Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Ƒe 2014 Ƒe Sia Ƒe Takpekpea Ŋuti Nyatakakawo

Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum Ƒe 100 Ye Nye Esia!

Ƒe 2014 Ƒe Sia Ƒe Takpekpea Ŋuti Nyatakakawo

Le October 4, 2014 la, ame 19,000 aɖewo kpe ta hena Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ si le Pennsylvania ƒe ƒe sia ƒe takpekpe 130 lia ƒe wɔnawo. Wɔnawo yi edzi le Yehowa Ðasefo ƒe Takpexɔ si le Jersey City si le New Jersey le United States (États-Unis) eye ame bubuwo hã kpɔ wɔnaa to videokadodowo dzi le teƒe bubuwo.

Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha me tɔ Mark Sanderson ye nɔ zi me na wɔnaa. Nɔviŋutsu Sanderson gblɔ le wɔnaa ƒe gɔmedzedze be kpekpe ɖedzesi aɖe ŋutɔe ƒe sia me ƒe takpekpea nye elabena míele Mesia Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi ƒe ƒe 100 lia ɖum.

Nɔviŋutsu Sanderson dzro nu ɖedzesi etɔ̃ siwo Fiaɖuƒea wɔ le ƒe 100 siawo me:

  • Fiaɖuƒea na be woɖe gbeƒã le xexea me godoo. Yehowa yra eƒe amewo wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia kutrikukutɔe. Togbɔ be gbeƒãɖela akpe ʋɛ aɖewo koe míenye le ƒe 1914 me hã la, fifia míeva sɔ gbɔ wu ame miliɔn enyi le ƒe 2014 ƒe subɔsubɔƒea me. Míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem dzonɔamemetɔe va se ɖe esime Yehowa nagblɔ be dɔa wu enu.

  • Fiaɖuƒea kpɔ eteviwo ƒe ƒuƒoƒoa ta. Subɔsubɔhakplɔlawo kple dziɖuɖuwo tsi tre ɖe mí Yehowa Ðasefowo ŋu vevie, eye wodze agbagba gɔ̃ hã be yewoaɖe Yehowa Ðasefowo ɖa. Ke hã Yehowa kpɔ esubɔlawo ƒe ƒuƒoƒoa ta. Ale si míeɖu dzi le senya geɖewo me, siwo dometɔ aɖewo va eme le United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ kple Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe la ɖo kpe edzi be Yehowa yi edzi le mía ta kpɔm va se ɖe fifia.

  • Fiaɖuƒea ƒo ame ƒomevi vovovowo nu ƒu wowɔ ɖeka. Mawu Fiaɖuƒea na ame ƒomevi vovovowo, siwo nye dukɔ kple gbegbɔgblɔ vovovowo me tɔwo va wɔ ɖeka, ekpe ɖe wo ŋu woɖu kuxi gbogbo aɖewo dzi eye wova zu tadeagulawo ƒe ƒuƒoƒo wɔɖeka. Nɔviŋutsu Sanderson gblɔ be: “Esia nye nukunu si Yehowa Mawu ɖeka ko ate ŋu awɔ.” Ete gbe ɖe edzi be bubu gã aɖee wònye na vavalawo katã be woakpɔ gome le ƒe sia ƒe takpekpe ɖedzesi sia me.

Nye Yehowa Xɔlɔ̃ Videowo.

Ðeviwo ƒe video siawo siwo míelɔ̃a kpɔkpɔ ƒe eve aɖewoe nye esia la ŋue wɔna ƒe akpa si kplɔe ɖo ku ɖo. Gbã la, Nɔviŋutsu Sanderson he susu yi video aɖe si me wobia gbe ɖevi siwo tso xexea me ƒe akpa vovovowo le la dzi. Ðeviawo ƒe dzimenyawo gbɔgblɔ faa kple ale si woda akpe ɖe nu siwo wosrɔ̃ le video mawo me ta la wɔ dɔ ɖe vavalawo dzi.

Azɔ woɖe ɖeviwo ƒe video yeye aɖe vavalawo kpɔ. Eƒe tanyae nye “Yehowa Akpe Ðe Ŋuwò Be Màvɔ̃ O.” Miniti 12 ƒe video sia kpe ɖe vavalawo ŋu wosrɔ̃ nu vevi aɖe tso Israel-nyɔnuvi si lé dzi ɖe ƒo heƒo nu tso Yehowa ŋu na Naaman srɔ̃ la ŋu. (2 Fiawo 5:1-14) Woda video sia ɖe jw.org dzi le Dzoɖa, October 6, 2014 eye wòle gbe 20 kple edzivɔwo me.

