Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Sɔhɛmeɖoɖo Ƒe Fuɖenamewo Nu?

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Sɔhɛmeɖoɖo Ƒe Fuɖenamewo Nu?

“Sɔhɛmeɖoɖo meɖena na nyɔnuviwo kura o. Vevesese, fuɖename kple tɔtɔ sɔŋue—ɖeko wòwɔna abe nu sia nu tɔtɔ le ame ŋu ene!”—Oksana.

“Sẽe ko mekpɔ dzidzɔ, sẽe ko medo dziku. Nyemenya ne nenema ko wòle le tɔnyewo katã gome o, gake edzɔ ɖe dzinye.”—Brian.

Sɔhɛmeɖoɖo nana be ame ƒe seselelãme trɔna kabakaba—enyea dzidzɔ heɖia vɔvɔ̃ hã! Aleke nàwɔ anɔ te ɖe enu?

 Nu kae nye sɔhɛmeɖoɖo?

Míagblɔe kpuie ko be sɔhɛmeɖoɖo alo liɔliɔ̃ nye ɣeyiɣi si me tɔtrɔwo vaa wò ametia me kple seselelãme gome eye tɔtrɔ siawo dzraa wò ɖo na ame tsitsi zuzu. Le ɣeyiɣi mawo me la, tɔtrɔ geɖewo ava wò ŋutilã kple lãmetsiwo gome kabakaba siwo adzra wò ɖo na vidzidzi.

Gake ema mefia be èsu te anye dzila o. Sɔhɛmeɖoɖo ɖenɛ fiana be èle dodom le ɖevime, eye esia ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ ahalé blanui siaa.

Dodokpɔ: Ƒe siwo gbɔna la dometɔ kae nàgblɔ be esɔ be ame nadze sɔhɛmeɖoɖo?

  • 8

  • 9

  • 10

  • 11

  • 12

  • 13

  • 14

  • 15

  • 16

Ŋuɖoɖoa: Wogblɔ be ƒe siawo katã dometɔ ɖe sia ɖe sɔ ame nate ŋu aɖo sɔhɛme.

Esia fia be mele be nàtsi dzi fũu nenye be ègogo ƒe wuiatɔ̃ gake mèkpɔ te dzesidede naneke o alo nète sɔhɛmeɖoɖo ƒe dzesiwo kpɔkpɔ evɔ mèkpɔ xɔ ƒe ewo haɖe o. Sɔhɛmeɖoɖo ƒe gɔmedzedze le eɖokui si, eye màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o.

Sɔhɛmeɖoɖo nye dzidzɔɣi kple vɔvɔ̃ɣi sia, gake àte ŋu asrɔ̃ ale si nànɔ te ɖe enu

 Tɔtrɔ siwo vaa ametia ŋu

Ðewohĩ nu si ɖea dzesi wu be ame le sɔhɛme ɖomee nye ale si nu geɖewo nɔa tsitsim le ametia ŋu kabakaba. Gake ŋutinuwo katã ƒe tsitsi mele ɖeka o. Eya ta megawɔ nuku na wò ne wò nuwɔnawo medi be yewoadze ga dzi tututu o. Ka ɖe edzi be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nuwo ava ɖɔ ɖo.

Tɔtrɔ siwo vaa ametia ŋu ne ele sɔhɛme ɖom.

Le ŋutsuviwo gome:

  • Eƒe aʋa dea asi lolo me

  • Etoa axatomefu, aŋɔmefu kple ge

  • Eƒe gbe trɔna

  • Eƒe aʋa lĩna le eɖokui si eye wònyea tsi le zã me

Le nyɔnuviwo gome:

  • Etea no

  • Etoa axatomefu kple aŋɔmefu

  • Edzea asiɖoɖo anyi gɔme

Le ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa gome:

  • Fifia kple nugbagbevi suesuesuewo nana be woɖea ya alo ʋẽna.

    Kpekpeɖeŋu: Àte ŋu alé ʋeʋẽ sia nu ne èlea tsi edziedzi hezãa axatomemi.

  • Nyatsu, esia tsoa nugbagbevi suesuesue siwo xaxa ɖe lãmenu siwo wɔa ami la me gbɔ.

    Kpekpeɖeŋu: Togbɔ be nyatsu mesea nu o hã la, ne èklɔa ŋkume edziedzi hezãa mofudzalẽwo la, aka ɖe eme.

 Tɔtrɔ siwo vana le seselelãme gome

Lãmetsi siwo nana be tɔtrɔwo vaa wò ametia ŋu la ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe wò seselelãme dzi. Enu ate ŋu asẽ gɔ̃ hã.

“Egbea ànɔ avi fam, kaka etsɔ nàɖoa wòe nye ema le dzidzɔ kpɔm. Sẽe ko nèdo dziku, sẽe ko nu te ɖe dziwò nètu ɖokuiwò ɖe xɔ me.”—Oksana.

