Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

MARCH (TEDOXE) 12, 2015
CONGO-KINSHASA

Congo-Kinshasa De Se Be Womegatɔ Ŋku Sukuvi Aɖeke Le Sukuwo Me O

Congo-Kinshasa De Se Be Womegatɔ Ŋku Sukuvi Aɖeke Le Sukuwo Me O

“Míeho aʋa ɖe ŋkutɔtɔ ame kple ameŋkumekpɔkpɔ ŋu [vevie ŋutɔ] le Dukɔa Ƒe Sukuwo me.”— Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Sukudenyawo Gbɔ ƒe Agbalẽŋlɔla Ƒe Dɔwɔƒe, June (Masa) 12, 2014.

Ƒe geɖee nye esia la, wonyaa Ðasefowo ƒe vi siwo le suku siwo mawusubɔsubɔha bubuwo doa alɔe me le Congo-Kinshasa le esi wogbena be yewomakpɔ gome le subɔsubɔhawo ƒe subɔsubɔwɔnawo me o ta. Esia va zu kuxi sesẽ aɖe, elabe subɔsubɔhawo va tsɔ woƒe sededewo ɖo ŋgɔ na dziɖuɖua ƒe sededewo eye wotua afɔkpo sukuvi Ðasefowo ƒe gomenɔamesiwo. Congo dziɖuɖumegãwo va de dzesi nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siawo eye woƒo nya ta be gome le ame sia ame si be wòade suku eye ame aɖeke mekpɔ mɔ atɔ ŋkui o.

Suku Siwo Subɔsubɔhawo Doa Alɔe Bua Woƒe Sededewo Vevie Wu Dziɖuɖua Ƒe Sededewo

Mawusubɔsubɔhawo bla nu kple Congo dziɖuɖumegãwo be yewoado alɔ dziɖuɖusuku siwo le nuto siwo me hiahiã le. Wogblɔ le nubablaa me tẽe be “ele be woakpɔ ɖeviwo ta tso ŋkutɔtɔ ame kple mɔxexe ɖe ame ƒe ablɔɖe nu le subɔsubɔnyawo ta la si me.” Gake suku siwo subɔsubɔhawo doa alɔe la ƒe sukumegãwo ŋutɔ de se aɖewo le woƒe sukuawo me eye wobiaa tso sukuviwo katã si be woade subɔsubɔwɔnawo ahakpɔ gome le wo me. Suku siawo dometɔ geɖe te tɔ ɖe edzi be ele be sukuviwo katã nawɔ ɖe yewoƒe sededewo dzi eye woda le nubabla si le wo kple dziɖuɖua dome kple sukuviawo ƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe dzi.

Kuxia va dze go nyuie le ƒe 2005 me esi wonya sukuvi Ðasefo 52 le suku siwo dzi subɔsubɔhawo kpɔna le Abumombazi si le Equateur Nuto me, elabe wobia be sukumegãwo naɖe mɔ na yewo be yewomagakpɔ gome le subɔsubɔwɔnawo me o. Nya la do gã ɖe edzi esi suku siwo subɔsubɔhawo doa alɔe siwo le nuto bubuwo hã me te sukuvi Ðasefowo nyanya. Ɣeaɖeɣi la, wonya sukuvi Ðasefo 300 siwo le xɔ vovovowo me la le suku le Congo, wo dometɔ aɖewo nɔ suku nu wum ɣemaɣi gɔ̃ hã.

Kanyere Ndavaro, si nye sukuvi ƒe-13-vi aɖe si wonya madzemadzee le suku le 2009 me gblɔ be: “Ale si wogblẽ nu le nye agbe ŋu alea te ɖe dzinye ŋutɔ. Nyemenya ale si etsɔme anɔ nam o.” Kambere Mafika Justin si wonya le suku ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe sukunuwuwu le ƒe 2010 me gblɔ be nuwɔna ma “tɔtɔ nye agbe kura.” Togbɔ be ete ɖe sukuviawo dzi vevie be womeɖe mɔ na yewo be yewoade suku alo axɔ ɖaseɖigbalẽ o hã la, woɖoe kplikpaa be yewomaɖe asi le yewoƒe mawudzixɔsewo ŋu o.

Congo Dziɖuɖumegãwo De Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Dzi

Sukuvi siwo wonya le suku la dzilawo do go kple sukumegãwo be woakpɔ kuxia gbɔ, gake womekpɔ ta nɛ o. Esia wɔe be Ðasefoawo tsɔ nya la yi dziɖuɖumegãwo gbɔ, eye woke ɖe dziɖuɖumegã ameŋkumemakpɔla siwo tso ɖe nya la ŋu hekpɔ egbɔ be wodzudzɔ ŋkutɔtɔ sukuviawo le woƒe mawudzixɔsewo ta.