JW Language.

Nɔviŋutsu Sanderson ɖe gbeƒã dɔwɔnu yeye sia si wɔa dɔ le asitelefon kple kɔmpiutawo dzi. Wotrɔ asi le dɔwɔnu sia ŋu be wòakpe ɖe Yehowa Ðasefo siwo di be yewoasrɔ̃ gbe bubuwo atsɔ akeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu la ŋu. Nya kple nyagbe 4,000 kple edzivɔwo kple gbegbɔgblɔ 18 ye le dɔwɔnua dzi. Wole ɖoɖo wɔm be woatsɔ nya kple nyagbe bubuwo, ɖaseɖinya siwo míazã le gbeƒãɖeɖedɔa me kple nu bubuwo akpe dɔwɔnua dzi nuwo.

JW Nyakakadɔwɔƒe.

Vavalawo gli kple dzidzɔ esi woɖe gbeƒã internet dzi television yeye si Yehowa Ðasefowo ɖe ɖe go. Ele dɔ wɔm le Eŋlisigbe ɖeɖe ko me gbɔ. Televisiondɔwɔƒe sia le míaƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn le New York le United States. Woanɔ míaƒe videowo, hadzidziwo kple Biblia xexlẽ ƒe dramawo ƒom le television sia dzi. Gakpe ɖe eŋu la, woanɔ ɣleti sia ɣleti ƒe ɖoɖo aɖe si dzi Dɔdzikpɔha me tɔ ɖeka alo woƒe kɔmitiawo dometɔ ɖeka ƒe kpeɖeŋutɔ aɖe kpɔ la wɔm.

Nɔviŋutsu Sanderson na vavalawo kpɔ ɖoɖo sia ƒe gbãtɔ me wɔna aɖewo. Nɔviŋutsu Stephen Lett si nye Dɔdzikpɔha me tɔe kpɔ televisiondziwɔna sia dzi. Woɖe dɔ siwo gbegbe televisiondɔwɔƒe yeye sia ɖoɖo lɔ ɖe eme le televisiondziwɔna sia me. JW Nyakakadɔwɔƒea dze dɔ gɔme le October 6, 2014 eye woate ŋu akpɔe le tv.jw.org dzi.

“Fiaɖuƒea Xɔ Ƒe 100 Vɔ.”

Dɔdzikpɔhaa me tɔ Samuel Herd ye nye nyameɖela le video aɖe si ku ɖe ale si Mawu Fiaɖuƒea kpe ɖe mía ŋu vivivi míekeke ta hebi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me ŋu la me. Míaƒe ŋutinyamenudzɔdzɔwo, wɔwɔfiawo kple nuteƒekpɔkpɔ siwo gbeƒãɖela siwo nye Ðasefowo ƒe gbogbo aɖewoe nye ema dometɔ aɖewo gblɔ hã le video sia me. Wohe susu yi míaƒe dɔwɔna siwo dometɔ aɖee nye “Xexemewɔwɔ Ƒe Fotoɖeɖefia” wɔwɔ kple ale si woɖee fia ame gbogbo aɖewo la dzi le video sia me. Wogahe susu yi ale si wozã agbaƒomɔ̃wo, ɖaseɖigbalẽviwo kple ʋu siwo tame nyasemɔ̃ le kpakple gbeƒãɖeɖe ƒe gbɔlɔlɔwo le gbeƒãɖeɖedɔa me; kple suku vovovo siwo woɖo be woatsɔ ana hehe mí le gbeƒãɖeɖedɔa me hã dzi.

Vi kae wòɖena na mí ne míede ŋugble tso nu siwo Fiaɖuƒea wɔ le eƒe ƒe 100 gbãtɔ siwo va yi me? Enana be míekana ɖe edzi be nu ŋutɔŋutɔe Fiaɖuƒea nye eye wònana be míekpɔa mɔ na nu siwo wòava wɔ le etsɔme la vevie.

Hadzidzi Siwo Míazã Le Tadeagu Me.

