Wode ga asi na ame aɖe kplɔ yina gaxɔ me

ERITREA

Wode Wo Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Eritrea

Wode Wo Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Eritrea

Ƒe geɖee nye esia Eritrea dziɖuɖua léa Yehowa Ðasefowo, siwo dome nyɔnuwo kple ame tsitsiwo le dea gaxɔ me, evɔ wometsɔa nya aɖeke ɖe wo ŋu alo drɔ̃a ʋɔnu wo hafi o. Dukplɔla Afwerki de se aɖe le October 25, 1994 dzi, si xɔ dukɔmevinyenye le Ðasefoawo si. Elabe esi dukɔa da akɔ aɖe le ƒe 1993 me tsɔ xɔ ɖokuisinɔnɔ la, Ðasefoawo medae o eye wogbe hã be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta. Do ŋgɔ le Eritrea la, ɖoɖo nyuiwo nɔ anyi be ame nawɔ dukɔmevidɔ bubu ɖe asrafodɔ teƒe. Ðasefo geɖe wɔ dɔ mawo le dziɖuɖu vovovo siwo kplɔ dukɔa te. Dziɖuɖua naa “Dukɔmevidɔ Nu Wuwu Ƒe Ðaseɖigbalẽ” ame siwo wɔ dɔ mawo eye zi geɖe la, ekafua wo ɖe dɔ siwo wowɔ ta. Gake tso esime dukplɔlaa de se ma ko la, poliswo léa Yehowa Ðasefowo tuna, wowɔa fu wo eye wozia wo dzi ale be woagbe nu le woƒe xɔse gbɔ.

Fifia la, Yehowa Ðasefo 67 (ŋutsu 37 kple nyɔnu 30) ye le gaxɔ me le Eritrea. Ale si wòdzɔ be xexlẽmea dzi ɖe edzi alea ye nye be le September 2024 me la, poliswo ge ɖe aƒe aɖe si me Yehowa Ðasefowo kpe le nɔ woƒe subɔsubɔwɔnawo wɔm le ŋutifafa me. Wogblẽ kpekpea me eye wolé Ðasefo 24. Wova ɖe asi le ɖevi eve siwo nɔ wo dome la ŋu. Le ŋkeke aɖewo megbe la, poliswo gava lé Ðasefo nyɔnu si tsi xɔ ƒe 85 dzoe. Wokplɔ Ðasefo 23-awo katã yi Mai Serwa Gakpɔ me. Le December 7, 2024 dzi la, woɖe asi le wo dometɔ ɖeka si nye Saron Ghebru ŋu. Via gbãtɔ ƒe fu si xɔ dzinu asieke nɔ eƒo. Woɖe asi le Mizan Gebreyesus si xɔ ƒe 81 hã ŋu le January 15, 2025 dzi.

Le November 1, 2024 dzi la, setɔwo gatɔ ŋku Ðasefoawo ake eye wolé sukuvi ene siwo xɔ tso ƒe 16 va se ɖe 18. Wobia gbe wo eye enumake wokplɔ woawo hã yi Mai Serwa Gakpɔ me. Le November 22 dzi la, setɔawo yi Almaz Gebrehiwot vinyɔnuvi ƒe suku eye wokplɔ ɖevia yi poliswo ƒe dɔwɔƒe. Esi Almaz yi polis-awo ƒe dɔwɔƒe be yeakplɔ ye via la, wolé eya ŋutɔ eye woɖe asi le ɖevia ŋu. Va se ɖe fifia la, ekpɔtɔ le Poliswo Ƒe Dɔwɔƒe le Asmara.

Wole Nɔnɔme Sesẽwo Me Tom Le Gaxɔ Me

Ðasefoawo le fu kpem vevie le Mai Serwa gakpɔa kple gakpɔ bubuwo me. Amewo mimi ŋutɔ le gaxɔawo me, elabe gaxɔawo le sue ale gbegbe be ɖe womlɔna woƒe axawo dzi tigina ɖe wo nɔewo ŋu hafi dɔa alɔ̃. Nugododeƒe alo aɖuɖɔɖɔƒe gɔ̃ hã meli o. Woɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa be woayi nugodo zi eve pɛ le ŋkekea me, eye sodzawo ƒe ŋku nɔa wo ŋu ne wole esia wɔm. Nuɖuɖu kple tsi si wonana wo la medena na wo o eye ne wodze dɔ la, womete ŋu wɔa atike na wo kpɔa wo gbɔ nyuie o.

Nɔnɔme siawo wɔe be Ðasefo ene ku le gaxɔ me le Eritrea eye Ðasefo tsitsi etɔ̃ siwo ŋu woɖe asi le le gaxɔ me la va ku le nɔnɔme sesẽ siwo me woto esime wonɔ gaxɔ me la ta.

  • Le ƒe 2011 kple 2012 me la, Ðasefo eve ku le esi wowɔ fu wo vevie le Meitir Gakpɔ me ta. Misghina Gebretinsae, si xɔ ƒe 62, ku le July 2011 me esi wohe to nɛ vae tui ɖe tomexɔ aɖe si me xɔ dzo gbãgbãgbã la me. Yohannes Haile, si xɔ ƒe 68 la hã ku le August 16, 2012 dzi esime wòto nɔnɔme sesẽ mawo tɔgbi me le gaxɔ me ƒe ene kloe.

