Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ŋu Kpeam—Nu Kae Mate Ŋu Awɔ Tso Eŋu?

Ŋu Kpeam—Nu Kae Mate Ŋu Awɔ Tso Eŋu?

 Nu si menyo le eŋu o: Ne ŋu kpea wò la, ate ŋu awɔe be xɔlɔ̃wo manɔ asiwò o, eye ale si nàse vivi na hadede kpli wo hã ato ŋuwò.

 Nu si nyo le eŋu: Ne ŋu kpea wò la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàbu nuwo ŋu hafi aƒo nu. Ate ŋu awɔe hã be nànye ame si léa ŋku ɖe nu ŋu kple ame si ɖoa to nyuie.

 Nu si ganyo wu: Ne ŋu kpea wò la, mefia be nenema ko wòanɔ na wò ɖaa o, eya ta àte ŋu awɔ nane tso eŋu. Nyati sia afia wò nu si nàte ŋu awɔ.

 De dzesi susu siwo tae nèle vɔvɔ̃m

 Ŋukpe ate ŋu ana nànɔ vɔvɔ̃m be yeaɖo dze kple amewo ŋkume-kple-ŋkume. Le esia ta ne èle amewo dome hã, awɔ na wò abe wò ɖeka koe li ene. Gake ne ète ŋu de dzesi susu siwo tae nèle vɔvɔ̃m la, àkpɔe be mehiã be yeavɔ̃ hafi o. De dzesi wo dometɔ etɔ̃ siawo.

  •   Susu 1: “Nyemenya nu si ŋu maƒo nu tsoe o.”

     Nyateƒea: Zi geɖe la, nu si dzi amewo ɖoa ŋku wue nye ale si nèwɔ nu ɖe wo ŋu, ke menye nya siwo nègblɔ o. Eya ta ne èsrɔ̃ ale si nàɖo to amewo nyuie ne wole nu ƒom eye woƒe nyawo nɔa vevie na wò la, màgavɔ̃ be yeaɖo dze kpli wo o.

     Bu nya sia ŋu: Ame ka tɔgbie nàdi be yeadze xɔlɔ̃—ame si ƒoa nu kpoli ɣesiaɣia, alo ame si ɖoa to nyuie ne ame bubu le nu ƒom?

  •   Susu 2: “Amewo ava susu be nyemenya ale si woɖoa dze viviwo o.”

     Nyateƒea: Ŋu kpea wò alo ŋu mekpea wò o, amewo asusu nane tso ŋuwò kokoko. Eya ta ne èhayana le ɖokuiwò me la, akpe ɖe amewo ŋu woanya ame si tututu nènye, eye esia ana be màgavɔ̃ be yeaɖo dze kpli wo o.

     Bu nya sia ŋu: Ne ewɔna na wò be ame sia ame le susu manyomanyo bum ɖe ye ŋu la, ɖe manye be wò boŋue ma le ʋɔ nu drɔ̃m wo madzemadzee le esi nèle esusum be womelɔ̃ yeƒe nya o ta oa?

  •   Susu 3: “Ŋu akpem ne meva gblɔ nya aɖe si mesɔ o.”

     Nyateƒea: Esia dzɔna ɖe mí katã dzi ɣeaɖewoɣi. Eya ta ne nu mawo tɔgbi dzɔ la, àte ŋu abui ko be wonye nu siwo ana amewo nakpɔe be ye hã yemede blibo o. Esia ana be màgavɔ̃ be yeaɖo dze kple amewo o.

     Bu nya sia ŋu: Ðe medzɔa dzi na wò be nàde ha kple ame siwo lɔ̃na ɖe edzi be yewomede blibo oa?

 Ènyaa? Ame aɖewo susuna be yewomekpea ŋu o eye yewoate ŋu adze xɔlɔ̃wo, elabe yewotea ŋu ɖoa text message geɖe ɖe amewo. Gake ne míeɖoa dze kple amewo ŋkume-kple-ŋkume ye míetea ŋu dzea xɔlɔ̃ vavãwo. Sherry Turkle, si nye susuŋutinunyala kple mɔ̃ɖaŋununyala bibi, gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me be: “Ne míekpɔa mía nɔewo ŋkume-kple-ŋkume eye míesea mía nɔewo ƒe gbe hafi mía dome te ŋu nɔa kplikplikpli.” a

Ne èdze agbagba wɔ nu siwo ana be màgavɔ̃ o la, àkpɔe be dzeɖoɖo kple amewo ŋkume-kple-ŋkume mesesẽ nenema hafi o

 Nu siwo nàte ŋu awɔ

  •   Mègatsɔ ɖokuiwò sɔ kple amewo o. Mehiã be nàva zu ame sia ame xɔlɔ̃ o. Gake taɖodzinuae nye be nàwɔ nane tso ale si ŋu kpea wò ŋu ale be xɔlɔ̃wo nate ŋu asu asiwò eye nàse vivi na hadede kpli wo.

     “Le hadomewɔnawo me la, mehiã kokoko be nàɖo dze legbee kple amewo alo nànye ame si koŋ ƒe ŋkɔ woanɔ sesem o. Wò ya ɖe ɖokuiwò fia ame aɖe si mènya o, alo biae nya ʋɛ aɖewo ko.”—Alicia.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Ame sia ame nadzro eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo me kpɔ, ekema akpɔ susu si ta wòatso aseye le eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ŋu, ke menye le eɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubu me o.”—Galatiatɔwo 6:4.

  •   Lé ŋku ɖe nu ŋu. Lé ŋku ɖe ame siwo tea ŋu dea ha bɔbɔe ŋu eye nàde dzesi ale si woɖoa dze kple amewo. Nu kawoe wote ŋu wɔna nyuie? Nu kawoe womete ŋu wɔna nyuie o? Nu siwo wote ŋu wɔna nyuie kae nàte ŋu asrɔ̃?

     “Lé ŋku ɖe ame siwo tea ŋu dzea xɔlɔ̃wo bɔbɔe ŋu, eye nàsrɔ̃ nanewo tso wo gbɔ. De dzesi ale si wowɔa nui kple nya siwo wogblɔna ne wodo go ame aɖe zi gbãtɔ.”—Aaron.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Ale si wotsɔa ga nyrea gae la, nenemae ame nyrea nɔviae.”—Lododowo 27:17.

  •   Bia nyawo. Zi geɖe la, amewo dina be yewoagblɔ nu si yewosusu tso nane ŋu, eya ta ne èbia nya wo la, anye mɔ nyui aɖe si dzi miato aɖo dze. Awɔe hã be amewo ƒe susu manɔ ŋuwò fũu o.

     “Ne èyina ɖe hadomewɔna aɖe la, anyo be nàbu biabia kple nu siwo ŋu miate ŋu avae ɖo dze tsoe ŋu do ŋgɔ. Esia akpe ɖe ŋuwò be màtsi dzodzodzoe o, eye àɖe dzi ɖi wu ne èdo go ame siwo menya o.”—Alana.

     Biblia ƒe mɔfiame: ‘Miganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke midi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.’—Filipitɔwo 2:4.

a Agbalẽ si nye Reclaiming Conversation.