Dɔdzikpɔhaa me tɔ David Splane na dzi dzɔ vavalawo katã esi wòna wonya be wowɔ ɖoɖo be woagbugbɔ asi atrɔ le míaƒe hadzigbalẽ Midzi Ha Na Yehowa ŋu. Eƒe akpa anɔ pɛpɛpɛ abe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia tɔ ene, eye woasi klosalotsi mawo ke ɖe eya hã ŋu. Ale si woɖoe be woazã dɔwɔnu adodoe sia atsɔ awɔ míaƒe hadzigbalẽa ɖee fia be míedea asixɔxɔ gã aɖe hadzidzi ŋu le míaƒe tadeagu me.

Nɔviŋutsu Splane ɖe gbeƒãe hã be woatsɔ ha yeye ʋɛ aɖewo akpe hadzigbalẽa me hawo. Gake mehiã be míala va se ɖe esime woɖe hadzigbalẽ si ŋu wotrɔ asi le la ɖe go hafi míadze ha yeyeawo dzidzi gɔme o. Ne wonya wu ɖe nu ko la, woadae ɖe jw.org/ee.

Wodzi ha yeyeawo dometɔ etɔ̃ siwo Betel-ƒomea srɔ̃ le kwasiɖa ma me do ŋgɔ la le ƒe sia ƒe ƒe takpekpe sia me. Nɔviŋutsu Splane xɔ ŋgɔ na hadziha wodzi ha yeye si ƒe tanyae nye “Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum—Neva Dzro!” Wokpa ha sia etɔxɛe le esi Fiaɖuƒea xɔ ƒe 100 ta. Esi hadzihaa dzi ha vɔ la, vavalawo hã kpe ɖe wo ŋuti wogadzi ɖekae. Esi wɔna yi edzi va ɖo afi aɖe la, hadziha kple vavalawo gadzi ha yeye bubu si ƒe tanyae nye “Na Dzi Nanɔ Mía Ƒo.

Gbebiame.

Wokpɔ video aɖe si me Dɔdzikpɔha me tɔ Gerrit Lösch bia gbe nɔviŋutsu etɔ̃ aɖewo kple wo srɔ̃wo le, ame siawo subɔ le Betel ƒe gbogbo aɖewo. Wogblɔ tɔtrɔ vovovo siwo teƒe wokpɔ le ƒe geɖe siwo va yi me, siwo ɖo kpe edzi be Mawu ƒe amewo le zɔ dzi. Nɔviŋutsu Lösch gblɔ be Biblia gblɔ hakplɔɖoɖowo ƒe nyonyo ɖe edzi wu sia ɖi eye wòde dzi ƒo na vavalawo katã be woayi edzi anɔ zɔ ɖem kple Yehowa ƒe habɔbɔa.Yesaya 60:17.

“Kpɔɖeŋuwo Kple Nuawo Ŋutɔŋutɔ.”

Nɔviŋutsu Splane ƒo nuƒo aɖe si me wòɖe nu si tae míegahea susu yia kpɔɖeŋuwo kple nuawo ŋutɔŋutɔwo ƒe gɔmesese dzi enuenu le míaƒe agbalẽwo me abe tsã ene o la me.

Tsã la, míegblɔna be nuteƒewɔla siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la le tsitre ɖi na Kristotɔwo ƒe hatsotso aɖewo le míaƒe ŋkekea me. Nenema ke míebu Biblia me nudzɔdzɔ geɖewo be wonye nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mawu ƒe ame siwo li egbea ŋu. Enye nyateƒe be nu siawo sɔsrɔ̃ wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Ke nu ka tae womegalɔ̃a nuƒoƒo tso kpɔɖeŋuwo kple nu siwo wole tsitre ɖi na ŋu boo le míaƒe agbalẽwo me fifia o?

Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be amewo kple nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la dometɔ aɖewo nye kpɔɖeŋu na nu siwo ava va eme le mɔ si lolo wu nu. Ne Biblia na wòdze kɔtɛe be kadodo aɖe le Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema kple Mawu subɔla siwo li egbea dome la, míexɔnɛ kple alɔ eve. Nɔviŋutsu Splane gblɔ be: “Gake ne Biblia mena wòdze kɔtɛe o la, míezia ɖoɖoe.” Ele be míaƒo asa na agbagbadzedze be míadi gɔmesese tsitotsito na Biblia me ŋutinya me nu ɖe sia ɖe. Gawu la, ne míeva vu ɖe kpɔɖeŋuwo kple nu siwo wole tsitre ɖi na didi ŋu akpa la, míaƒe susu ava dzo le gbe sia gbe nufiame siwo le Biblia me ŋutinyawo me na mí siwo aɖe vi na mí boŋ la dzi, eɖanye dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔe le mía si loo alo anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe le mía si o.Romatɔwo 15:4. *

“Àyi Edzi Anɔ ‘Ŋudzɔa’?”

