Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

JULY (SIAMLƆM) 28, 2014
UKRAINE

Setɔwo Ƒe Ðekematsɔleme Na Ŋutasẽnuwɔwɔ Kple Nu Vevi Wɔame Do Gã Ðe Edzi Le Ukraine

Setɔwo Ƒe Ðekematsɔleme Na Ŋutasẽnuwɔwɔ Kple Nu Vevi Wɔame Do Gã Ðe Edzi Le Ukraine

“Esi wometsoa afia le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o tae dzi ɖoa amegbetɔviwo ƒo ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu ɖo.” Lododo sia le eme vam le Ukraine, afi si wole ŋutasẽnuwo wɔm ɖe Yehowa Ðasefo geɖe wu ŋu le le woƒe mawusubɔsubɔ ta. Enye dzidzɔ na Yehowa Ðasefowo be Ukraine dziɖuɖua ɖe mɔ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu le dukɔa me, gake wotsi dzi vevie ɖe ale si ŋutasẽnuwo wɔwɔ ɖe wo ŋu le dzidzim ɖe edzi le dukɔa me evɔ dziɖuɖumegãwo mehea to na ŋutasẽnuwɔlawo o la ŋuti.

Ŋutasẽnuwɔwɔwo Dzi Ðe Edzi

Tso ƒe 2008 me la, wowɔ nu vevi Yehowa Ðasefo 64 le Ukraine esime wole gome kpɔm le woƒe subɔsubɔdɔwo me alo wu enu teti megbe. Ortodɔks-ha ƒe fadawoe wɔ ŋutasẽnu siawo dometɔ wuiade ɖe wo ŋu.

Tso ƒe 2008 va ɖo ƒe 2013 me la, wogblẽ nu le Fiaɖuƒe Akpatawo ŋu zi 190 sɔŋ eye ŋutasẽnuwɔla siawo tee kpɔ zi 13 be yewoatɔ dzo tadeaguƒe siawo. Le ƒe 2012 kple ƒe 2013 me la, nugbegblẽ le Fiaɖuƒe Akpatawo ŋu dzi ɖe edzi teƒe eve ne wotsɔe sɔ kple ƒe si do ŋgɔ tɔ.

Ŋutasẽnuwɔna siawo ƒe ŋɔdzidzi hã nu le sesẽm ɖe edzi. Le ƒe 2012 me la, wotɔ dzo Fiaɖuƒe Akpata eve le Donetsk Nutoa me wofiã kolikoli. Le ƒe 2013 me la, wowɔ ŋutasẽnu eve aɖewo ɖe Ðasefoawo ŋu siwo nu sẽ ale gbegbe be Ðasefo siwo ŋu wowɔ nuawo ɖo la nɔ kɔdzi ɣeyiɣi didi aɖe.

Ðasefoawo tsɔ nyaawo yi setɔwo gbɔ gake womekpɔ ta nɛ o, elabe setɔawo metso ɖe nyawo gɔme kuku ŋu o eye womehe to aɖeke hã na nu gbegblẽ wɔlaawo o.

Setɔwo Ƒe Ðekematsɔleme

Wotɔ dzo Horlivka Fiaɖuƒe Akpata le Donetsk Nutoa me le June (Masa) 5, 2014 dzi

Nunɔamesiwo dome gbegblẽ. Ne wotsɔ nunɔamesiwo dome gbegblẽ ƒe nyawo yi kpovitɔwo gbɔ la, wometsɔa dzo ɖe nyaawo ŋu o, eye ɣeaɖewoɣi hã womewɔa naneke kura tso eŋu o. Zi geɖe ne wotsɔ nya ɖe nu vlo wɔlawo ŋu le kpovitɔwo gbɔ la, womelɔ̃na be yewoanɔ anyi ɖe nya ŋu o alo wohea esia wɔwɔ ɖe megbe. Ne wotsɔ nyaawo yi ʋɔnudrɔ̃ƒe gɔ̃ hã la, ʋɔnudrɔ̃la amesamalawo metsɔa nya ɖe nu vlo wɔlawo ŋu o, eye ne edzɔ be wobu fɔ nu vlo wɔlawo hã la, womehea to na wo ale si dze o. Tso ƒe 2008 va ɖo ƒe 2012 me la, setɔwo metsɔ nya ɖe ame siwo kpɔ gome le nunɔamesiwo dome gbegblẽ 111 me la ŋu o.

