Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Ka Tae Xɔlɔ̃wo Mele Asinye O?

Nu Ka Tae Xɔlɔ̃wo Mele Asinye O?

Èle kplɔ̃ɖoƒe aɖe si xɔ̃wòwo de nyitsɔ laa ƒe fotowo kpɔm le internet dzi. Xɔ̃wòwo katã dze le kplɔ̃ɖoƒea ƒe fotoawo me eye edze hã be wokpɔ dzidzɔ eteƒe mekɔ o. Gake mèkpɔ nu ɖeka aɖe le eme o. Míagblɔe kaŋ be ame aɖe mele eme o, eyae nye wò!

Ebia ɖokuiwò be: ‘Nu ka tae womekpem o?’

Wò modzakaɖeɖea zu dzigbagbã. Ewɔ na wò be wotrɔ ye to eme! Ðeko wòwɔ abe xɔlɔ̃wò mawo katã zu dze bu ɖe ama me ene. Akogotsitsi vu bla wò, eye nèbia ɖokuiwò be: ‘Nu ka tae xɔlɔ̃ aɖeke mele asinye o?’

 Akogotsitsi ƒe dodokpɔ

Nyateƒee Alo Aʋatsoe

  1. Ne xɔlɔ̃ geɖewo le asiwò la, màtsi akogo gbeɖe o.

  2. Ne xɔlɔ̃wo le asiwò le internet dzi hahokadoƒewo la, màtsi akogo gbeɖe o.

  3. Ne èŋlɔa nu ɖona ɖe ame gbogbo aɖewo le asitelefon dzi la, màtsi akogo gbeɖe o.

  4. Ne èkpena ɖe ame bubuwo ŋu la, màtsi akogo gbeɖe o.

Nyagbɔgblɔ ene siawo katã ƒe ŋuɖoɖoe nye aʋatsoe.

Nu ka tae?

 Xɔlɔ̃dzedze kple akogotsitsi ŋuti nyateƒe aɖewo

  • Xɔlɔ̃ geɖewo ate ŋu anɔ asiwò evɔ nàgatsi akogo kokoko.

    “Metsɔa ɖe ele eme na xɔ̃nyewo, gake ɣeaɖeɣia ewɔna nam be woawo ya wometsɔ ɖeke le eme nam o. Ne xɔlɔ̃ gbogbowo le asiwò evɔ wòwɔ abe womelɔ̃ wò alo hiã wò o ene la, eya ƒe akogotsitsi ya gavɔ̃ɖi wu ɖe sia ɖe.”—Anne.

  • Xɔlɔ̃wo ate ŋu anɔ asiwò le internet dzi hahokadoƒewo evɔ nàgatsi akogo.

    “Ame aɖewo fɔa xɔlɔ̃wo ƒoa ƒu abe ale si wofɔa amevi wɔwɔewo ƒoa ƒu ene. Gake ne amevi wɔwɔe siawo gaɖɔ xɔ na ame hã la, womate ŋu ana ame nase le eɖokui me gbeɖe be wolɔ̃ ye o. Ne mèdze agbagba dze xɔlɔ̃ amewo ŋkume-kple-ŋkume o la, internet dzi xɔlɔ̃ mawo maɖe vi aɖeke na wò o, ɖeko wole abe amevi wɔwɔe siwo me agbe mele o ene.”—Elaine.

  • Àte ŋu anɔ nu ŋlɔm na ame gbogbo aɖewo le asitelefon dzi evɔ nàgatsi akogo kokoko.

    “Ɣeaɖewoɣi ne ètsi akogo la, ànɔ wò asitelefon dzi kpɔm edziedzi be ye xɔlɔ̃ aɖe ŋlɔ nu ɖo ɖe ye mahã. Eye ne wò ŋutɔ nètsi akogo xoxo hafi nègakpɔe be ame aɖeke meɖo ŋku ye dzi ŋlɔ nu na ye o la, akogotsitsia nu sẽna kura wu kpe!”—Serena.

  • Àte ŋu anɔ kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu evɔ nàgatsi akogo kokoko.

    “Medzea agbagba ɣesiaɣi kpena ɖe xɔ̃nyewo ŋu, gake mekpɔe be womedina be yewoakpe ɖe ŋunye o. Mevem be mewɔa nyui na wo o, gake ewɔa moya nam vie be womeɖoa nye nyuiwɔwɔ teƒe nam gbeɖe o.”—Richard.

Nya vevitɔ: Le nyateƒe me la, ale si míebua nuwo ŋu la koŋue nana míetsia akogo. Ðetugbui si ŋkɔe nye Jeanette gblɔ be: “Etsoa ememe, menye gota o.”

Nu kae nàte ŋu awɔ ne ewɔ abe xɔlɔ̃ aɖeke mele asiwò o alo nètsi akogo ene?