Nɔviŋutsu Lett ye ƒo nuƒo sia. Eɖɔ míaƒe susu ɖo le ale si míese Yesu ƒe lododo si ku ɖe ɖetugbui leaƒe ewoawo ŋu gɔme ŋu. (Mateo 25:1-13) Ale si míese lododo sia gɔme fifiae nye esi: Ŋugbetɔsrɔ̃ lae nye Yesu, ɖetugbui leaƒeawoe nye Yesu yomedzela amesiaminawo. (Luka 5:34, 35; 2 Korintotɔwo 11:2) Lododoa ku ɖe ŋkeke mamlɛ siwo awu enu le xaxa gã me la ŋu. Esi Yesu ƒo nu tso ɖetugbui leaƒe atɔ̃ siwo nye bometsilawo ŋu la, mefia be ɖe wònɔ gbɔgblɔm be eyomedzela amesiamina gbogbo aɖewo mawɔ nuteƒe o eye wòahiã be woaɖɔli wo o. Ke boŋ ɖe wole nu xlɔ̃m wo vevie. Abe ale si ɖetugbui atɔ̃ nye aɖaŋudzelawo eye atɔ̃ hã nye bometsilawo ene la, ekpo ɖe amesiamina ɖe sia ɖe gbɔ be wòatiae be yeanye ame si le ŋudzɔ hele dzadzraɖoɖi alo anye nuteƒemawɔla.

Esi míedi be míaƒo asa na agbagbadzedze be míadi gɔmesese tsitotsito na Biblia me ŋutinya me nu ɖe sia ɖe ta la, mehiã be míadze agbagba be míakpɔ nu si lododo sia me nya ɖe sia ɖe fia le nyagblɔɖi me o. Ke boŋ ehiã be míasrɔ̃ nu vevi aɖe tso lododo sia me. Míeɖanye amesiaminawo loo alo “alẽ bubuwo” o, agba le mí katã dzi be míana míaƒe kekeli naklẽ eye ‘míanɔ ŋudzɔ.’ (Yohanes 10:16; Marko 13:37; Mateo 5:16) Ame aɖeke mate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu ɖe mía nu o. Ele be mí katã ‘míatia agbe’ to ŋudzɔnɔnɔ kple gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ madzudzɔmadzudzɔe me.—5 Mose 30:19.

“Talentowo Ŋuti Lododoa.”

Dɔdzikpɔhaa me tɔ Anthony Morris ye ƒo nuƒo si kplɔe ɖo, ekpe ɖe nyaselawo ŋu wose talentowo ŋuti lododoa me ɖeɖe si ŋu wotrɔ asi le la gɔme. (Mateo 25:14-30) Míese egɔme egbea be aƒetɔ (Yesu) si le lododoa me aɖo eteƒe na eƒe kluviwo (eyomedzela amesiamina wɔnuteƒe siwo le anyigba) le etsɔme ne eva kplɔ wo be woaɖanɔ agbe le dziƒo. Esi Yesu gblɔ nu si adzɔ ɖe “kluvi vɔ̃ɖi kuviatɔ” dzi la, menye ɖe wònɔ egblɔm ɖi be ye yomedzela amesiamina gbogbo aɖewo mawɔ nuteƒe o. Ke boŋ ɖe wònɔ nu xlɔ̃m amesiaminawo be woado vevie dɔa eye woaƒo asa na nuwɔwɔ abe kluvi vɔ̃ɖia ene.

Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso lododo sia me? Aƒetɔ si le lododoa me la tsɔ nu xɔasi aɖe de asi na eƒe kluviwo. Nenema ke Yesu hã tsɔ nu xɔasi aɖe de asi na eyomedzelawo, eyae nye be woaɖe gbeƒã ahawɔ nusrɔ̃lawo. Ele mɔ kpɔm be mí katã míado vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa me le míaƒe nɔnɔmewo nu. Nɔviŋutsu Morris kafu vavalawo ɖe ale si wole Fiaɖuƒedɔwo wɔm dzonɔamemetɔe ta.

“Ame Kae Adze Mawu Ƒe Amewo Dzi Kpuie?”

