Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 150

Di Mawu Be Nàkpɔ Ðeɖe

Di Mawu Be Nàkpɔ Ðeɖe

(Zefaniya 2:3)

  1. 1. Dukɔwo ƒo takpli,

    Wotso ɖe Ma’u Vi la ŋu.

    Ɣeyiɣi si Mawu na wo

    Be woaɖu dzi la wu ’nu.

    Dziɖulawo tɔ vɔ,

    Ma’u Fiaɖuƒea le dzi ɖum.

    Ekpɔtɔ vie ko Kristo atsrɔ̃

    Eƒe futɔwo katã.

    (HAXE)

    Di Mawu be nàkpɔ ɖeɖe.

    Ɛ̃, ka ɖe eyama ko dzi.

    Di dzɔdzɔenyenye,

    Nàwɔ nuteƒe,

    Nɔ ’ƒe dziɖuɖua ƒ’akpa dzi,

    Be nàkpɔ ɖeɖe to Mawu

    Ƒ’alɔ sesẽ dzi.

  2. 2. Amewo le to ɖom

    le xɔxɔnya nyui la sem.

    Gake ame aɖewo hã

    Gbe agbenya la sese.

    Mele be míavɔ̃ o;

    Ne xaxawo nu sẽ hãa,

    Ma’u léa be na nuteƒewɔla’o;

    Akpe ɖe mía ŋu godoo.

    (HAXE)

    Di Mawu be nàkpɔ ɖeɖe.

    Ɛ̃, ka ɖe eyama ko dzi.

    Di dzɔdzɔenyenye,

    Nàwɔ nuteƒe,

    Nɔ ’ƒe dziɖuɖua ƒ’akpa dzi,

    Be nàkpɔ ɖeɖe to Mawu

    Ƒ’alɔ sesẽ dzi.