SƆHƐWO BIANA BE
Nu Kae Mawɔ Ne Xɔ̃nye Wɔ Nu Wòvem?
Nu si wòle be nànya
Kuxi nɔa amegbetɔwo ƒe kadodo ɖe sia ɖe me. Esi míede blibo o ta la, xɔ̃wò vevi gɔ̃ hã ate ŋu agblɔ nya aɖe alo awɔ nu wòave wò. Eye anɔ eme be wò hã èwɔ nu wòve ame aɖe kpɔ.—Yakobo 3:2.
Internet dzi kadodowo ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be nu nate ɖe dziwò. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye David gblɔ be: “Ne xɔ̃wòwo yi pati aɖe eye woda eƒe fotowo ɖe Internet dzi nèkpɔ la, ate ŋu ana nàbia ɖokuiwò be nu ka tae womekpe ye ya o hã. Esia ate ŋu awɔe be nàse le ɖokuiwò me be womewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o eye nàlé blanui.”
Àte ŋu asrɔ̃ ale si nàwɔ akpɔ kuxia gbɔ.
Nu si nàte ŋu awɔ
Dzro ɖokuiwò me. Biblia gblɔ be: “Mègayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsitsi ƒe dzesie wònye.”—Nyagblɔla 7:9, etenuŋɔŋlɔ.
“Ɣeaɖewoɣi la, àva kpɔe be nu si ta nèdo dziku la menye nu gã aɖeke wònye hafi o.”—Alyssa.
Bu nya sia ŋu: Ðe nu vena wò kabakaba? Ðe nàte ŋu adze agbagba ase nu gɔme na amewo geɖe wua?—Nyagblɔla 7:21, 22.
Bu viɖe siwo nàkpɔ ne ètsɔ ke la ŋu. Biblia gblɔ be: ‘Atsyɔ̃ wònye be woaŋe aɖaba aƒu agɔdzedze dzi.’—Lododowo 19:11.
“Ne tɔwò dzɔ be nàdo dziku hã la, anyo be nàtsɔ ake faa, si fia be mayi edzi anɔ ŋku ɖom nu si amea wɔ dzi nɛ o, eye màna wòanɔ kuku ɖem ɣesiaɣi ɖe eta o. Ne ètsɔe ke ko la, mègaƒo nu tso eŋu azɔ o.”—Mallory.
Bu nya sia ŋu: Ðe nu si dzɔ la nye nu gã nenema gbegbea? Ðe nàte ŋu atsɔe ake be ŋutifafa nanɔ anyia?—Kolosetɔwo 3:13.
Ne èyia edzi ƒoa nu tso kuxi ɖe sia ɖe si ɖo wò kple xɔ̃wò dome va yi ŋu la, ɖeko wòanɔ abe èdzra xɔ aɖe me ɖo nyuie vɔ gake ègaʋua ʋɔtrua eye ya sesẽ ƒona va kakaa nuwo le xɔa me ene
Bu xɔ̃wòa ŋu. Biblia gblɔ be: ‘Miganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke midi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.’—Filipitɔwo 2:4.
“Ne èlɔ̃ xɔ̃wòa eye nèdea bubu eŋu la, esia ana nàdi vevie be yewoakpɔ yewoƒe kuxia gbɔ kaba, elabe ame vevi aɖee wònye na wò. Èdze agbagba geɖe hafi mia dome va le kplikplikpli, eya ta màdi be yewo dome nagblẽ o.”—Nicole.
Bu nya sia ŋu: Ðe nàte ŋu akpɔ susu nyuiwo le xɔ̃wòa hã ƒe nyawo mea?—Filipitɔwo 2:3.
Nya vevitɔ: Ne èsrɔ̃ ale si nàɖu ɖokuiwò dzi ne ame aɖe wɔ nu wòve wò la, esia aɖe vi na wò ne èva tsi. Ðe manyo be nàdze ewɔwɔ fifia oa?