Esiae nye wɔnaa ƒe nuƒo mamlɛtɔ ƒe tanya. Dɔdzikpɔha me tɔ Geoffrey Jackson ye ƒo nuƒo wɔdɔɖeamedzi sia. Nɔviŋutsu Jackson ƒo nu tso ale si Gog si tso Magog adze Mawu ƒe amewo dzi le etsɔme la ŋu.Ezekiel 38:14-23.

Tsã la, míeɖea nu me be Gog nye ŋkɔ bubu si woyɔna na Satana Abosam esime wonyae le dziƒo. Gake Nɔviŋutsu Jackson he susu yi nyabiase vovovo siwo ku ɖe numeɖeɖe sia ŋu dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔe ɖi be ne woɖu Gog dzi la, Yehowa atsɔ Gog ana “xe ƒonu ɖe sia ɖe ƒomevi kple gbemelãwo woaɖu.” (Ezekiel 39:4) Yehowa gblɔe ɖi hã be “woaɖi Gog kple eƒe ameha blibo la” ɖe anyigba dzi. (Ezekiel 39:11) Gake aleke nu siawo ate ŋu adzɔ ɖe gbɔgbɔmenuwɔwɔ dzi? Biblia gblɔ be woade Satana aʋli me ƒe akpe ɖeka, ke menye be gbemelãwo aɖui alo woaɖii o. (Nyaɖeɖefia 20:1, 2) Gawu la, le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu la, woaɖe Satana le aʋli me eye “wòayi aɖaflu dukɔ siwo le anyigba la ƒe dzogoe eneawo dzi, siwo nye Gog kple Magog.” (Nyaɖeɖefia 20:7, 8) Edze ƒãa be Satana mate ŋu aflu Gog nenye be eya ŋutɔe ganye Gog la o.

Nɔviŋutsu Jackson ɖe eme be Gog si tso Magog si ŋu woƒo nu tsoe le Ezekiel ƒe nyagblɔɖia me la mate ŋu anye Satana o, ke boŋ anye dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si atso ɖe Mawu ƒe amewo ŋu le etsɔmee. Anɔ eme be Gog ƒe amedzidzedze la ke koe ganye “dziehefia” kple “anyigbadzifiawo” ƒe amedzidzedzea.Daniel 11:40, 44, 45; Nyaɖeɖefia 17:12-14; 19:19.

Ame kae nye “dziehefia”? Ðeko míalala akpɔe. Nu ka kee wòaɖanye o, edo ŋusẽ míaƒe xɔse ŋutɔ be ale si míese etsɔmenudzɔdzɔ siawo gɔme la yi edzi le kɔkɔm ɖe edzi esi ŋkekea le aƒe tum. Míele vɔvɔ̃m na ale si woadze Mawu ƒe amewo dzi la o, elabe míenyae be ne Gog si tso Magog dze mía dzi la, woaɖu edzi ahatsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ, evɔ mí Mawu ƒe amewo ya míanɔ anyi tegbee. *

Nyataƒonya.

Nɔviŋutsu Sanderson ɖe gbeƒãe be wota New World Translation kotokumetɔ. Eye wole Biblia ƒe odio hã wɔm, eye ame vovovowoe axlẽ bibliameme vovovoawo ƒe nyawo. Míanɔ Biblia ƒe odio siawo dam ɖe jw.org vivivi, adze egɔme tso Mateo ƒe agbalẽa dzi.

Nɔviŋutsu Sanderson ɖe gbeƒãe be ƒe 2015 ƒe mawunyakpukpuiae nye Psalmo 106:1: “Mida akpe na Yehowa, elabena eya amea nyo.” Ede dzi ƒo na vavalawo katã be woanɔ mɔnu dim anɔ akpe dam na Mawu gbe sia gbe.

Ha si wodzi tsɔ kpã wɔnae nye ha yeye etɔ̃lia si ƒe tanyae nye, “Ŋkɔwòe Nye Yehowa.” Dɔdzikpɔhaa me tɔ adreawo katã kpe ɖe hadzihaa ŋu wodzi ha sia eye vavalawo katã hã kpe asi ɖe wo ŋu wodzi ha vivi sia ɖekae tsɔ ƒo wɔna ɖedzesi sia ta wòsɔ nyuie!

^ mm. 22 Wotu nuƒo sia kple eve siwo kplɔe ɖo la ɖe nyati siwo adze le March 15, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ me la dzi.

^ mm. 30 Wotu nuƒo sia ɖe nyati si adze le May 15, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ me la dzi.