Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Ðe Yehowa Ðasefowo Zia Amewo Dzi Be Woado Le Woƒe Subɔsubɔhawo Mea?

Ðe Yehowa Ðasefowo Zia Amewo Dzi Be Woado Le Woƒe Subɔsubɔhawo Mea?

Ao. Míegblɔ le míaƒe magazine vevitɔ si nye Gbetakpɔxɔ me be: “Amewo dzi zizi be woatrɔ woƒe mawusubɔsubɔ mesɔ o.” * Mímezia amewo dzi be woado le woƒe subɔsubɔhawo me o le susu siwo gbɔna ta:

  • Yesu mezi amewo dzi be woalɔ̃ ɖe yeƒe nufiafiawo dzi o. Enyae be ame ʋɛ aɖewo koe axɔ yeƒe gbedeasia. (Mateo 7:13, 14) Esi eƒe nya aɖe ɖia eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo nu la, eɖe asi le wo ŋu wodzo, mezi wo dzi be woanɔ ye gbɔ o.Yohanes 6:60-62, 66-68.

  • Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be womegazi amewo dzi be woatrɔ woƒe dzixɔsewo o. Egblɔ na wo boŋ be woadi ame siwo alɔ̃ faa aɖo to Fiaɖuƒenya nyuia, ke menye be woazi nya nyuia ɖe amewo dzi o.Mateo 10:7, 11-14.

  • Amewo dzi zizi be woatrɔ dzi me nye agbagbadzedze dzodzro, elabena subɔsubɔ si tso dzi me koe dzea Yehowa ŋu.5 Mose 6:4, 5; Mateo 22:37, 38.

Ðe míezia amewo dzi be woaɖo míaƒe haa mea?

Enye nyateƒe be míekakaa Biblia me gbedeasia “tso aƒe me yi aƒe me” va se ɖe “anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8; 10:42; 20:20) Abe ale si wotso Kristotɔ gbãtɔwo nu be wozia woƒe dzixɔsewo ɖe amewo dzi ene la, nenema kee wotsoa míawo hã mía nu egbeae. (Dɔwɔwɔwo 18:12, 13) Gake amenutsonya mawo mele eteƒe o. Míezia míaƒe dzixɔsewo ɖe amewo dzi o. Ke boŋ, míexɔe se be ele be woana mɔnukpɔkpɔ ame sia ame be sidzedze nasu esi ale be eya ŋutɔ natso nya me na eɖokui.

Míezia amewo dzi be woado le woƒe subɔsubɔhawo me o, eye míetsɔa mawusubɔsubɔ ɖoa ŋgɔ tso vɔ nɔa dunya hem o. Nenema ke míetsɔa nunɔamesiwo alo ɖoƒewo blea amewo nu be woava ɖo míaƒe haa me o. Míeto vovo na subɔsubɔha aɖewo siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye evɔ wotoa nu siawo wɔwɔ me doa vlo Mawu la. *

Ðe ame kpɔ mɔ ado le eƒe subɔsubɔha me aɖo bubu mea?

Ɛ̃, Biblia ɖee fia be amewo kpɔ mɔ ado le woƒe subɔsubɔha me aɖo bubu me. Ame siwo trɔ megbe de woƒe ƒometɔwo ƒe subɔsubɔhawo hetiae le wo ɖokuiwo si be yewoasubɔ Mawu vavã la ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me. Wo dometɔ ʋɛ aɖewoe nye Abraham, Rut, Atenetɔ aɖewo kple apostolo Paulo. (Yosua 24:2; Rut 1:14-16; Dɔwɔwɔwo 17:22, 30-34; Galatiatɔwo 1:14, 23) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia na wòdze hã be gome le amewo si be woatiae bometsitsitɔe be yewoaɖe asi le tadeagu si dzea Mawu ŋu la ŋu.1 Yohanes 2:19.