Nu vevi wɔamewo. Zi geɖe la, kpovitɔwo mekua nu vevi wɔame nyawo gɔme ale si dze o, eye womedzea agbagba hã be yewoake ɖe nu gbegblẽ wɔlawo ŋu o. Ne wotsɔ nya la yi ʋɔnu la, ƒãa hafi ʋɔnudrɔ̃lawo bua fɔ agɔdzelawo alo hea to na wo. Ne ʋɔnudrɔ̃ƒewo he to na agɔdzelawo hã la, toheheawo mesɔna ɖe agɔdzedzeawo nu o, elabena womebua woƒe nuwɔna siawo be wonye fuléle mawusubɔlawo o.

Tomahemahe na ŋutasẽnuwɔlawo na be dzi ɖo wo ƒo woyi ŋutasẽnuwo wɔwɔ dzi

Woƒo Oleksandr Tretiak

Oleksandr Tretiak

Wowɔ ŋutasẽnu dziŋɔ aɖe ɖe Oleksandr Tretiak, si nye Ðasefo si xɔ ƒe 41 la ŋu le November (Adeɛmekpɔxe) 26, 2013 esime wòyi ɖakpɔ gome le mawusubɔsubɔdɔ aɖe me trɔ gbɔna aƒe me. Ameawo ƒo aƒetɔ Tretiak vevie miniti 20 kple edzivɔwo. Ede dzesi ame siwo wɔ nua kplii la be woawoe nye Ruslan Ivanov; Anatoliy Dovhan, kpovitɔwo ƒe amegã xɔdzudzɔ aɖe, kple Evheniy Ihlinskiy, si nye Dovhan ƒe to eye wòfiaa mɔ ʋukulawo le ʋumɔ dzi hã. Aƒetɔ Tretiak dze agbagba si le wo gbɔ eye wokplɔe yi kɔdzi enumake elabe exɔ abi vevie. Abi kple dodro sɔ gbɔ ɖe eŋuti, exɔ abi ɖe ta eye wogbã ŋɔti hã nɛ.

Togbɔ be exɔ abi vevie alea hã la, nyagɔmekulawo ɖɔ ŋutasẽnuwɔna sia be enye nu vlo wɔwɔ “sue” aɖe si ame etɔ̃ aɖewo siwo “womenya o” la wɔ. Esi aƒetɔ Tretiak nɔ kɔdzi kwasiɖa eve megbe la, woɖe asi le eŋu be neyi aƒe me togbɔ be mekpɔ haya o hã, elabe nenɔ kɔdzi eteƒe didi la aƒoe ɖe setɔwo nu be woabu ŋutasẽnuwɔna be eyi ŋgɔ wu nu vlo wɔwɔ “sue” aɖe ko. Ale si gbegbe wòxɔ abi la wɔe be wogaxɔe ɖe kɔdzi le ŋkeke si kplɔe ɖo pɛ ko dzi. Enɔ kɔdzi ŋkeke 23 sɔŋ.

Nyitsɔ laa la, wotsɔ nya ɖe ŋutasẽnuwɔla siawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Ruslan Ivanov ŋu, gake esi dzo hafi wova le nya tsɔm ɖe eŋu. Aƒetɔ Tretiak le vɔvɔ̃m be amedzidzelaawo agadze ye dzi ake. Egblɔ be, “Meka ɖe edzi be amedzidzelaawo lé fu Yehowa Ðasefowo eye ɖe woɖoe be yewoawum.”

Ðe Dziɖuɖumegãwo Awɔ Nane Tso Nɔnɔmea Ŋua?

Yehowa Ðasefo 150,000 ye le Ukraine, eye wotea ŋu wɔa woƒe mawusubɔsubɔdɔwo le ablɔɖe me eye dziɖuɖumegãwo kpe ɖe wo ŋu tsã va yi esime woɖo nɔnɔme sesẽwo me. Ðasefoawo le mɔ kpɔm be Ukraine dziɖuɖumegãwo ana woaku nu vlo wɔwɔ ƒe nyawo gɔme nyuie ahahe to na nu gbegblẽ wɔlawo ale be womegatsi tomahemahe azɔ o.