  • Esi woɖe asi le Ðasefo tsitsi etɔ̃ bubu siwo nye Kahsai Mekonnen, Goitom Gebrekristos kple Tsehaye Tesfariam ŋu vɔ la, woku elabe woto nɔnɔme sesẽ geɖe me esime wonɔ Meitir Gakpɔa me.

  • Le ƒe 2018 me la, Ðasefo eve ku esi woɖe wo yi Mai Serwa Gakpɔ me vɔ megbe. Aƒetɔ Habtemichael Tesfamariam ku le January 3 dzi esi wòxɔ ƒe 76, eye Habtemichael Mekonnen ku le March 6 dzi esi wòxɔ ƒe 77. Eritrea dziɖuɖua lé wo de gaxɔ me le ƒe 2008 me evɔ metsɔ nya aɖeke ɖe wo ŋu le ʋɔnu hafi o.

Gaxɔmenɔnɔ Ðikaa

Womeka ƒe aɖeke na Ðasefo akpa gãtɔ siwo le gaxɔ me o, eya ta mɔkpɔkpɔ meli be woaɖe asi le wo ŋu o va se ɖe esime woku alo ɖo kudo nu hafi. Esi wònye be ʋɔnudrɔ̃nyawo kple senyawo mewɔa dɔ nyuie le dukɔa me o ta la, ne wolé wo de gaxɔ me la, ɖeko wòle abe wotso kufia na wo ene.

Ɣeyiɣiawo

  1. January 20, 2025

    Ðasefo siwo katã le gaxɔ me ƒe xexlẽmee nye 67.

  2. November 22, 2024

    Wolé Almaz Gebrehiwot le esi wògbe be yemanɔ dukɔa ƒe dunyaheha aɖeke me o ta.

  3. November 1, 2024

    Wolé sukuvi ene siwo nye Ðasefowo eye wokplɔ wo yi Mai Serwa Gakpɔ me.

  4. September 27, 2024

    Wolé Ðasefo 23 eye wokplɔ wo yi Mai Serwa Gakpɔ me; wova ɖe asi le eve ŋu.

  5. February 1, 2021

    Woɖe asi le Ðasefo etɔ̃ ŋu le gaxɔ me.

  6. January 29, 2021

    Woɖe asi le Ðasefo ɖeka ŋu le gaxɔ me.

  7. December 4, 2020

    Woɖe asi le Ðasefo 28 ŋu le gaxɔ me.

  8. March 6, 2018

    Habtemichael Mekonnen, si xɔ ƒe 77, ku esi woɖee yi Mai Serwa Gakpɔ me vɔ megbe.

  9. January 3, 2018

    Habtemichael Tesfamariam, si xɔ ƒe 76, ku esi woɖee yi Mai Serwa Gakpɔ me vɔ megbe.

  10. July 2017

    Woɖe Ðasefo siwo katã le Meitir Gakpɔ me la yi Mai Serwa Gakpɔ me le Asmara dua godo.

  11. July 25, 2014

    Woɖe asi le Ðasefo siwo wolé le April 14 dzi la dometɔ akpa gãtɔ ŋu, gake wo dometɔ 20 siwo wolé le April 27 dzi la gakpɔtɔ le gaxɔ me.

  12. April 27, 2014

    Wolé Ðasefo 31 esi wokpe nɔ Biblia srɔ̃m.

  13. April 14, 2014

    Wolé Ðasefo 90 kple edzivɔ esi wokpe na Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si wowɔna ƒe sia ƒe.

  14. August 16, 2012

    Yohannes Haile, si xɔ ƒe 68, ku le gaxɔ me le nɔnɔme sesẽ siwo me wòto le afi ma ta.

  15. July 2011

    Misghina Gebretinsae, si xɔ ƒe 62, ku le gaxɔ me le nɔnɔme sesẽ siwo me wòto le afi ma ta.

  16. June 28, 2009

    Setɔwo va ge ɖe Ðasefo aɖe ƒe aƒe me esime wonɔ Biblia srɔ̃m eye wolé ame 23 siwo katã nɔ kpekpea me; ɖevitɔ si nɔ wo dome xɔ ƒe 2 eye ame tsitsitɔ xɔ ƒe 80.

  17. April 28, 2009

    Setɔwo ɖe Yehowa Ðasefo siwo katã wotu ɖe poliswo ƒe dɔwɔƒe la yi Meitir Gakpɔ me; wo dometɔ ɖeka koe wogblẽ ɖi.

  18. July 8, 2008

    Setɔwo ge ɖe dɔwɔƒewo kple aƒewo me eye wolé Ðasefo 24, evɔ wo dometɔ akpa gãtɔe kpɔa woƒe ƒomewo dzi.

  19. May 2002

    Dziɖuɖua ɖo asi subɔsubɔha siwo katã mele subɔsubɔha 4 siwo dzi wòda asi ɖo dome o la dzi.

  20. October 25, 1994

    Dukplɔla de se woxɔ dukɔmevinyenye kple amegbetɔwo ƒe gomenɔamesiwo le Yehowa Ðasefowo si.

  21. September 17, 1994

    Wolé Paulos Eyassu, Isaac Mogos kple Negede Teklemariam de gaxɔ me, evɔ wometsɔ nya aɖeke ɖe wo ŋu alo drɔ̃ ʋɔnu wo o.

  22. Le Ƒe 1950-awo Me

    Woɖo Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo gbãtɔwo le Eritrea.