Nu kae nye gbɔdɔnyawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame?

Gbɔdɔnyawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame lɔ gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ame ŋu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe eme. Wo dometɔ aɖewoe nye asilili ame ŋu kple gbegblẽnyawo gbɔgblɔ na ame. Gake ɣeaɖewoɣi la, menɔa bɔbɔe be woade vovototo fewuɖuɖu le ame ŋu, ahiãmoɖoɖo na ame kple gbɔdɔnyawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame dome o.

Ènya vovototo si le wo mea? Wɔ míaƒe  gbɔdɔnyawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame ŋuti dodokpɔ sia be nàkpɔ vovototoa!

Nublanuitɔe la, amewo medzudzɔa gbɔdɔnyawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame ne edo le suku gɔ̃ hã o. Ke hã ne èna kakaɖedzi kple aɖaŋu si nàtsɔ anɔ te ɖe gbɔdɔnyawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame nu su asiwò fifia la, awɔe be nàsu te nyuie anɔ te ɖe nuwɔna sia nu le dɔwɔƒe. Eye àte ŋu ana hã be ame si wɔa nu sia la magawɔe ɖe ame aɖeke ŋu o!

 Ke ne wotsɔ gbɔdɔnyawo ɖea fu nam ɖe?

Ne ènya nu si gbɔdɔnyawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame nye ko hafi nàte ŋu agbe nya na fuɖenamelaa! Kpɔ nɔnɔme etɔ̃ siawo kple ale si nàte ŋu akpɔ wo gbɔe la ɖa.

NƆNƆME:

Le míaƒe dɔwɔƒe la, ŋutsu aɖewo siwo tsi wum sãsãsã la gblɔna nam be medze tugbe ŋutɔ eye be ɖe wòanyo ŋutɔ ne ɖe yewoate ŋu ayi megbe ƒe 30 azu ɖekakpuiwo. Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã zɔ to megbenye ɖaʋẽ nye ɖa kpɔ!—Tabitha, exɔ ƒe 20.

Tabitha ate ŋu abui be: “Ne medo tokui hele dzi dom ko la, ava dzudzɔ.”

Nu si tae ewɔwɔ alea maɖe vi o: Numekulawo gblɔ be, zi geɖe la ne ame siwo wotsɔ gbɔdɔnyawo le fu ɖem na ŋe aɖaba ƒu edzi la, ɖeko wòyia edzi hedoa gã ɖe edzi.

Te esia boŋ kpɔ: Mègazi kpi o, ke boