Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Gbeɖoɖoɖi—Akpa 2: Nu Kae Makpɔ Mɔ Na Ne Mele Zɔzɔm Kple Ame Aɖe?

Gbeɖoɖoɖi—Akpa 2: Nu Kae Makpɔ Mɔ Na Ne Mele Zɔzɔm Kple Ame Aɖe?

 Èdo go ame aɖe eye miaƒe nu lé dzi na mia nɔewo, eya ta mi ame evea mieɖoe be yewoanya yewo nɔewo nyuie akpɔe ɖa be yewoate ŋu ava nye srɔ̃tɔ siwo sɔ na wo nɔewo hã. Esi mieva le mia nɔewo nyam nyuie la, nu kawoe nànɔ mɔ kpɔm na?

Nu siwo me míadzro le nyati sia me

 Kpɔ mɔ be yewoaɖo dze anukwaretɔe

 Esi miele ha dem edziedzi la, miava nya nu geɖe tso mia nɔewo ŋu. Ànya nu mawo ne èléa ŋku ɖe ale si ame evelia wɔa nu le nɔnɔme vovovowo me ŋu.

 Gake le nu bubu aɖewo hã me la, ehiã be mi ame evea miaɖo dze tso wo ŋu anukwaretɔe. Ne miele dzea ɖom la, bu nuwo ŋu nyuie. Mègaɖe mɔ wò seselelãmewo nable wò o.

 Nu siwo ŋu wòle be miaɖo dze tsoe ƒe ɖewoe nye:

  •   Ganyawo. Ðe fe aɖe le ŋuwòa? Ðe wòsesẽna na wò be nàzã ga nyuiea? Ne èɖe srɔ̃ la, aleke wò kple srɔ̃wò miatso nya me le ga siwo miekpɔna kple ale si miazã wo ŋu?

  •   Lãmesẽnyawo. Èle lãmesẽ mea? Ðe nèdze dɔ sesẽ aɖe va yi kpɔa?

  •   Taɖodzinuwo. Nu kae nàdi be yeawɔ le agbe me? Ðe wò taɖodzinuwo sɔ kple ame kemɛa tɔa? Ne mieɖe srɔ̃ vɔ eye nɔnɔmeawo va wɔe be miete ŋu ɖo miaƒe taɖodzinuwo gbɔ o la, ɖe nàyi edzi akpɔ dzidzɔa?

  •   Ƒome. Ðe nèle wò ƒometɔ aɖe dzi kpɔma? Ðe nèle ekpɔm be ate ŋu ava dzɔ be nàkpɔ wò ƒometɔ aɖe dzia? Ðe nàdi be yeadzi via? Ne àdzi vi la, ke wo ame neni?

 Ne miele nya mawo me dzrom la, mito nyateƒe na mia nɔewo. Mègaɣla nya aɖeke alo atrɔ nya kple susu be yeƒe nu nadze ame kemɛa ŋu o.—Hebritɔwo 13:18.

 Bu nya siawo ŋu: Nu kae wòle be nànya tso ame si nèle zɔzɔm kple la ŋu? Nu kae wòle be eya hã nanya tso ŋuwò? Ne mieɖia anukware na mia nɔewo le nu sia nu me la, aleke esia akpe ɖe mia ŋu ne mieva tso nya me be yewoaɖe srɔ̃?

 Biblia Ƒe Mɔfiame: “Mia dometɔ ɖe sia ɖe nato nyateƒe na ehavi.”—Efesotɔwo 4:25.

 “Nyɔnuvia ate ŋu anɔ esusum be, ‘Ðewohĩ le ɣleti ade megbe la, ado ŋugbe nam be yeaɖem,’ gake ŋutsuvia ya ƒe susu le ƒe ɖeka ŋu. Ne edzɔ alea la, ate ŋu ate ɖe nyɔnuvia dzi eye wòatɔtɔ elabe enɔ mɔ kpɔm be nuwo natsɔ wu. Ele vevie be ame evea ƒe susu nawɔ ɖeka.”—Ariana, si ɖe srɔ̃ ƒe ɖekae nye esia.

