SƆHƐWO BIANA BE
Ðe Metea Ŋu Doa Dzia?
Ðe nètea ŋu doa dzia? Ðe nu siawo dometɔ aɖe dzɔ ɖe dziwòa?
Ame aɖe ku na wò.
Èle dɔ lém ɣeyiɣi didi aɖe.
Dzɔdzɔmefɔku aɖe gblẽ nu le ŋuwò.
Numekulawo gblɔ be menye kuxi gãwo me koe wòahiã be ame nado dzi le o. Nu suesuesue siwo ɖea fu na wò gbe sia gbe hã ate ŋu ana nàdze dɔ. Ema tae wòle vevie be nàsrɔ̃ ale si nàdo dzi ne kuxiawo le sue alo wololo gɔ̃ hã.
Nu kae nye dzidodo?
Dzidodo fia ale si ame tea ŋu nɔa te sesĩe ne nuwo trɔ nɛ le agbe me alo kuxiwo va edzi. Ame siwo doa dzi hã toa nɔnɔme sesẽwo me abe ame bubuwo ke ene. Gake wote ŋu tona eme dona dedie, eye esia nana ŋusẽ gaɖoa wo ŋu, ne nɔnɔmea gblẽ nu le wo ŋu hã.
Ale si ko ati aɖewo bina ne ya sesẽ le ƒoƒom eye wogafɔna ɖe te ne yaa ƒo vɔ la, wò hã àgate ŋu afɔ ɖe te ne nɔnɔme sesẽ si me tom nèle la nu va yi
Nu ka tae wòhiã be nàdo dzi?
Elabena kuxiwo vaa ame sia ame dzi. Biblia gblɔ be: “Dziɖuɖu le duɖimekeke me mele afɔ ɖeablɛ me ɣesiaɣi o, . . . eye dzidzedzekpɔkpɔ mele sidzedze me ɣesiaɣi o, elabena azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” (Nyagblɔla 9:11) Nu kae esia fia? Efia be ame nyuiwo gɔ̃ hã kpea fu; eye zi geɖe la, menye woawo ŋutɔ ƒe nuwɔnawo gbɔe wòtsona o.
Elabena ana wò dzi nadze eme. Nufiala aɖe si ɖoa aɖaŋu na sekɛndrisukuviwo gblɔ be: “Le ŋkeke siawo me la, sukuvi siwo vaa nye ɔfis kple aɖatsiwo la sɔ gbɔ wu tsã. Woƒe kuxi koe nye be yewomedze agbagba tututu le dodokpɔ me o, alo ame aɖe ŋlɔ nya manyomanyo tso yewo ŋu da ɖe Internet dzi.” Egblɔ kpee be togbɔ be nu siawo medze kuxi gãwo o hã, ne sukuvia menya nu si tututu wòawɔ tso wo ŋu o la, woate ŋu aɖe fu nɛ ale gbegbe be “wòava lé susumedɔ alo blanuiléledɔ.” a
Elabena akpe ɖe ŋuwò fifia kple ne èva tsi. Dr. Richard Lerner gblɔ tso nu siwo ɖea dzi le mía ƒo le agbe me ŋu be: “Ne nu siawo dzɔ la, ale si míenɔa te ɖe wo nu, ale si míewɔa ɖoɖo yeyewo alo dia mɔ bubuwo be míaɖo míaƒe taɖodzinuwo gbɔ la kpena ɖe mía ŋu míetsina va zua ame ɖɔʋuwo.” b
Aleke nàwɔ asrɔ̃ dzidodo?
Kpɔe ɖa be aleke gbegbee wò kuxia loloe. Ele be nàsrɔ̃ ale si nàde vovo kuxi suewo kple gãwo dome. Biblia gblɔ be: “Bometsila ɖea eƒe dziku fiana zi ɖeka, ke nunyala doa toku dzudzu.” (Lododowo 12:16; Agbenya La) Mele be nàɖe mɔ kuxi ɖe sia ɖe nana nu nate ɖe dziwò ale gbegbe be nàse veve wòagbɔ eme o.