Le sɔhɛ geɖewo gome la, ne wole sɔhɛme ɖom la, ŋu kpea wo vevie, abe ɖe ame sia ame fɔ ŋku ɖe wo dzi gãa hele ʋɔnu drɔ̃m wo ene. Eye ale si ametia trɔna kpatae hã gagblẽa nyaa ɖe edzi!

“Esi mete ɖetugbuimeɖoɖo la, mexaa dzime gobaa hedoa awu gblotowo. Togbɔ be menya nu si tae nye ametia le tɔtrɔm hã la, nyemevona le ɖokuinye me o eye ŋu kpeam.”—Janice.

Gake seselelãme ƒe tɔtrɔ gãtɔe nyea ale si nèbua ŋutsuviwoe nenye be nyɔnuvie nènye, alo ale si nèbua nyɔnuviwoe nenye be ŋutsuvie nènye.

“Tsã la, ŋutsuviwo katã ƒe nu kua dzi nam. Gake fifia wo dometɔ aɖewo ƒe nu dzɔa dzi nam ŋutɔ, eye megblɔna na ɖokuinye be naneke megblẽ le eŋu ne melɔ̃ ŋutsuvi aɖe hafi o. Le nyateƒe me la, ‘ame si lɔ̃ ame kemɛ’ ye va nye nu si ŋu míenɔa dze ɖom tsoe vevie.”—Alexis.

Le ŋutsuvi aɖewo gome la, ne wole sɔhɛme ɖom la, ŋutsuviwo ƒe nu vanɔa dzi lém na wo, eye wòle alea le nyɔnuviwo hã gome. Ne esia dzɔ ɖe dziwò la, mègaƒo nya ta be ŋutsu ŋutsugbɔdɔla alo nyɔnu nyɔnugbɔdɔlae yenye o. Le ame geɖe gome la, seselelãme ma nu tsina le ɣeyiɣi aɖe megbe.

“Esi wònye be metsɔa ɖokuinye sɔna kple ŋutsuvi bubuwo akpa ta la, woƒe nu va te dziléle nam. Esia yi edzi ʋuu va se ɖe esime meyina dodo ge ɖe le sɔhɛme hafi nyɔnuviwo ƒe nu va le dzi lém nam. Ale si ŋutsuviwo ƒe nu léa dzi nam tsã la nu yi gbe aɖe agbe ke.”—Alan.

 Nu si nàte ŋu awɔ

  •  Na susu nyui nanɔ asiwò ɖe nɔnɔmea ŋu. Ehiã be nàto sɔhɛmeɖoɖo ƒe ɣeyiɣia me azu ame tsitsi. Hakpala David ƒe nya siwo wògblɔ la ate ŋu ade dzi ƒo na wò, egblɔ be: “Ale si nèwɔm la dzi ŋɔ eye wòwɔ nuku.”—Psalmo 139:14.

  • Mègatsɔ ɖokuiwò nɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o, eye mègatsɔ susu ɖo wò dzedzeme hã ŋu akpa o. Biblia gblɔ be: “Nu si le dzedzem koe amegbetɔ kpɔna, ke Yehowa ya kpɔa keke dzi me ke.”—1 Samuel 16:7.

  • Te kame eye nàɖi ɖe eme nyuie. Ne èdɔa alɔ̃ nyuie la, màganɔ dziku dom kabakaba, nu nate ɖe dziwò alo nàlé blanui o.

  • Mègaxɔ susu gbegblẽ siwo katã wò ŋutɔ nèbuna ɖe ɖokuiwò ŋu la dzi se o. Ðe ame sia ame fɔ ŋku ɖe dziwò nyateƒea? Ne amewo gblɔ nya aɖewo tso wò tsitsi ŋu hã la, mègatsɔe vevie akpa o. Biblia gblɔ be: “Mègatsɔ wò dzi ɖo nya sia nya si amewo gblɔna la ŋu o.”—Nyagblɔla 7:21.

  • Srɔ̃ ale si nàɖu gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo dzi ale be esia magana nàva kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o. Biblia gblɔ be: “Misi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu! . . . Ame si ƒoa eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me la le nu vɔ̃ wɔm ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu.”—1 Korintotɔwo 6:18.

  • Ðo dze tso nɔnɔmea ŋu kple dziwòlawo alo ame tsitsi aɖe. Enye nyateƒe be awɔ ŋukpe na wò gbã ya. Gake ale si gbegbe woakpe ɖe ŋuwò ana nàkpɔe be enyo be yeɖe afɔ sia.Lododowo 17:17.

Nya vevitɔ: Fuɖename geɖe le sɔhɛmeɖoɖo me. Gake awɔe hã be nàtsi le ŋutilã me, susu me, gbɔgbɔ me kple seselelãme gome.1 Samuel 2:26.