WARSAW (VARSOVIE) le Poland (Pologne)—Le January 27, 2015 dzi la, ame akpe geɖewo aɖu ɖeɖekpɔkpɔ tso Auschwitz ƒe ƒe 70 lia. Auschwitz sia nye Germany ƒe Nazitɔwo ƒe fuwɔamegakpɔ kple amewusaɖa. Nu si tae Nazitɔwo tu fuwɔamegakpɔ dziŋɔ sia ɖoe nye be yewoazãe atsɔ atsrɔ̃ ame ƒomevi aɖewo koŋ ɖa, gake wowɔ fu Yehowa Ðasefo siwo nye dukɔ vovovowo me tɔwo hã le afi sia.

Auschwitz-Birkenau ƒe Blemanudzraɖoƒe kple Auschwitz Dukɔwo Dome Adaŋudeha woe le ɖoɖo wɔm ɖe wɔnaa ŋu. Wokpɔ mɔ be Polandtɔwo ƒe dukplɔla Bronisław Komorowski ava wɔna la teƒe eye xexemedukɔ vovovowo hã aɖo woƒe dziɖuɖumegãwo ɖa.

Auschwitz le Oświęcim, si nye Poland-du aɖe si Nazitɔwo xɔ le Xexemeʋa II lia me ƒe golɔgoe aɖe me. Le gɔmedzedzea me esi Germanytɔwo ɖo fuwɔamegakpɔ sia le June 1940 me la, wokplɔ Polandtɔ 700 va de ga le afi sia. Auschwitz fuwɔamegakpɔ la va keke ta kabakaba, eye wova ɖo gaxɔ gã 40 kple gaxɔ sue gbogbo aɖewo ɖe eme. Ame 20,000 aɖewo kuna le Auschwitz-Birkenau ƒe aɖiyaxɔ eneawo me gbe sia gbe. Woɖo ame miliɔn ɖeka kple akpe alafa ɖeka ya teti ɖe Auschwitz le ƒe atɔ̃ siwo wowɔ fu amewo le afi ma la me. Ame siawo dometɔ 400 kple edzivɔ nye Yehowa Ðasefowo.

Wogblɔ le Auschwitz-Birkenau ƒe Blemanudzraɖoƒea ƒe nyatakakadzraɖoƒe be: “Ŋutinyagbalẽ siwo ƒo nu tso Auschwitz Fuwɔamegakpɔa ŋu meƒo nu boo tso Yehowa Ðasefo (siwo woyɔna le asaɖa la ƒe nuŋlɔɖiwo me be [Nusrɔ̃viwo]) siwo wolé de ga le woƒe mawusubɔsubɔ ta la ŋu o, negbe nya ʋɛ aɖewo ko wogblɔ tso wo ŋu. Ehiã be míatsɔ ɖe le gamenɔla siawo hã ƒe nya me le ale si wote ŋu lé woƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo me ɖe asi sesĩe le nɔnɔme sesẽ siwo me woto le fuwɔamegakpɔa me la ta.” Blemanudzraɖoƒea ƒe nuŋlɔɖiwo ɖee fia be Yehowa Ðasefowo nɔ gamenɔla gbãtɔ siwo woɖo ɖe Auschwitz la dome. Yehowa Ðasefo alafa geɖe siwo woɖo ɖe gaxɔ sia me la dometɔ 35 le alafa me ku tsi afi sia.

Andrzej Szalbot (Gamenɔla–IBV 108703): Nazitɔwo lée le ƒe 1943 me eye wokplɔe yi Auschwitz fuwɔamegakpɔ me esi wògbe be yemakpɔ gome le asrafodɔ me o le dzitsinya ta ŋuti.

Nazi-dziɖuɖua tɔ ŋku Yehowa Ðasefowo le ƒe 1933 ƒe gɔmedzedze eye woxe mɔ ɖe habɔbɔ sia nu le Germany-dukɔa katã me. Ðasefoawo ƒe agbenɔnɔ kple woƒe nuwɔna mesɔ ɖe Nazitɔwo ƒe susuwo nu o. Le kpɔɖeŋu me, wobia tso amewo katã si be woagblɔ “Heil Hitler!,” gake Ðasefowo ya mate ŋu agblɔ nya sia o. Ðasefoawo bunɛ be bubu sia gbegbe dede Hitler ŋu nye nuteƒemawɔmawɔ na Mawu. Ðasefoawo gbe hã be yewomawɔ asrafodɔ aɖeke o, esia na be dziɖuɖua bua wo be wolé fu dukɔa. Andrzej Szalbot si wolé yi Auschwitz le ƒe 1943 me esime wòxɔ ƒe 19 la gblɔ be: “Woɖoa ame siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o la ɖe fuwɔamegakpɔ me.” Wodoa ŋugbe na Yehowa Ðasefowo be ne wode asi agbalẽ te be yewomeganye habɔbɔa me tɔ o eye wogblɔ be Ðasefoawo ƒe nufiafiawo mesɔ o la, yewoaɖe asi le wo ŋu enumake. Aƒetɔ Szalbot gbe asidede agbalẽa te.