Le ƒe 2011 me la, aƒenɔ Bazizane Maheshe, si nye Dudɔnunɔla Si Kpɔa Sukudenyawo Gbɔ le Dziehe Kivu Nutoa me ɖe agbalẽvi aɖe ɖe go si ƒe tanyae nye “Mɔxexe Ðe Ŋkutɔtɔ Ame Le Mawusubɔsubɔnyawo Ta Nu,” si ɖɔ sukuviwo ƒe nɔnɔmea be “ewɔ nublanui ŋutɔ.” Wogblɔ tso nyaa ŋu tẽe le agbalẽvia me be: “Woɖea ŋku tɔa sukuvi siwo le suku siwo subɔsubɔhawo doa alɔe me la le esi wogbe be yewomakpɔ gome le subɔsubɔwɔna siwo woɖo le sukuawo me o la ta, eye woŋea aɖaba ƒua Congo-dukɔa ƒe sededewo dzi.”

Nya sia de du le dukɔa me le September (Anyɔnyɔ) 4, 2013 dzi, esi Mwangu Famba, Congo-dukɔa ƒe Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Sukudenyawo Gbɔ de se aɖe si bla sukuwo katã le dukɔa me. Wogblɔ le “Sedede Ðe Ŋkutɔtɔ Ame Le Mawusubɔsubɔnyawo Ta Nu Ŋuti Gbalẽvi” la me tẽe be: “Gome le sukuvi ɖe sia ɖe si le sukuwo katã me, eye medze be woatɔ ŋku wo dometɔ aɖeke le eƒe mawusubɔsubɔ ta o.” Wogagblɔ le sededea me hã be sukuviwo nyanya le suku le woƒe mawusubɔsubɔ ta nye “dada le Congo-dukɔa ƒe ɖoɖowo kple sewo dzi.”

Suku geɖewo wɔ ɖe dziɖuɖua ƒe sededea dzi eye wogbugbɔ sukuvi Ðasefoawo xɔ ɖe woƒe sukuawo me. Gake suku ʋɛ aɖewo gbe. Eya ta le June (Masa) 12, 2014 dzi la, Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Sukudenyawo Gbɔ ɖe nyatakaka aɖe ɖe go le September (Anyɔnyɔ) 2013 me si gado ŋusẽ sedede tsãtɔa eye wòhe susu yi se yeye si Congo Dukplɔla de ku ɖe sukudenyawo * ŋu la dzi. Ŋkuɖodzinya siawo tɔ asi nu si tutu le megbe na kuxi sia dzi eye wona eme kɔ tẽe be ele be woatso ɖe ŋkutɔtɔ ame le eƒe mawusubɔsubɔ ta ŋu eye wòɖo kpe edzi hã be dukɔa kple xexemedukɔwo ƒe sewo le ŋgɔ na sukuwo ŋutɔwo ƒe sededewo. Dudɔnunɔla Si Kpɔa Sukudenyawo Gbɔ ɖo nyagɔmekulawo be woaku nya gɔme le suku siwo le dukɔa me godoo ale be woakpɔ ale si wole sedede sia dzi wɔmee. Ðikeke mele eme o be nu nyuiwo ado tso dziɖuɖua ƒe afɔɖeɖe siawo me eye wòakpɔ kuxi sia gbɔ eteƒe nadidi.

Eɖe Vi Na Ame Geɖewo

Suku siwo le Congo wɔ ɖe sedede sia dzi eye sukuviwo katã ate ŋu akpɔ mɔ be womagatɔ ŋku yewo le suku le yewoƒe mawusubɔsubɔ ta azɔ o. Sukuviwo asrɔ̃ ale si woade bubu ame sia ame ŋuti, eɖanye subɔsubɔha ka mee wòle o. Esia ana be Congo Dukplɔsea kple Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Sukudenyawo Gbɔ ƒe sededewo dzi ko woawɔ le sukuwo me, eye woɖo ameŋkumemakpɔmakpɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe na dukɔa me sɔhɛwo hã.

^ mm. 12 Xexlẽdzesi 014/004/2014 “Sukudenyawo ŋuti sedede yeyea . . . na gome dzilawo be woate ŋu ade wo viwo suku ɖe sia ɖe si wolɔ̃ faa. . . . Míeho aʋa ɖe ŋkutɔtɔ ame kple ameŋkumekpɔkpɔ ŋu [vevie ŋutɔ] le Dukɔa Ƒe Sukuwo me.”