkunɔwo ƒe agbalẽwoa?

  • Na woakpɔe be yetsɔ ɖe le eme na wo. Ne èwɔ nu ɖe wo ŋu xɔlɔ̃tɔe, eye nèna wokpɔe be yetsɔ ɖe le eme na wo la, ana woaɖe dzi ɖi. Dze agbagba nàdze dzeɖoɖo gɔme kplii tso nane si le dzɔdzɔm le nutoa me ŋu

  • Kpe ɖe wo ŋu woanya Yehowa. Yehowa ƒe habɔbɔa ta agbalẽ ƒomevi vovovowo be woatsɔ akpe ɖe ŋkunɔwo ŋu. Biae wòagblɔ mɔ si dzi wòadi be woasrɔ̃ nua kpli ye le. Ele be subɔsubɔdɔdzikpɔlaa nakpɔ egbɔ be agbalẽnyawo gbɔ kpɔla dɔ agbalẽ si tututu ŋkunɔ aɖe bia be woadɔ na ye la nɛ