Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla ƒe Ðoɖo 18 lia gblɔ be: “Tamebubu, dzitsinya kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe” nye amegbetɔ ƒe gomenɔamesi vevi aɖe. * Le dukɔ aɖewo me la, wodea Yehowa Ðasefowo ga me le ablɔɖe vevi sia ŋu dɔwɔwɔ ta, eye wowɔa fu wo vevie gɔ̃ hã. Ame siwo wolé de ga ƒe akpa gãtɔ nye sɔhɛ siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta. Eye wolé ame bubuwo hã de ga le nuƒoƒo tso woƒe xɔse ŋu na wo haviwo dzaa ko ta.

Ŋutasẽnuwɔna siawo mena be Yehowa Ðasefo mawo gbe nu le woƒe xɔse gbɔ o. Ke boŋ ŋutasẽnuwɔna mawo ƒoa ɖi dziɖuɖu siwo gbea bubudede amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ŋu ƒe ŋkɔ. Dukɔ siwo me wolé Yehowa Ðasefowo de ga le kple Ðasefo siwo wolé de ga ƒe xexlẽme dze le aɖaka si le ete me.

DUKƆ

GAXƆMENƆLA

 Eritrea

52

 South Korea (Corée du Sud)

599

 Nagorno-Karabakh

1

 Singapore

18

 Turkmenistan

9

Wo Kãta

679

Yehowa Ðasefo siwo le gaxɔ me le November 12, 2013 dzi

 ERITREA

Le nyatakaka mamlɛtɔ nu la, Yehowa Ðasefo 52, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaae le ga me le nɔnɔme dziŋɔwo me le dukɔ sia me. Togbɔ be wometsɔ nya aɖeke ɖe wo dometɔ aɖeke ŋu le ʋɔnu alo drɔ̃ ʋɔnu wo o hã la, wolé wo de ga le esi wogbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o, woƒe subɔsubɔdɔwɔnawo alo susu bubu siwo womeʋu goe o ta. Ŋutsu etɔ̃ siwo ŋkɔwoe nye Paulos Eyassu, Isaac Mogos kple Negede Teklemariam le ga me ƒe 20 kloe nye esia le esi wogbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la ta. Wole ga me tso September 24, 1994 dzi ke. Yehowa Ðasefo eve siwo ŋkɔwoe nye Misghina Gebretinsae kple Yohannes Haile, siwo xɔ ƒe 60 kple edzivɔwo la ku le ga me. Tso esime Eritrea xɔ ɖokuisinɔnɔ le ƒe 1993 me ko la, woyi edzi le Yehowa Ðasefowo lém de ga, le funyafunya wɔm wo hele fu ɖem na wo.

 SOUTH KOREA (CORÉE DU SUD)

Fifi laa la, wolé ɖekakpui Ðasefo 599 siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la de ga eye woka ɣleti 18 sɔŋ na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòatsɔ anɔ ga me. Tso Korea-ʋa la wɔɣi va se ɖe fifia la, South Korea yi edzi le sɔhɛ ɖasefo siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o la lém eye dziɖuɖua gbe gɔ̃ hã be yemawɔ dukɔmevidɔ bubuwo wɔwɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe ƒe ɖoɖo aɖeke hã na wo atsɔ akpɔ kuxi sia gbɔe o. Va se ɖe fifia la, South Korea lé Ðasefo 17,549 de ga, eye ne wotsɔ ƒe siwo wo katã tsɔ le ga me ƒo ƒui la, ede ƒe 34,100 sɔŋ. South Korea gbe wɔwɔ ɖe xexemedukɔwo ƒe nubabla si te wòde asii la dzi, eye wògbe bubudede amegbetɔ ƒe gomenɔamesi siwo ku ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta la ŋu. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, kpɔ nyati si nye Xexemedukɔwo Le Asi Ƒum Nu Ðe South Korea Ƒe Ʋɔnu Madzɔmadzɔ Dɔdrɔ̃ Ta.

 NAGORNO-KARABAKH

Wolé Ðasefo aɖe si xɔ ƒe 20 de ga le Nagorno-Karabakh le esi wògbe be yemaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la ta, eye wogbe be yewomawɔ dukɔmevidɔ bubu wɔwɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe ƒe ɖoɖo aɖeke hã nɛ o. Le December 30, 2011 dzi la, woka ɣleti 30 nɛ be wòatsɔ anɔ ga me. Le January 29, 2013 dzi la, ebia be woaɖe asi le ye ŋu do ŋgɔ na game si woɖo, gake wogbe. Esi wògabia be woaɖe asi le ye ŋu yeakpɔ yeƒe lãmegbegblẽ si le gã dom ɖe edzi la gbɔ la, gaxɔdzikpɔlawo gagbe eya hã.

 SINGAPORE

Singapore zii ɖe eƒe dukɔmeviwo katã dzi be woaxɔ asrafo ƒe hehe eye meɖe mɔ be ame aɖeke nagbe be yemawɔe o le dzitsinya ta o. Esi ɖekakpui 18 aɖewo siwo subɔna kple Yehowa Ðasefowo ɖoe kplikpaa be yewomada le yewoƒe dzitsinya si yewotsɔ Biblia na hehee ƒe mɔfiafia dzi o ta la, wolé wo katã de ga le Asafowo ƒe Asraɖa me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe anɔ ga me ɣleti 39 sɔŋ. Woɖe asi le Ðasefo bubu ŋu le August 2013 me esi wònɔ ga me ƒe ɖeka sɔŋ le asrafowo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta la ta.

 TURKMENISTAN

Ŋutsu Ðasefo asieke aɖewo le ga me fifia le Turkmenistan—wo dometɔ enyi gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta eye ame ɖeka ya, ɖe wotso enu alakpatɔe. Woka ɣleti 12 va se ɖe ɣleti 24 na wo be woatsɔ anɔ ga me. Zi geɖe la, gaxɔdzikpɔlawo kple asrafowo ƒoa wo kutɔkutɔe. Ɣeaɖewoɣi la, ne woɖe asi le wo ŋu la, wogatsɔa nya ɖe ame mawo ke ŋu be wonye “sedzidala sẽtowo” eye wogaléa wo dea ga le afi siwo nɔnɔmeawo dzi ŋɔ le wu.

^ mm. 2 Kpɔ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amegbetɔ Ƒe Ablɔɖevinyenye Ŋu Kpeɖodzinya (Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla), Kpeɖodzinya Ðoɖo 18 lia, kple Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ðoɖo, Nyati 9 lia.