Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Magbe Sukua?

Ðe Magbe Sukua?

Nu siwo ŋu wòle be nàbu woe nye esi

Afi kae se bia le mia gbɔ be woade suku aɖo godoo? Èɖo afi ma vɔa? Ne mèwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋu si nye be woabɔbɔ ame ɖokui na “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na” dzi o eye nèdzudzɔ sukudede esi mekpɔ ɖo afi si sea bia be nàɖo o la, ekema ègbe suku.—Romatɔwo 13:1.

Ðe nèɖo taɖodzinu siwo ta nèle sukua dem ɖo la gbɔ vɔa? Taɖodzinu kawo tae nèle sukua dem ɖo? Mènya tututu oa? Ehiã be nànya! Ne menye nenema o la, ɖeko nèsɔ kple ketekeɖola aɖe si menya afi si yim wòle o ene. Eya ta wò kple dziwòlawo midzro akpa si le ete si nye “ Taɖodzinu Siwo Ta Mele Suku Dem Ðo” la me. Ne èdzudzɔ sukudede evɔ meɖo taɖodzinu siwo dzi wò kple dziwòlawo míelɔ̃ ɖo gbɔ o la, ekema efia be ègbe suku.

Sukugbegbe le ko abe kpodzodzo ado le keteke me le mɔ dzi hafi ketekea nava ɖo afi si yim nèle ene

Nu ka tae nèdi be yeagbe suku? Susuawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye be èdi be yeawɔ dɔ akpɔ ga akpe ɖe wò ƒometɔwo ŋu alo aƒo ɖokuiwò ɖe kpekpeɖeŋunadɔ aɖe me. Gake ɖewohĩ èdi be yeagbe suku bene yeasi le dodokpɔwo alo sukudɔdeasiwo wɔwɔ nu; esia mesɔ o. Mele bɔbɔe be woade dzesi susu vevitɔ si ta ame le suku gbem la o, ate ŋu anye be susu nyui alo ɖokuitɔdidi tae. Ne ègbe suku be yeaƒo asa kuxiwo ko ta la, ekema wò mo gbɔna tu da ge.

Sukugbegbe le ko abe ale si ketekeɖola aɖe nadzo kpo ado go le keteke me evɔ mekpɔ ɖo afi si wòɖo tae o ene. Ðewohĩ ketekea me nɔnɔ madzɔ dzi na wò o, ketekea me nɔla bubuwo hã mewɔ ame o, gake edze ƒãa be ne èdzo kpo do le ketekea me la maɖo afi si yim nèle o, eye àte ŋu axɔ abi vevi hã. Nenema kee, ne ègbe suku la, manɔ bɔbɔe na wò be nàkpɔ dɔ o. Eye ne èkpɔ ɖe hã la, anɔ eme be fetua makɔ mo dzi abe ale si wòanɔ ne ɖe nèwu suku nu ene o.

Le esi nàgbe suku teƒe la, gbɔ dzi ɖi boŋ nàkpɔ kuxi siwo nèdoa goe le suku la gbɔ. Esia wɔwɔ ana nàtu dzidodo ɖo, eye nuteƒekpɔkpɔ asu asiwò nàtsɔ anɔ te ɖe kuxi mawo tɔgbi nu ne èva le dɔ wɔm.

 Taɖodzinu Siwo Ta Mele Suku Dem Ðo

Sukudede ƒe taɖodzinu vevitɔe nye be wòakpe ɖe ŋuwò nàva kpɔ dɔ aɖe si akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ɖokuiwò kple ƒome si ɖewohĩ nàva ɖo anyi le etsɔme dzi la awɔ. (2 Tesalonikatɔwo 3:10, 12) Ètso nya me le dɔ si nèdi be yeava wɔ la ŋu kple ale si sukudede akpe ɖe ŋuwò nàɖo esia gbɔe la ŋu xoxoa? Be nàkpɔe ɖa be ɖe yeƒe sukudede kplɔ yi ɖo ta yeƒe taɖodzinu gbɔe hã la, ɖo biabia siwo gbɔ ŋu:

  • Nɔnɔme nyui kple ŋutete kawoe le asinye? (Le kpɔɖeŋu me, ɖe wò kple amewo dome nɔa nyuiea? Ðe asinudɔwɔwɔwo dzɔa dzi na wòa? Ðe kuxiwo gɔme sese kple wo gbɔ kpɔkpɔ nɔa bɔbɔ na wòa?)

  • Dɔwɔɖui kae akpe ɖe ŋunye mawɔ nye ŋutete siawo ŋu dɔ nyuie?

  • Dɔ kawoe mate ŋu akpɔ le míaƒe nutoa me awɔ?

  • Hehe kawo xɔm mele fifia siwo ate ŋu akpe ɖe ŋunye masu te nyuie ne mekpɔ dɔ?

  • Nu kawoe wòle be manɔ wɔwɔm le suku fifia siwo ate ŋu akpe ɖe ŋunye be maɖo nye taɖodzinuawo gbɔ bɔbɔe?

Ðo ŋku edzi be taɖodzinu si ta nèle suku dem ɖoe nye be aɖaŋuwo nasu asiwò nàva zã emegbe. Eya ta mègade ka suku nànɔ dedem tii kple susu be yeaƒo asa na ye ɖokui si nɔnɔ ahanɔ abe ketekeɖola aɖe si gbe ɖiɖi le “ketekea me” ene o.