Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kae Mawɔ Be Nye Kple Dzinyelawo Dome Nanɔ Nyuie?

Nu Kae Mawɔ Be Nye Kple Dzinyelawo Dome Nanɔ Nyuie?

 Masɔmasɔwo ŋuti dodokpɔ

  • Wò kple dziwòlawo dometɔ ka domee masɔmasɔ ɖona zi geɖe?

    • Papa

    • Dada

  • Ðe masɔmasɔwo ɖoa mia dome edziedzia?

    • Ƒãa

    • Ɣeaɖewoɣi

    • Edziedzi

  • Aleke gbegbe masɔmasɔa nu sẽnae?

    • Míetea ŋu kpɔa egbɔ kaba le ŋutifafa me.

    • Míetea ŋu kpɔa egbɔ, gake ehiãna be míahe nya geɖe hafi.

    • Míetea ŋu kpɔa egbɔ o—ne míehe nya geɖe hã.

Ne edze abe wò kple dziwòlawo dome mele nyuie o ene la, awɔ na wò be ele be woawo boŋ nawɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Abe ale si míele ekpɔ ge ene la, afɔ aɖewo li nàte ŋu aɖe ale be masɔmasɔwo naganɔ mia dome ɖom kabakaba o, eye ne woɖo mia dome hã la, wo nu masẽ akpa o. Gbã la, bu nya sia ŋu . . .

 Nu siwo gbɔ masɔmasɔwo tsona

  • Tamebubu. Ne èle tsitsim la, àva nɔ nuwo ŋu bum geɖe wu ale si nèwɔnɛ le ɖevime. Àva nɔ nuwo gɔme sem le mɔ bubuwo nu, eye nu siawo dometɔ aɖewo ate ŋu ana be masɔmasɔwo naɖo wò kple dziwòlawo dome. Ke hã, Biblia gblɔ be: “Bu fofowò kple dawò.”—2 Mose 20:12.

    Nyateƒenya: Ebia nuteƒekpɔkpɔ kple aɖaŋu be ame eve ƒe susu nato vovovo na wo nɔewo tɔ, gake mahe masɔmasɔ ade wo dome o.

  • Ablɔɖe. Ne èle tsitsim la, anɔ eme be dziwòlawo anɔ ablɔɖe geɖe nam wò. Gake kuxiae nye be ɖewohĩ womana ablɔ si si nu nèdi alo ana wò kaba abe ale si nèdi ene o, eye esia ate ŋu ahe masɔmasɔwo vɛ. Ke hã, Biblia gblɔ be: “Miɖo to mia dzilawo.”—Efesotɔwo 6:1.

    Nyateƒenya: Zi geɖe la, ablɔɖe si si nu dziwòlawo ana wò la anɔ te ɖe ale si nèle ablɔɖe si wona wò xoxo la ŋu dɔ wɔmee dzi.

 Nu si nàte ŋu awɔ

  • Da wò susu ɖe akpa si wòle be nàwɔ dzi. Mègatsɔ fɔbubua katã da ɖe dziwòlawo dzi o, ke bu nu si nàwɔ be ŋutifafa nanɔ mia dome la ŋu boŋ. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Jeffrey gblɔ be: “Zi geɖe la, menye nya si dziwòlawo gblɔ gbɔ koe masɔmasɔawo tsona o, ke ale si nèɖoa eŋu hã wɔa akpa aɖe. Nyaŋuɖoɖo tufafatɔe wɔa akpa vevi aɖe le ŋutifafawɔwɔ me.”

    Biblia gblɔ be: ‘Ne wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.’—Romatɔwo 12:18.

  • Ðo to. Samantha, si xɔ ƒe 17, gblɔ be: “Toɖoɖoe nye nu sesẽtɔ kekeake nam. Gake mekpɔe dze sii hã be ne dziwòlawo kpɔe be èle to ɖom yewo la, ate ŋu anɔ bɔbɔe be woaɖo to wò hã.”

    Biblia gblɔ be: ‘Ðe abla le nusese me, nànɔ blewu le nuƒoƒo me.’—Yakobo 1:19.

    Masɔmasɔ le ko abe dzo ene—ne womelé enu o la, agblẽ nu

  • Mibu nuwo ŋu abe hadɔwɔlawo ene. Mikpɔ nyawo gbɔ ɖekae abe hadɔwɔlawo ene abe ale si ko fefewɔha ɖeka me tɔwo wɔa nu ene. Mègada fɔbubua ɖe dziwòlawo dzi o, ke kpe asi ɖe wo ŋu miakpɔ nyawo gbɔ boŋ. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Adam gblɔ be: “Ne masɔmasɔwo do mo ɖa la, dzilawo dina be yewoawɔ nu si wosusu be ade yewo via dzi, eye wo via hã dina be yeawɔ nu si eya ŋutɔ susu be ade ye dzi. Eya ta le mɔ aɖe nu la, taɖodzinu ɖeka ko minyam wo katã wole hafi.”

    Biblia gblɔ be: ‘Ti nu siwo hea ŋutifafa vanɛ la yome.’—Romatɔwo 14:19.

  • Nye nugɔmesela. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Sarah gblɔ be: “Eɖea vi nam ŋutɔ ne meɖo ŋku edzi be zi geɖe la, dzinyelawo hã wɔa avu kple woawo ŋutɔwo ƒe kuxi siwo doa voɖi na wo abe ale si ko wòle le míawo hã gome ene.” Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Carla gblɔ be: “Medzea agbagba be matsɔ ɖokuinye aɖo dzinyelawo teƒe. Nu kae mawɔ nenye nyee le vi hem eye nɔnɔme ma tututu dze ŋgɔm? Nu kae mawɔ wòade vinyea dzi wu?”

    Biblia gblɔ be: “Miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.”—Filipitɔwo 2:4.

  •  

    Nye toɖola. Nya lae nye be nu siae Biblia bia tso asiwò be nàwɔ. (Kolosetɔwo 3:20) Nuwo anɔ bɔbɔe na wò wu ne èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Karen gblɔ be: “Nuwo nɔa bɔbɔe nam wu ne mewɔ nu si dzinyelawo di tso asinye. Wotsɔ nu geɖe sa vɔe ɖe tanye xoxo, eya ta nu suetɔ si mate ŋu awɔ na woe nye be maɖo to wo.” Toɖoɖo nye masɔmasɔwo gbɔ kpɔnu vevitɔwo dometɔ ɖeka!

    Biblia gblɔ be: “Ne nake meli o la, dzo tsina.”—Lododowo 26:20.

 Aɖaŋuɖoɖo. Ne esesẽna na wò be nàɖe wò susuwo agblɔ la, ke ŋlɔe ɖe agbalẽ dzi alo to asitelefon dzi na wo. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Alyssa gblɔ be: “Nu siae mewɔna ne dzi mele dzɔyem maƒo nu o. Esia nana meɖea nye susuwo gblɔna, evɔ nyemedaa gbe ɖe ame gbɔ alo gblɔa nya siwo avem emegbe o.”