Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 128

Do Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

Do Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

(Mateo 24:13)

  1. 1. Mawu ƒe ŋugbedodowo

    Tua míaƒe xɔse ɖo.

    Nu si’o nèsrɔ̃na tso egbɔ

    La katã nye nyateƒe.

    Nɔ te sesĩe le xɔse me,

    Mawu ƒe ŋkekea tu’aƒe.

    Ðoe kplikpaa nàwɔ nuteƒe;

    Dodokpɔ adzra wò ɖo.

  2. 2. Lé wò gbãlɔlɔ̃ la ɖ’asi,

    Enu negatsi o.

    Dodokpɔwo ava dziwò

    Gake nàdo dzi sesĩe.

    Ne nɔnɔmeawo sesẽ hãa,

    Mègavɔ̃ amegbetɔ’o.

    Mawu akpɔ etɔwo ta,

    Magblẽ mí ɖi gbeɖe o.

  3. 3. Dzidodo se ɖe nuwuwu

    Ana míakpɔ ɖeɖe.

    Yehowa aŋlɔ míaƒe ŋkɔ

    Ðe agbegbalẽ la me.

    ’Ya ta mègana ta kura o,

    Dzidodo newu dɔa nu.

    Wò nu adze Yehowa ŋu,

    Dzidzɔ vavãtɔ nàkpɔ.