Ènya sɔhɛ aɖe si lãmesẽkuxiwo ɖe kpe na veviea? Ðe nèle dɔ aɖe lém si na be mètea ŋu wɔa nu siwo hawòtiwo wɔna oa?

Nenye nenemae la, eme kɔ be dzi ate ŋu aɖe le ƒowò ɣeaɖewoɣi. Gake nya fadziname eve le Biblia me na wò.

  • Wɔwòla, Yehowa Mawu, nya nɔnɔme si me nèle la nyuie. Gawu la, ‘etsɔa ɖe le eme’ na wò.—1 Petro 5:7.

  • Yehowa Mawu ɖoe be yeaɖe dɔlélewo katã ɖa! Àte ŋu axlẽ nu tso esia ŋu le Biblia me le Yesaya 33:24 kple Nyaɖeɖefia 21:1-4.

Sɔhɛ siwo lãmesẽkuxiwo ɖe kpe na dometɔ geɖe kpɔe be kaka ɖe Mawu kple eƒe ŋugbedodowo dzie lé yewo ɖe te. Wo dometɔ ene aɖewoe nye esi.

YEIMY

Esi mexɔ ƒe wuiɖekɛ la bunɔkeke me menɔna hafi tea ŋu yia afi sia afi. Naneke menya wɔna nam o, nu suetɔ kekeake gɔ̃ hã kɔkɔ nyea dɔ nam.

Esi mexɔ ƒe atɔ̃ la, wokpɔ lãmekawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔdɔ si nana wɔna vɔna le ame ŋu le ŋunye, esia na naneke meganya wɔna nam o. Dzi ɖena le ƒonye ɣeaɖewoɣi elabe nyemetea ŋu wɔa nu siwo hanyetiwo wɔna o. Gake dzinyelawo kple míaƒe hametɔwo naa ŋutilã me kple seselelãme kpekpeɖeŋum eye wòkpena ɖe ŋunye le mawusubɔsubɔ gome hã. Menye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, eye nye haxɔsetɔwo kplɔam zi geɖe míeyina ɖasrɔ̃a Biblia kple ame siwo tsɔ ɖe le Biblia me nyawo me.

Yesu gblɔ be ŋkeke ɖe sia ɖe kple eƒe dzimaɖitsitsiwoe. (Mateo 6:34) Eya ta medzea agbagba be manɔ te ɖe ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo nu eye meɖoa taɖodzinu siwo gbɔ mate ŋu aɖo la na ɖokuinye. Mele mɔ kpɔm na xexe yeye si me “agbe vavã” asu asinye le, afi si mavo tso dɔléle vɔ̃ɖi sia si me le.—1 Timoteo 6:19.

Bu nya sia ŋu: Yeimy kpɔe be ede ye dzi ŋutɔ esi yeɖo “taɖodzinu” siwo gbɔ yeate ŋu aɖo la na ye ɖokui. Ðe manyo be wò hã nàwɔ nenema oa?—1 Korintotɔwo 9:26.

 MATTEO

Dzime tem veve esi mexɔ ƒe ade, eye ɖɔktawo gblɔ gbã be esi mele tsitsim tae. Gake wova de dzesii le ƒe ɖeka megbe be nutete aɖe le nye dzimeƒu ŋu.

Wowɔ dɔ nam, gake nutetea ƒe akpa 40 le alafa me koe ɖɔkta te ŋu ɖe. Ke hã le ɣleti eve pɛ ko me la, nutetea gatrɔ gbɔ keŋ! Tso ɣemaɣi la, wodom kpɔ zi geɖe, wote dɔdamɔnu geɖewo kpɔ, eye mekpɔ mɔ zi geɖe be woada dɔa nam gake ɖeko wòglo.

Ɣeaɖewoɣi la, nutete la nana mesea veve abe yi tɔmee wole afi sia afi nam ene, gake vevesesea nu sẽna wu le dzime kple akɔta. Medzea agbagba be nyemagaɖe mɔ nye nɔnɔmea nakpe dzinye o. Meɖoa ŋku edzi na ɖokuinye be ame bubuwo tɔ wu tɔnye gake womenaa ta o. Nu vevitɔ si kpena ɖe ŋunye dzi gakpɔtɔ le ƒonyee nye ale si meka ɖe edzi be Yehowa Mawu ana ŋugbe si wòdo be yeaɖe fukpekpe ɖa nava eme gbe ɖeka.—Nyaɖeɖefia 21:4.

Bu nya sia ŋu: Aleke ŋugbe si Mawu do be yeaɖe fukpekpe ɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò abe ale si wòkpe ɖe Matteo ŋu ene?—Yesaya 65:17.

 BRUNA

Esi wònye be nye dɔlélea medzena le gota wokpɔna o ta la, ame aɖewo buna be kuviatɔe menye. Gake le nyateƒe me la, naneke menya wɔna nam o, eɖanye aƒemedɔwo alo nusɔsrɔ̃ o, eye avu kple kɔe fɔfɔ le aba dzi gɔ̃ hã nyena nam.

Wokpɔ ʋukamexexedɔ le ŋunye esi mexɔ ƒe 16. Dɔ sia si nana be wɔna vɔna le ame ŋu va le tsitsim ɖe edzi. Ewɔe be nyemegatea ŋu wɔa dɔ o, eye Kristotɔwo ƒe dɔ siwo madi be mawɔ la gɔ̃ hã menya wɔna nam o. Mexlẽa 1 Petro 5:7 enuenu, kpukpui sia gblɔ be: “Miedro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.” Enyanya be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe la doa ŋusẽm ŋutɔ. Esia kpɔtɔ doa ŋusẽ va se ɖe egbe.

Bu nya sia ŋu: Aleke wò dzimaɖitsitsiwo dodro ɖe Yehowa dzi ate ŋu aɖe vi na wò abe ale si wònɔ le Bruna gome ene?—Psalmo 55:23.

 ANDRÉ

Ame aɖewo wɔa nu ɖe ŋunye abe ƒe 10 vi dzaa ko menye ene. Nyemebu fɔ wo o, elabe meɖi ƒe 10 vi hã vavã.

Esi mexɔ ƒe eve la, wokpɔ kansa ƒomevi aɖe si mebɔ o le nye dzimeƒuka me eye dɔ sia va ge ɖe nye ahɔhɔ̃ me emegbe. Ðɔktawo dze agbagba lé enu, gake atike siwo wòzã nam la na meku te. Egbea nye kɔkɔme katãe nye meta 1 kple sentimeta 37 pɛ ko. Ne megblɔ na amewo be mexɔ ƒe 18 la, ɖeko wo dometɔ geɖe susunɛ be aʋatso kam mele!

Le Kristo-hamea me la, amewo dea bubu ŋunye. Womeɖua fewu le ŋunye abe ale si nye sukuhatiwo wɔna ene o. Medzea agbagba be nyemagaɖe mɔ nye nɔnɔmea nana dzi naɖe le ƒonye o. Le nyateƒe me la, nu nyuitɔ kekeake si ate ŋu asu amegbetɔ si la su asinye, eyae nye be menya Yehowa! Eɖanye fukpekpe kae nye dɔlélea ahe va dzinye o, meka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋunye le mɔ sia mɔ nu. Xexe yeye wɔnuku si ƒe ŋugbe Yehowa Mawu do la ŋu bubu kpena ɖe ŋunye medoa dzi.—Yesaya 33:24.

Bu nya sia ŋu: Nu ka tae Yehowa nyanyae nye “nu nyuitɔ kekeake si ate ŋu asu amegbetɔ si” abe ale si André gblɔe ene?—Yohanes 17:3.