SƆHƐWO BIANA BE
Nu Kae Mawɔ Ne Meda Le Dzinyelawo Ƒe Se Aɖe Dzi?
Le ƒome ɖe sia ɖe kloe me la, dzilawo dea se aɖewo na wo viwo. Le kpɔɖeŋu me, ɣeyiɣi si wòle be woagbɔ va aƒe me, ale si woazã woƒe elektrɔnikmɔ̃wo kple ale si wòle be woawɔ nu ɖe amewo ŋu.
Nu kae nàte ŋu awɔ ne èda le dziwòlawo ƒe se aɖe dzi? Nu si dzɔ la dzɔ xoxo, gake àte ŋu awɔ nane tso eŋu ale be dziwòlawo nagado dziku ɖe ŋuwò fũu o. Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ.
Nu si mele be nàwɔ o
Ne èda le dziwòlawo ƒe se aɖe dzi eye womenya o la, ɖewohĩ àdi be yeaɣla nu gbegblẽ si yewɔ.
Ne dziwòlawo nya be èda le yewoƒe se aɖe dzi la, ɖewohĩ àdi be yeatsɔ nanewo aɖe ye ɖokui nu alo ada vodadaa ɖe ame bubu dzi.
Manyo be nàwɔ nu siawo dometɔ aɖeke o. Nu ka tae? Elabe ne èɣlaa nu si nèwɔ alo tsɔa nya maɖinya aɖewo nɔa ɖokuiwò nu ɖem la, anye ɖevinuwɔwɔ. Ðeko esia ana dziwòlawo nakpɔe be ègakpɔtɔ nye ɖevi.
“Alakpadada made dziwò kura o. Gbe ɖeka gbe ɖeka la, nyateƒea adze eye dziwòlawo ahe to na wò wu ale si woawɔe ne ɖe nèto nyateƒe le gɔmedzedzea.”—Diana.
Nu si wòle be nàwɔ boŋ
Lɔ̃ ɖe edzi be yemewɔe nyuie o. Biblia gblɔ be: “Ame si tsyɔa nu eƒe dzidadawo dzi la, madze edzi nɛ o.” (Lododowo 28:13) Dziwòlawo nya be mède blibo o. Gake ɖe ema fia be màte ŋu anɔ nyateƒe tom oa?
“Ne èto nyateƒe na dziwòlawo la, anɔ bɔbɔe wu be woatsɔ nu si nèwɔ la ake wò. Woaka ɖe dziwò geɖe eye woade bubu hã ŋuwò.”—Olivia.
Ðe kuku. Biblia gblɔ be: “Mido ɖokuibɔbɔ.” (1Petro 5:5) Ðokuibɔbɔ ana nàɖe kuku ɖe nu si nèwɔ ta eye mànɔ ɖokuiwò nu ɖem o.
“Ame siwo yia edzi nɔa wo ɖokuiwo nu ɖem la ƒe dzitsinya va kuna. Vivivi la, megaɖea fu na wo kura ne wowɔ nu gbegblẽ o; woƒe dzi megaʋãna wo gɔ̃ hã o.”—Heather.
Lɔ̃ nàxɔ tohehea. Biblia gblɔ be: ‘Ðo to amehehe.’ (Lododowo 8:33) Mègato nyatoƒoe o, eye lɔ̃ nàxɔ tohehe ɖe sia ɖe si dziwòlawo ana wò.
“Ne èyi edzi le nyatoƒoe tom le tohehe si wona wò ŋu la, ɖeko dziwòlawo agado dziku ɖe edzi. Le ema teƒe la, dze agbagba nàxɔ tohehea ne medzɔ dzi na wò o gɔ̃ hã.”—Jason.
Wɔ nu siwo ana woagaka ɖe dziwò. Biblia gblɔ be: ‘Miɖe amenyenye xoxo si sɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ tsãtɔ nu la ɖa.’ (Efesotɔwo 4:22) Nɔ nu siwo nyo la wɔm ale be dziwòlawo nagaka ɖe dziwò ake.
“Ne èdzea agbagba wɔa nu si sɔ ɣeawokatãɣi eye nèɖee fia dziwòlawo be yemagawɔ nu gbegblẽ si yewɔ va yi o la, woagava ka ɖe dziwò ake.”—Karen.
AÐAŊUÐOÐO: Ne dziwòlawo bia be nàwɔ nane la, dze agbagba nàwɔe memie wu ale si wodii gɔ̃ hã. Esia ana woakpɔe be yewoate ŋu aka ɖe dziwò. Le kpɔɖeŋu me, ne èyi teƒe aɖe eye nètrɔ gbɔna aƒe me la, yɔ dziwòlawo nàgblɔe na wo be yele mɔ dzi gbɔna—ne màtsi megbe o gɔ̃ hã. Esia ana woakpɔe be èdi be woagaka ɖe ye dzi.