 Ale si nàwɔ aɖu aʋaa dzi

Dze agbagba kakaɖedzi nasu asiwò.

“Ne mèkana ɖe ɖokuiwò dzi o la, ate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me be yetsi akogo. Ne èsena le ɖokuiwò me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o la, asesẽ ŋutɔ be nàdze agbagba ate ɖe amewo ŋu alo alɔ̃ faa be amewo nadze xɔlɔ̃ ye.”—Jeanette.

Biblia gblɔ be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Galatiatɔwo 5:14) Hafi nàte ŋu adze xɔlɔ̃ vavã la, ele be wò ŋutɔ nàkpɔe be asixɔxɔ le ye ŋu gbã, gake nàkpɔ nyuie be màgatrɔ zu ɖokuitɔdila o.Galatiatɔwo 6:3, 4.

Wò nu meganɔ nublanui wɔm na ɖokuiwò o.

“Akogotsitsi le abe ba finyafinya ene. Zi ale si nèle ʋiʋlim be yeado le eme la, zi nenemae ànɔ to yimee. Ne èna wòxɔ wò susu katã la, kaka nànyaa, wò akogotsitsia kple wò nuwɔnawo awɔe be amewo magadi be yewoagogo wò o.”—Erin.

Biblia gblɔ be: “Lɔlɔ̃ . . . media eya ŋutɔ tɔ o.” (1 Korintotɔwo 13:4, 5) Nyateƒeae nye be ne míebua mía ɖokuiwo ŋu akpa la, mímegasea veve ɖe amewo nu ale o eye esia tea ŋu nyaa amewo ɖa le mía ŋu. (2 Korintotɔwo 12:15) De dzesi nya vevi sia: Ne ale si ame bubuwo wɔa nu ɖe ŋuwò dzie dzidzɔkpɔkpɔ nɔa te ɖo la, ke àdo kpo nu godoo! Le nyateƒe me la, nya aɖewo gbɔgblɔ abe “Ame aɖeke meyɔam o” kple “Ame aɖeke mekpeam o” awɔe be nàva gblẽ dzidzɔkpɔkpɔa ɖe ame bubuwo ƒe asi me. Ke ema mafia be èle ŋusẽ geɖe wu akpa nam wo oa?

Mègadze xɔlɔ̃ ame sia ame ko o.

“Ame siwo tsia akogo la dina be amewo natsɔ ɖe le eme na yewo, eye esia tea ŋu wɔnɛ be wotea ŋu dina be yewoadze xɔlɔ̃ ame sia ame si ko yewokpɔ. Ðeko wodina be ame aɖe natsɔ ɖe le eme na yewo. Gake ame aɖewo ana nasẽ le ɖokuiwò me be yele vevie gake mlɔeba la, ɖeko woazã wò nyuie aɖe asi le ŋuwò. Ekema àgatsi akogo wu tsã.”—Brianne.

Biblia gblɔ be: “Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya, ke ame si dea ha kple bometsilawo la, eme manyo nɛ o.” (Lododowo 13:20) Dɔwuitɔ tea ŋu ɖua nu sia nu si wòkpɔ. Nenema ke ame siwo le xɔlɔ̃ dim vevie la, ate ŋu adi xɔlɔ̃wo le teƒe ɖe sia ɖe ko. Woate ŋu azu nuléle na ameblelawo bɔbɔe ahasusui be naneke megblẽ le woƒe nuwɔnawo ŋu o, eye woade dzi ƒo na wo ɖokuiwo be afi aɖe kpɔkpɔ nyo wu yamekpɔkpɔ.

Nyataƒoƒo: Ame sia ame tsia akogo ɣeaɖewoɣi; ɖeko ame aɖewo tɔ nu sẽna wu ame bubuwo tɔ. Togbɔ be akogotsitsi ate ŋu ana ame nase le eɖokui me be nu te ɖe ye dzi vevie hã la, seselelãme ko wònye. Míaƒe tamesusuwo kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe seselelãmewo dzi zi geɖe, gake míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusuwo ya dzi.

Da sɔ hã le nu siwo nèkpɔa mɔ be amewo nawɔ na ye gome. Jeanette si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: “Menye ame sia amee anye xɔ̃wò vavã tegbee o, gake àkpɔ ame siwo tsɔ ɖe le eme na wò. Ðetsɔleme ɖeɖe dzaa sɔ gbɔ. Eɖea akogotsitsi dzi kpɔtɔ.”

Èhiã kpekpeɖeŋu geɖe wua? Xlẽ nyati si nye ““ Ale Si Nàɖu Vɔvɔ̃ Be Yemakpɔ Xɔlɔ̃ Vavã Adze O Dzi.” Wɔ PDF si nye “Tenɔnɔ Ðe Akogotsitsi Nu” hã ƒe kɔpi.