Wodo ŋugbe na Yehowa Ðasefowo be yewoaɖe asi le wo ŋu ne wogbe nu le woƒe xɔse gbɔ hede asi agbalẽvi aɖe si le abe esi le dzedzem le afi sia ene la te.

Wozã ŋɔŋlɔdzesi kpui si nye “IBV” na Yehowa Ðasefowo le Nazi-dziɖuɖua ƒe nuŋlɔɖiwo me. Ŋɔŋlɔdzesi sia fia Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo Ƒe Habɔbɔ (eƒe Germanygbe me tɔe nye Internationale Bibelforscher-Vereinigung). Nazitɔwo bia tso Ðasefoawo si be woade dzesidevɔ dzẽ si le dzogoe etɔ̃ me ɖe woƒe gaxɔmenɔwu ŋu. Dzesi sia kpe ɖe Ðasefoawo ŋu le gakpɔa me wokpɔa wo nɔviwo dzea sii bɔbɔe. Fiẽ sia fiẽ hafi gamenɔlawo nava ƒo ƒu be woayɔ wo ŋkɔ la, Ðasefoawo kpena dea dzi ƒo na wo nɔewo. Wokpena le adzame hã dzroa Biblia me kple gamenɔla bubu siwo dzi Ðasefoawo ƒe dɔmenyonyo kple xɔse wɔ dɔ ɖo. Gamenɔla geɖewo va zu Yehowa Ðasefowo le Auschwitz fuwɔamegakpɔa me.

Le Memleɖa, January 27, 1945 ƒe ŋdi la, Soviet-dziɖuɖua ƒe Asrafoha Dzĩ va ɖo Oświęcim. Le ɣetrɔ ga 3 la, Soviet-dziɖuɖua ƒe aʋakɔa naa ablɔɖe gamenɔla 7,000 siwo le Auschwitz I, Auschwitz II (Birkenau) kple Auschwitz III (Monowitz).

Stanisław Zając. Eva ɖo Auschwitz le February 16, 1943.

Yehowa Ðasefo si ŋkɔe nye Stanisław Zając nɔ ame akpe geɖe siwo dzi Nazitɔwo zi be woadzo le Auschwitz fuwɔamegakpɔa me hafi Asrafoha Dzĩa nava ɖo la dome. Aƒetɔ Zając kple gamenɔla siwo ade 3,200 ʋu tso asaɖa sue si nye Jaworzno me hezɔ kuzɔli dziŋgɔ ma to sno dziŋɔ ma me. Wobu akɔnta be gamenɔla siwo tso asaɖa ma me la dometɔ siwo tsi agbe le ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔli ma me va ɖo Blechhammer, si nye Auschwitz ƒe asaɖa sue aɖe si le ave me la mede 2,000 o. Le nu siwo Aƒetɔ Zając ŋlɔ ɖi ku ɖe nudzɔdzɔ ma ŋu me la, eƒo nu tso aʋa aɖe si fe ati le asaɖa la me eye eya kple gamenɔla bubuwo be ɖe asaɖa la me ŋu. Egblɔ be: “Míekpɔ aʋawɔʋuwo va nɔ yiyim, gake mía dometɔ aɖeke mete ŋu do dzi be yeakpɔ ɖa be ame kawo wonye mahã o. Le ŋufɔke ƒe ŋdi la, míede dzesii be Russiatɔwoe. . . . Russiatɔwo xɔ avea me katã, eye gbe ma gbee fu dziŋɔ siwo mekpe le asaɖa ma me la wu enu.”

Le ƒe sia me la, woawɔ takpekpe kple ɖeɖefia siwo ku ɖe ablɔɖekpɔkpɔ le Auschwitz ƒe ƒe 70 lia ɖuɖu ŋu le January 27 le du vovovo me le xexea me godoo.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Germany: Wolfram Slupina, tel. +49 6483 41 3110

Poland: Ryszard Jabłoński, tel. +48 608 555 097