Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Ka Tae Wòle Be Malɔ̃ Ðe Nye Vodadawo Dzi?

 Nu kae nàwɔ?

Xlẽ nu tso Karina ƒe ŋutinya sia ŋu eye kpɔe le susu me ɖa be ye dzie nu sia le dzɔdzɔm ɖo. Nu kae nàwɔ le nɔnɔme ma me?

Karina: “Menɔ ʋu kum sesĩe akpa esi meɖo ta suku, eye kpovitɔ aɖe lém eye wòna tikitim tsɔ do fe nam. Dzi kum vevie! Megblɔe na Dada eye wògblɔ nam be magblɔe na Papa, gake nyemedi be magblɔe nɛ o.”

Nu kae nàwɔ?

  1. Tiatia Gbãtɔ: Àzi kpi ɖe nya dzi kple susu be ye tɔ masee gbeɖe o.

  2. Tiatia Evelia: Àgblɔ nu si dzɔ la na Tɔwò.

Ðewohĩ adzro wò be yeatia Tiatia Gbãtɔ. Ate ŋu adzɔ be nɔwò ya asusui be ègblɔ nya la na tɔwò. Gake susu geɖewo li siwo tae wòle be nàɖe wò vodadawo agblɔ ale be ŋuwò nafa, eɖanye ʋue nèku sesĩe akpa eye wotsɔ tikiti na wò be nàva xe fe loo alo nu bubu aɖee o.

 Susu etɔ̃ siwo ta wòle be nàlɔ̃ ɖe wò vodadawo dzi

  1. 1. Elabena esiae nye nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ. Biblia gblɔ dzidzenu si nu wòle be Kristotɔwo nanɔ agbe ɖo ale: “Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—Hebritɔwo 13:18.

    “Medzea agbagba vevie be maɖi anukware, matsɔ nye nuwɔnawo me tsonuwo, eye maʋu go nye vodadawo enumake.”—Alexis.

  2. 2. Amewo alɔ̃ atsɔ ame siwo lɔ̃na ɖe woƒe vodadawo dzi la ƒe agɔdzedze ake wo bɔbɔe. Biblia gblɔ be: “Ame si tsyɔa nu eƒe dzidadawo dzi la, madze edzi nɛ o, ke ame si ʋua eme, eye wòɖea asi le wo ŋu la, woakpɔ nublanui nɛ.”—Lododowo 28:13.

    “Ehiã be dzi nanɔ ame ƒo hafi wòaɖe eƒe vodadawo agblɔ, gake esia wɔwɔe nana amewo kana ɖe ame dzi. Woakpɔe be ènye anukwareɖila. Ne èlɔ̃na ɖe wò vodadawo dzi la, àtrɔ nɔnɔme si made dziwò o la wòazu nɔnɔme deamedzi.”—Richard.

  3. 3. Vevietɔ wu la, edzea Yehowa Mawu ŋu. Biblia gblɔ be: “Yehowa nyɔa ŋu ameflula, ke tsi metoa Eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.”—Lododowo 3:32.

    “Esi meda vo gã aɖe la, mede dzesii be ele be nye ŋutɔ mayi aɖaʋu nye agɔdzedzea me. Ne nyemewɔa nu si Yehowa di o la, mate ŋu ayram gbeɖe o.”—Rachel.

Ke aleke Karina kpɔ eƒe nyaa gbɔe? Eɣla tikiti si wotsɔ nɛ be wòaxe fe ɖe ʋukuku sesĩe akpa ta la ɖe tɔa. Gake mete ŋu ɣlae ɖee tegbee o. Karina gblɔ be: “Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, Papa nɔ míaƒe nugblẽfexegbalẽviwo me tom, eye wòkpɔ be ʋukuku sesĩe ƒe tikitia hã le ŋkɔnye me. Mede ɖokuinye nya gã aɖe me—nɔnye gɔ̃ hã do dziku ɖe ŋunye be nyemewɔ ɖe aɖaŋu si yeɖo nam la dzi o!”

Nu kae wòsrɔ̃ tso eme: Karina gblɔ be: “Ðeko vodadawo ɣaɣla gblẽa nyaa ɖe edzi boŋ. Àva nɔ enu emegbe godoo!”

 Ale si nàsrɔ̃ nu tso wò vodadawo me

Ame sia ame daa vo. (Romatɔwo 3:23; 1 Yohanes 1:8) Eye abe ale si míekpɔe ene la, ne míeʋua míaƒe vodadawo me, eye míeɖea wo gblɔna enumake la, eɖenɛ fiana be míebɔbɔ mía ɖokuiwo eye míenye nunyalawo.

Nu bubu si hiãe nye be nàsrɔ̃ nu tso wò vodadawo me. Gake nublanuitɔe la, sɔhɛ aɖewo doa kpo nu le go sia me! Wosena le wo ɖokuiwo me abe ale si sɔhɛ si ŋkɔe nye Priscilla se le eɖokui me ɣeaɖeɣi ene. Egblɔ be: “Tsã la, dzi ɖena le ƒonye vevie le nye vodadawo ta. Nyemekpɔa nyuiƒe aɖeke le ɖokuinye ŋu o, eye nye vodadawo nɔna nam abe agba kpekpe aɖe si nyemate ŋu atsɔ o ene. Nu tena ɖe dzinye eye mebua ɖokuinye ame dokponu.”

Wò hã èsena le ɖokuiwò me alea ɣeaɖewoɣia? Ne èsena le ɖokuiwò me nenema la, ke ɖo ŋku nya sia dzi: Ne èbua vodada siwo nèwɔ va yi la ŋu fũu akpa la, ɖeko wòanɔ abe ale si nànɔ ʋu kum, evɔ ànɔ ʋua ƒe megbekpɔhuhɔ̃e ɖeɖe ko me kpɔm ene. Ne ènɔa vo siwo nèda va yi ŋu bum fũu akpa la ɖeko wòana nàse le ɖokuiwò me be yemele bo aɖeke nu o, eye esia awɔe be ŋusẽ manɔ ŋuwò nàtsɔ akpe akɔ kple kuxi siwo ava le etsɔme o.

Ðe manyo boŋ be nàda asɔ oa?

“De ŋugble tso wò vodadawo ŋu ale be màgawɔ wo azɔ o, gake megatsɔ wò susu katã ɖo wo ŋu ale gbegbe be woana dzi naɖe le ƒowò o.”—Elliot.

“Medzea agbagba be mabu nye vodadawo be wonye nuteƒekpɔkpɔ nam, be masrɔ̃ nu le wo dometɔ ɖe sia ɖe me ale be wòakpe ɖe ŋunye manye ame ɖɔʋu wu eye ne megaɖo nɔnɔme ma tɔgbi me ake la, makpɔ nyawo gbɔ le mɔ nyuitɔ nu. Esiae nye afɔɖeɖe nyuitɔ, elabena akpe ɖe ŋuwò nuteƒekpɔkpɔ nasu asiwò.”—Vera.