Gbebiabia Nufialagã Massimo P. Franchi Si Ganye Ðɔkta Gã
“Meda akpe na Yehowa Ðasefowo ŋutɔ le ale si wokpe ɖe ŋunye le nye dɔwɔwɔ me. Wokpe ɖe nye ame si nye ɖɔkta gã ŋu mekpɔ ale si wòanya wɔ kple nu si tae wòle be míawɔ dɔ na amewo ʋumazãmazãe.”
Gbebiabia Nufialagã Massimo P. Franchi Si Ganye Ðɔkta Gã
“Meda akpe na Yehowa Ðasefowo ŋutɔ le ale si wokpe ɖe ŋunye le nye dɔwɔwɔ me. Wokpe ɖe nye ame si nye ɖɔkta gã ŋu mekpɔ ale si wòanya wɔ kple nu si tae wòle be míawɔ dɔ na amewo ʋumazãmazãe.”
Yehowa Ðasefowo Wu Woƒe Dɔwɔƒegã Yeyea Tutu Dɔa Ƒe Akpa Vevitɔ Nu
Ðasefowo le mɔ kpɔm be yewoawu yewoƒe dɔwɔƒegã yeyea tutu nu le September (Anyɔnyɔ) 1 dzi, si nye ɣleti ene sɔŋ do ŋgɔ na ɣeyiɣi si le wòle be woawu enu.
Ðasefowo Te Woƒe Teƒe Siwo Le Brooklyn Dzadzra
Yehowa Ðasefowo le woƒe teƒe siwo le Dumbo kple Brooklyn Heights si le Brooklyn le New York, siwo amewo le mɔ kpɔm na vevie be yewoaƒle la dzram.
Wona Nunana Ðasefowo Le Biblia-fiafiadɔ Siwo Wɔm Wole Le Mexico-gaxɔwo Me Ta
Dziɖuɖumegãwo da akpe na Yehowa Ðasefowo ɖe woƒe Biblia-fiafiadɔ siwo wɔm wole le Baja California nutoa ƒe gaxɔwo me la ta.
Ðasefo Siwo Le Ghana Tso Kpla Na Kpekpeɖeŋu Esi Tsi Ðɔ Ðe Amewo
Ðasefo siwo le Ghana tso kpla ɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti na kpekpeɖeŋu ame siwo ŋuti tsiɖɔɖɔ gblẽ nu le, wona tsi nyuiwo hewɔ atike na ɖewo hã.
Nunyalagãwo Meda Asi Ðe Ale Si Russia Xe Mɔ Ðe JW.ORG Nu Dzi O
Russia ɖeka koe nye xexemedukɔ si xe mɔ ɖe jw.org, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyatakakadzraɖoƒe la nu le July (Siamlɔm) 21, 2015 dzi.
Wowɔ Ŋkuɖodzikpe Aɖe Tsɔ Ðo Ŋku Ðasefo Austriatɔ Aɖe Si Nazitɔwo Wu Dzi, Nutodzikpɔla Ƒe Nuƒo Vevi
Vienna ƒe nuto si nye Meidling dzi kpɔla Gabriele Votava ƒo nuƒo aɖe si me wòɖe nu le ŋkuɖodzikpe si wowɔ tsɔ ɖo ŋku Aƒetɔ Gerhard Steinacher, si nye Yehowa Ðasefo aɖe si wowu esime wòxɔ ƒe 19 le esi wògbe be yemakpe asi ɖe aʋawɔwɔ ŋu o ta la dzi.
Dumegã Siwo Le Canada Ƒe Dzigbenuto Saɖeagawo Me Da Akpe Na Yehowa Ðasefowo Ðe Biblia-Fiafiadɔ Tɔxɛ Aɖe Ta
Yehowa Ðasefowo yi ame siwo le Aklavik, si le Dzieheɣetoɖoƒenuto me le ɣetoɖoƒe gome va se ɖe Kangiqsualujjuaq le Quebec si le ɣedzeƒe gome la gbɔ.
Ƒe 2014 Dukɔwo Dome Takpekpe—Gbebiabia Zimbabwe Alɔdzedɔwɔƒea Ƒe Teƒenɔla
Aƒetɔ John Jubber gblɔ dɔ si gbegbe dukɔwo dome takpekpe si Yehowa Ðasefowo wɔ le Harare le August (Dasiamime) 2014 me la wɔ ɖe amewo dzi.
Ðasefo Siwo Le Zimbabwe Le Ƒe 2015 “Srɔ̃ Yesu!” Nutome Gã Takpekpewo Wɔm Le Dukɔwo Dome Takpekpe Ðedzesi Aɖe Si Wowɔ Ƒe Ðekae Nye Esia Megbe
Ƒe 2014 dukɔwo dome takpekpe la va zu nyadzɔdzɔ vevitɔ si ŋu amewo ƒoa nu tsoe le Zimbabwe, eye wòna be amewo le mɔ kpɔm na ƒe sia me ƒe nutome gã takpekpewo vevie.
Dziɖuɖumegãwo De Bubu Ŋutsu Aɖe Kple Via Ŋutsu Ŋu Le Esi Woɖe Ame Etɔ̃ Aɖewo Tso Ʋu Bidzo Me Ta
Wona nunana Andreas Bonk, si nye Yehowa Ðasefo kple via ŋutsu Jorim ɖe ale si wowɔ kalẽ ɖokuitɔmadimaditɔe ta.
Yehowa Ðasefo Siwo Le Ukraine Ƒe Nuto Siwo Me Aʋa Le Edzi Yim Le Kpɔ Wɔna Tɔxɛ Aɖe To Videokadodowo Dzi
Yehowa Ðasefo siwo le Ukraine wɔ kpekpe tɔxɛ le February 14, 2015 tsɔ de dzi ƒo na woƒe hametɔ 17,000 kple edzivɔ siwo le nuto si me aʋaa le edzi yim le la me.
Yehowa Ðasefo Siwo Tso Dukɔ Vovovowo Me Naa Kpekpeɖeŋu Ame Siwo Ŋu Nepal Anyigbaʋuʋua Gblẽ Nu Le
Yehowa Ðasefo siwo tso dukɔ ade me wɔ dɔ aduadu kple Nepal Kpekpeɖeŋunakɔmitia wole ŋutilã me kple seselelãme kpekpeɖeŋu nam ame siwo ŋu anyigbaʋuʋua gblẽ nu le eye wotsɔ Biblia le akɔ fam na wo.
Yehowa Ðasefowo Kpɔ Gome Le Agbalẽɖeɖefia Gãtɔ Kekeake Si Wowɔ Le Spania-dukɔ Aɖe Me Kpɔ La Me
Woɖe agbalẽ siwo tso xexea me ƒe teƒe vovovowo la fia le Guadalajara Ƒe Dukɔwo Dome Agbalẽɖeɖefia la me, eye woɖe Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ geɖewo hã fia.
Yehowa Ðasefowo Dze “Srɔ̃ Yesu!” Takpekpe Gãwo Gɔme Le Amerika Dua Ƒe Nuto 11 Me
Takpekpeawo adze egɔme le kwasiɖa sia me le California, Hawaii, Maine, Massachusetts, New Jersey, New York, Oregon kple Wisconsin. Wowɔ ɖoɖo be woawɔ takpekpe gã 5,000 aɖewo le dukɔ 92 me va se ɖe January 2016 me.