Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

JULY (SIAMLƆM), 2015
SOUTH KOREA (CORÉE DU SUD)

Ðe South Korea Ʋɔnudrɔ̃lawo Sɔ Gbe Azɔ Awɔ Ðe Xexemedukɔwo Ƒe Ðoɖo Siwo Ku Ðe Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Gbegbe Le Dzitsinya Ta Ŋu La Dzia?

Ðe South Korea Ʋɔnudrɔ̃lawo Sɔ Gbe Azɔ Awɔ Ðe Xexemedukɔwo Ƒe Ðoɖo Siwo Ku Ðe Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Gbegbe Le Dzitsinya Ta Ŋu La Dzia?

South Korea (Corée du Sud) Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒe agadzro eme kpɔ be ale si dziɖuɖua gbe be yemana asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ƒe gome dukɔmeviwo o la wɔ ɖeka kple dukɔa ƒe dukplɔsea mahã. * Ƒe ene pɛ koe nye esi va yi la, ʋɔnudrɔ̃ƒe sia tso nya me le ƒe 2011 me be tohehe na ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta le Ðoɖo Tɔxɛ Hena Tohehe Na Ame Siwo Gbe Asrafodɔwɔwɔ ƒe ɖoɖoa nu menye dukɔa ƒe dukplɔsea dzi dada o. Etso nya me nenema xoxo do ŋgɔ le ƒe 2004 me.

Gake fifia Ʋɔnudrɔ̃ƒea le nane si melɔ̃a wɔwɔ o la wɔ ge, eyae nye be ase ame etɔ̃ aɖewo siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la ƒe nyawo ɖekae le July (Siamlɔm) 9, 2015 dzi. Habɔbɔ vovovowo ŋlɔ nu na Ʋɔnudrɔ̃ƒea tsɔ de asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ƒe gomenɔamesi sia dzi. Esi wònye be wova da asi ɖe gomenɔamesi sia dzi le xexea me godoo ta la, ŋku va le South Korea ŋu esi wògbe gomenɔamesi sia nana eƒe dukɔmeviwo.

Dukɔ Geɖewo Ƒe Ŋku Va Le South Korea Ŋu

Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmiti bia tso South Korea si be wòatrɔ asi le nɔnɔmeawo ŋu. Tso ƒe 2006 me ke la, Kɔmiti sia tso nya me zi atɔ̃ ku ɖe ame 500 siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la ŋu, * eye wòbia tso South Korea si be wòawɔ ɖoɖo si aɖe mɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe ŋu na eƒe dukɔmeviwo.

Dukɔwo Dome Agɔdzedzetsɔtsɔke Ta Ʋliha, si nye habɔbɔ si le London si ʋlia amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ta la, he susu yi ale si South Korea le nu wɔm ɖe ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta ŋui la dzi le eƒe nyati aɖe si wòŋlɔ le May (Damɛ) 13, 2015 dzi la me le Xexemedukɔwo Ƒe Asrafodɔgbegbe Le Dzitsinya Ta Ƒe Azã dzi. Nyatia ku ɖe sɔhɛ Ðasefo siwo le South Korea, siwo tsi ate ŋu axɔ asrafo ƒe hehe kple nu siwo me tom wole le dukɔa ƒe se si le dɔ wɔm fifia nu la ŋu. Le kwasiɖa ma ke me la, nyakakadɔwɔƒe vovovowo, siwo dometɔ aɖewoe nye CNN kple The Washington Post ŋlɔ nyatiwo ku ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta kple sɔhɛ Ðasefo siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o la ŋu.

Kuxi Si Dze Ŋgɔ Ʋɔnudrɔ̃lawo

Ne Yehowa Ðasefowo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le South Korea la, nu si ko ʋɔnudrɔ̃lawo wɔna lae nye be wobua fɔ wo be wosi le asrafo ƒe hehexɔxɔ nu. Gake eva le tetem ɖe ʋɔnudrɔ̃la geɖewo dzi be yewoabu fɔ ɖekakpui fatu siwo ƒe “agɔdzedze” la katã koe nye be wolé woƒe dzixɔse siwo womefena kple o la me ɖe asi. * Gbe ɖeka esi ʋɔnudrɔ̃la aɖe le nya drɔ̃m le Suwon Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea la, ɖeko wòwó avi doo, elabe nu bubu aɖeke meli le sea nu wòawɔ wu be wòabu fɔ Ðasefo aɖe si eya ŋutɔ nya nyuie be medze agɔ aɖeke hafi o la.

Le May (Damɛ) 12, 2015 dzi la, Gwangju Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe tso nya me be Yehowa Ðasefo etɔ̃ aɖewo “meɖi fɔ o.” Ʋɔnudrɔ̃la sia tso nya me alea togbɔ be menye alea wolɔ̃a wɔwɔ le dukɔa me o hã. Egblɔ na Ðasefoawo be, “Nu si katã mate ŋu awɔ na mí koe nye be masi matsesi sue sia na mi ale be miawo ŋutɔ miatsɔe ado dzo gã aɖee.” Egblɔ esia kple susu be yeatsɔ ade dzi ƒo na dziɖuɖumegãwo woatrɔ asi le sea nu. Gake ʋɔnudrɔ̃la amesamala bia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye.