 Kpɔ mɔ be yewoƒe susu masɔ ɣesiaɣi o

 Míele vovovo. Eya ta mèganɔ mɔ kpɔm be wò kple ame si le zɔzɔm la ƒe susu asɔ le nu sia nu ŋu alo miaƒe seselelãmewo anɔ ɖeka o. Le kpɔɖeŋu me, miaƒe dekɔnuwo kple afi siwo mietsi le ate ŋu ana ale si miebua nuwo ŋu nato vovo.

 Bu nya sia ŋu: Ne miaƒe susu to vovo le nya suesuesuewo ŋu la, ɖe mia dometɔ ɖe sia ɖe alɔ̃ faa ada asi ɖe nɔvia ƒe susu dzi ne Biblia ƒe mɔfiame aɖeke metsi tre ɖe nya ma ŋu o, ale be ŋutifafa nanɔ mia domea?

 Biblia Ƒe Mɔfiame: “Amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.”—Filipitɔwo 4:5.

 “Ne èkpɔe be ‘miesɔ na mia nɔewo nyuie’ gɔ̃ hã, miaƒe susuwo ato vovo ɣeaɖewoɣi godoo. Togbɔ be ele vevie be miasɔ na mia nɔewo hã, ale si miewɔa nui ne miaƒe susuwo mewɔ ɖeka o la gale vevie wu.”—Matthew, si ɖe srɔ̃ ƒe atɔ̃e nye esia.

 Kpɔ mɔ be nu ati kɔ na wò ɣeaɖewoɣi

 Zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe mele bɔbɔe o; ate ŋu axɔ wò ɣeyiɣi akpa gãtɔ eye wòana nu nati kɔ na wò ɣeaɖewoɣi. Nu kae akpe ɖe ŋuwò?

 Wɔ ɖoɖo nyuiwo na ɖokuiwò. Mègazã wò ɣeyiɣiwo katã ɖe ame si nèle zɔzɔm kple ŋu aŋlɔ dɔ bubuwo alo xɔ̃wòwo be o. Alana, si ɖe srɔ̃ ƒe atɔ̃e nye esia, gblɔ be: “Àhiã xɔ̃wòwo eye woawo hã ahiã na wò godoo, ne èɖe srɔ̃ megbe gɔ̃ hã. Eya ta mègagblẽ wo ɖi le esi nèdze zɔzɔ kple ame aɖe ta o.”

 Ðo ŋku edzi be ne èɖe srɔ̃ la, ahiã be nàzã wò ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖe nu vovovowo ŋu. Eya ta nu ka tae màdze agbagba anɔ esia wɔm esi nèle zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe o?

 Bu nya sia ŋu: Ðe nèbiana tso ame si wò kplii miele zɔzɔm la si be wòakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe ŋuwò le nu siwo mehiã o gɔ̃ hã mea? Ðe wòwɔna na wò be eya hã le nu geɖe akpa biam tso asiwòa? Aleke miate ŋu ase nu gɔme na mia nɔewo ale be miagabia nu geɖe akpa tso mia nɔewo si o? Elabe esia wɔwɔ ɖe wònana nu tia kɔ na ame.

 Biblia Ƒe Mɔfiame: “Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye ɣeyiɣi li na nu sia nu wɔwɔ.”—Nyagblɔla 3:1.

 “Ne modzakaɖeɖe ŋu koe ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe kpɔa vovo ɖo la, nuwo manɔ bɔbɔe na wo ne wova ɖe srɔ̃ o. Anyo be woawɔ woƒe gbe sia gbe dɔwo hã ɖekae; le kpɔɖeŋu me woaɖi asi, awɔ aƒemedɔwo, eye woasubɔ Mawu ɖekae. Esia akpe ɖe wo ŋu be woava wɔ nuwo ɖekae le woƒe srɔ̃ɖeɖe me, si awɔe be srɔ̃ɖeɖea nali ke.”—Daniel, si ɖe srɔ̃ ƒe evee nye esia.

 Ðo ŋku edzi be zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe nye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nu si akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nenye be àɖe ame si nèle zɔzɔm kple loo alo màɖee o. Nyati sia ƒe Akpa 3 lia ana míakpɔ nu siwo míate ŋu awɔ ne míele nyametsotso sia ŋu bum.