Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 17

Be Xɔlɔ̃ Nanɔ Asiwò La, Ele Be Nànya Xɔlɔ̃wɔwɔ

Be Xɔlɔ̃ Nanɔ Asiwò La, Ele Be Nànya Xɔlɔ̃wɔwɔ

Lɔlɔ̃ dzie xɔlɔ̃wɔwɔ nɔ te ɖo. Ne èsrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu la, wò lɔlɔ̃ nɛ adzi ɖe edzi. Ne wò lɔlɔ̃ na Mawu dzi ɖe edzi la, wò didi be yeasubɔe hã adzi ɖe edzi. Esia aʋã wò be nàva nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la. (Mateo 28:19) Ne èva ge ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome kpɔdzidzɔa me la, àte ŋu anye Mawu xɔlɔ̃ tegbee. Nukae wòle be nàwɔ?

Ele be nàlɔ̃ Mawu to eƒe sewo dzi wɔwɔ me. “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.”—Yohanes I, 5:3.

Tsɔ nusi nèsrɔ̃ wɔ dɔe. Yesu gblɔ ŋutinya aɖe tso nusia wɔwɔ ŋu. Ŋutsu nyanu aɖe tu eƒe xɔ ɖe kpe dzi. Ŋutsu abunetɔ tu etɔ ɖe ke dzi. Esi ahom sesẽ tu la, xɔ si wotu ɖe kpe dzi meʋã o, gake esi wotu ɖe ke dzi mu gbloo. Yesu gblɔ be amesiwo sea yeƒe nufiafiawo eye wowɔa wo dzi le abe ŋutsu nyanu si tu xɔ ɖe kpe dzi ene. Gake amesiwo sea yeƒe nufiafiawo evɔ womewɔa wo dzi o la le abe ŋutsu abunetɔ si tu xɔ ɖe ke dzi ene. Ŋutsuawo dometɔe kae nèdi be yeaɖi?—Mateo 7:24-27.

Adzɔgbeɖeɖe. Efia be nàte ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me agblɔ nɛ be yedi be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu tegbee. Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ fia be ènye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la.—Mateo 11:29.

Nyɔnyrɔxɔxɔ. “Na woanyrɔ wò ɖe tsi me, eye nàyɔ eƒe ŋkɔa dzi ne woaklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa.”—Dɔwɔwɔwo 22:16, NW.

Ƒo ɖokuiwò katã ɖe Mawu subɔsubɔ me. “Nusianu, si ke miewɔna la, miwɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o.”—Kolosetɔwo 3:23.