Nutomeʋɔnudrɔ̃la adre aɖewo gbe fɔbubu ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta hetsɔ nya la yi Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒe la, togbɔ be Ʋɔnudrɔ̃ƒe sia tso nya me le nya sia ŋu le ƒe 2004 kple ƒe 2011 me hã. Ʋɔnudrɔ̃la siawo gbe be yewomabu fɔ sɔhɛ aɖe si gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le eƒe dzitsinya ta o. Le nyadɔdrɔ̃ siawo dometɔ ɖeka me la, Ʋɔnudrɔ̃la Young-hoon Kang si wɔa dɔ le Suwon Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be tohehe na ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta “anye bubumademade woƒe gomenɔamesiwo kple woƒe amenyenye ŋuti. Ðikeke mele eme o be enye asixɔxɔmademade amegbetɔ ŋu.”

Wole Koko Ƒom Na Ʋɔnudrɔ̃lawo Be “Woaƒo Dzo Ðe Ʋɔnudrɔ̃ƒea Te”

Le December (Dzome) 2014 me la, Korea Ʋɔnudrɔ̃lawo Ƒe Habɔbɔ wɔ takpekpe aɖe ku ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ŋu. Aƒenɔ Su-an Cheon, si nye ʋɔnudrɔ̃la le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tsã, he susu yi ale si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmitia bu fɔ South Korea dukɔa le eƒe nyametsotso aɖe me va yi la dzi. Ʋɔnudrɔ̃laa gblɔ be nu si wɔm dziɖuɖua le nye “ŋukpe na dukɔa.” Egblɔ be “susu aɖeke meli si tae woalé sɔhɛ alafa gbogbo siawo ade ga o” eye wòƒo koko na ʋɔnudrɔ̃lawo kple senyala siwo le wɔnaa me be “woaƒo dzo ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea te” ne wòatso nya me wòawɔ ɖeka kple xexemedukɔwo ƒe ɖoɖowo ku ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ŋu.

Aƒenɔ Cheon ƒo nya ta be: “Ele be míawɔ dɔ bubuwo wɔwɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe ƒe ɖoɖo na dukɔmeviwo kaba. . . . Esia wɔwɔ anye nu ɖedzesi aɖe le Korea-dukɔa ƒe ŋutinya me, eye wòanye ŋgɔyiyi gã aɖe hã le amegbetɔ ƒe gomenɔamesinyawo gome le dukɔa ƒe dukplɔla gbãtɔ si nye nyɔnu la ƒe dziɖuɣi. Mɔ sia ko dzie míato aklɔ ŋukpe si vu bla mí le esi míede megbe le amegbetɔ ƒe gomenɔamesinyawo gome ta la le mía ɖokui ŋu.”

Ðe Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒea Awɔ Ðe Xexemedukɔwo Ƒe Ðoɖowo Dzia?

Ƒe geɖewoe nye esia Yehowa Ðasefo siwo le South Korea kpe fu geɖe le esi wogbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le woƒe dzitsinya kple mawudzixɔsewo ta. Esi wonɔ mɔ kpɔm na Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa vevie la, biabia eve siawo koe le wo si: Ðe Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo sɔ gbe aʋli ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la ta? Ðe South Korea dziɖuɖua awɔ ɖe xexemedukɔwo ƒe ɖoɖo ku ɖe amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ŋu la dzia?

^ mm. 2 Korea dziɖuɖua meɖe mɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ŋu o. Le ƒe 60 siwo va yi me la, elé Yehowa Ðasefo 18,000 kple edzivɔwo de ga le esi wolé woƒe dzixɔsewo me ɖe asi ta. Ne èdi be yeakpɔ Ðasefo siwo wolé de ga le South Korea la, kpɔ nyati si nye “Wode Wo Ga Le Woƒe Xɔse Ta—South Korea.”

^ mm. 5 Nyametsotso 1321/2004 kple 1322/2004, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Nuŋlɔɖi CCPR/C/88/D/1321-1322/2004, 3 November 2006; Nyametsotso 1593 to 1603/2007, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Nuŋlɔɖi CCPR/C/98/D/1593-1603/2007, 23 March 2010; Nyametsotso 1642-1741/2007, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Nuŋlɔɖi CCPR/C/101/D/1642-1741/2007, 24 March 2011; Nyametsotso 1786/2008, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Nuŋlɔɖi CCPR/C/106/D/1786/2008, 25 October 2012; Nyametsotso 2179/2012, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Nuŋlɔɖi CCPR/C/112/D/2179/2012, 15 October 2014.