Ele Amegbetɔ Ƒe Ablɔɖevinyenye Ŋu Kpeɖoɖzinya (Xexea Me Katã Ƒe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesi Sewo) gɔ̃ hã me be ame ate ŋu ado le eƒe subɔsubɔha me aɖo bubu me. Dukɔ Ƒoƒuawo yɔ amegbetɔ ƒe gomenɔamesi se siawo be enye “gɔmeɖokpe na amegbetɔ ƒe gomenɔamesi ƒe sewo le xexea me godoo.” Agbalẽa gblɔ be ame sia ame kpɔ mɔ “agbe nu ɖa tso eƒe xɔse gbɔ eye wòagasubɔ nu bubu si wòlɔ̃ faa” eye ekpɔ mɔ “ase nya tso ame bubuwo gbɔ” alo ana “nyanya ame bubuwo,” esia lɔ mawusubɔsubɔnyawo hã ɖe eme. * Ele eme baa be gomenɔamesi siawo na wòdze kɔtɛe be ele be míade bubu gome si le ame bubuwo si be woatiae be yewoayi edzi anɔ yewoƒe subɔsubɔhawo me alo agbe nufiafia siwo dzi womeda asi ɖo o la ŋu.

Ne ame do le eƒe ƒometɔwo ƒe subɔsubɔha me ɖaɖo bubu me la, ɖe wòdo vlo eƒe ƒometɔawo ƒe dekɔnuwo kple kɔnyinyiwoa?

Mele alea o. Biblia de dzi ƒo na mí be míabu amewo katã eɖanye subɔsubɔha ka mee wole o. (1 Petro 2:17) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe se si Biblia de be míabu mía dzilawo, nenye be wole subɔsubɔha bubu me hã la dzi.Efesotɔwo 6:2, 3.

Ke hã menye ame sia amee lɔ̃na ɖe Biblia me nyawo dzi o. Nyɔnu aɖe si tsi le Zambia gblɔ be: “Le míaƒe nutoa me la . . . wobunɛ be enye nuteƒemawɔmawɔ, anukwaremaɖimaɖi na ame ƒe ƒometɔwo kpakple eƒe nutoa.” Nu sia tututue dzɔ ɖe nyɔnu sia dzi le eƒe sɔhɛme esi Yehowa Ðasefowo dze Biblia-sɔsrɔ̃ kplii eye wòva tso nya me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe be yeado le yeƒe subɔsubɔha tsãtɔ me. Egblɔ be: “Dzinyelawo gblɔ nam enuenu be yewomekpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye kura o eye be mele ŋukpe dom yewo. Esi ŋudzedze si dzinyelawo akpɔ ɖe ŋunye nɔ vevie nam ta la, esia sesẽ nam ŋutɔ. . . . Tiatia be mawɔ nuteƒe na Yehowa tsɔ wu be mawɔe na subɔsubɔkɔnyinyiwo mefia be nyemele nuteƒe wɔm na nye ƒomea o.” *

^ mm. 8 Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 785 lɔƒo la, Charlemagne de se be woawu Saxontɔ siwo agbe be womade tsi ta na yewo yewoazu Kristotɔwo o la. Nenema ke le Augsburg Ŋutifafa ƒe nubabla si te Roma Fiaɖuƒe Kɔkɔea ƒe aʋakɔ vovovo siwo le aʋa wɔm kple wo nɔewo de asii le ƒe 1555 me la, wogblɔ be dziɖula ɖe sia ɖe nanye Roma Katolikotɔ loo alo Luthertɔ, eye ele be ame siwo katã le dziɖula ɖe sia ɖe ƒe dziɖuƒe la naɖe asi le eƒe subɔsubɔha tsãtɔ ŋu aɖo eƒe dziɖulaa tɔ me. Wobia tso ame siwo katã gbe be yewomanɔ dziɖulawo ƒe subɔsubɔhawo me o la si be woaʋu adzo le nutoawo me.

^ mm. 11 Gomenɔamesi ƒe se siawo tɔgbi le Afrika Ƒe Amegbetɔwo Kple Dukɔwo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Hakplɔɖoɖowo, Amerika Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Kple Agbanɔamedziwo Ŋuti Sewo, ƒe 2004 Arabwo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Hakplɔɖoɖowo, Anyieheɣedzeƒe Asia-dukɔwo Ƒe Habɔbɔ, Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ðoɖo, kple Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla hã me. Ke hã, ale si dukɔ siwo wɔ gomenɔamesi ƒe ɖoɖo siawo ŋutɔwo léa se siawo me ɖe asi la to vovo tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ.

^ mm. 14 Biblia na míenya be Mawu vavã la ƒe ŋkɔe nye Yehowa.

Nyagblɔɖila Abraham ɖe asi le eƒe ƒometɔwo ƒe subɔsubɔ ŋu