Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 9E

“Ɣeyiɣi Si Me Woaɖɔ Nuwo Katã Ðo”

“Ɣeyiɣi Si Me Woaɖɔ Nuwo Katã Ðo”

DƆWƆWƆWO 3:21

Esi apostolo Petro ƒo nu tso “ɣeyiɣi si me woaɖɔ nuwo katã ɖo” ŋu la, ɖe wònɔ nya gblɔm ɖi tso ɣeyiɣi wɔnuku aɖe si ƒe didime adze egɔme tso esime woaɖo Kristo zi dzi wòazu Fia, eye wòayi edzi va se ɖe Ƒe Akpe Ðeka la ƒe nuwuwu ŋu.

  1. Ƒe 1914​—Woɖo Yesu Kristo wòzu Fia le dziƒo. Wogbugbɔ Mawu ƒe amewo ɖo te le gbɔgbɔ me le ƒe 1919 me

    Ŋkeke Mamlɛawo

  2. ARMAGEDON​—Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua adze egɔme, eye “ɣeyiɣi si me woaɖɔ nuwo katã ɖo” la akeke ɖe enu ale be woayra amegbetɔ nuteƒewɔla siwo le anyigba dzi

    Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu

  3. ƑE AKPE ÐEKA DZIÐUÐUA ƑE NUWUWU​—Yesu awu nuwo gbugbɔgaɖɔɖodɔwo katã nu eye wòatrɔ Fiaɖuƒea na Fofoa

    Anyigba azu Paradiso tegbee

YESU ƑE DZIÐUÐU ANA . . .

  • Mawu ƒe ŋkɔ ŋu nakɔ

  • dɔnɔwo nahaya

  • ame tsitsiwo nazu ɖekakpui kple ɖetugbuiwo

  • ame kukuwo nagbɔ agbe

  • amegbetɔ nuteƒewɔlawo nade blibo

  • anyigba nazu Paradiso