“Le suku la, nye sukuxɔmehatiwo toa nyatoƒoe le nu siwo mele vevie kura o ŋu abe ɖe wole vevie ŋutɔ ene. Eye ne wo xɔlɔ̃ siwo le Internet dzi hã de wo dzi la, ɖeko nyaa gagblẽna ɖe edzi. Esia wɔnɛ be womete ŋu gbɔa dzi ɖi kpɔnɛ ɖa ne kuxia le vevie nyateƒe alo mele vevie o.”—Joanne.
Srɔ̃ nu tso ame bubuwo gbɔ. Lododo aɖe le Biblia me be: “Ale si wotsɔa ga nyrea gae la, nenemae ame nyrea nɔviae.” (Lododowo 27:17) Àte ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso ame siwo to nɔnɔme sesẽwo me kpɔ la gbɔ.
“Ne èɖo dze kple amewo la, àde dzesi be woto nɔnɔme sesẽ geɖe me va yi, gake fifia nuwo ka ɖe eme na wo. Eya ta ɖo dze kpli wo be nànya nu siwo wowɔ kple nu siwo womewɔ o esi wonɔ nɔnɔmea me tom.”—Julia.
Gbɔ dzi ɖi. Biblia gblɔ be: “Ne ame dzɔdzɔe dze anyi zi adre hã la, agafɔ.” (Lododowo 24:16) Exɔa ɣeyiɣi hafi míetea ŋu trɔna ɖe nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele la ŋu, eya ta mègatsi dzi fũu akpa ne edzɔ be èlé blanui ɣeaɖewoɣi o. Nu vevitɔe nye be nàdze agbagba “agafɔ.”
“Ne èle kuxi sesẽ aɖe me tom eye nèle veve sem la, ɖeko wòle abe wò dzi xɔ abi ene. Axɔ ɣeyiɣi hafi abi ma naku. Mekpɔe be vivivi la, vevesesea nu va ɖiɖina eye abia kuna si wɔnɛ be ame ƒe dzi dzea eme.”—Andrea.
Nye akpedala. Biblia gblɔ be: “Minye akpedalawo.” (Kolosetɔwo 3:15) Aleke kee nɔnɔme si me tom nèle la sesẽ o, nanewo li siwo ta nàte ŋu ada akpe ɖo. Eya ta bu nu mawo dometɔ etɔ̃ ŋu ale be woakpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be enyo be yele agbe.
“Ne èle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la, ele bɔbɔe be nàgblɔ be, ‘Nu ka tae wònye dzinyee nu sia dzɔ ɖo?’ Gake nu si le vevie hafi nàte ŋu ado dzie nye be nàda akpe ɖe nu siwo le asiwò ta eye nàtsɔ susu ɖo nu siwo nàte ŋu awɔ ŋu, ke menye kuxia ŋu o.”—Samantha.
Nu siwo le asiwò nedze ŋuwò. Apostolo Paulo gblɔ be: “Mesrɔ̃e be le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, nu siwo le asinye la nadze ŋunye.” (Filipitɔwo 4:11) Paulo nya be yemate ŋu axe mɔ ɖe kuxi siwo vana ye dzi nu o. Gake yeate ŋu awɔ nane tso ale si yesena le ye ɖokui me tso wo ŋu la ŋu. Eya ta eyi edzi kpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo le esi la ŋu.
“Nu ɖeka aɖe si mede dzesi ye nye be ne kuxi aɖe va dzinye la, ale si mewɔa nui enumake la menyo kura o. Eya ta meɖoe be magbɔ dzi ɖi alé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Esia aɖe vi na nye ŋutɔ kple ame bubuwo.”—Matthew.
Do gbe ɖa. Biblia gblɔ be: “Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te. Mana ame dzɔdzɔe nadze anyi akpɔ o.” (Psalmo 55:22) Gbedodoɖa menye nu si ana wò susu me nadze akɔ anyi ko o. Enye dzeɖoɖo kple Wɔwòla, ame si ‘léa be na wò.’—1 Petro 5:7.
“Mawu li kplim eye enya nu siwo me tom mele. Eya ta ne medo gbe ɖa gblɔ nye kuxiawo katã nɛ eye meda akpe nɛ ɖe nu nyui siwo wɔm wòle nam ta la, nye susu meganɔa kuxiawo dzi o, ke boŋ eƒe yayrawo ŋu koe mebuna. Gbedodoɖa le vevie ŋutɔ!”—Carlos.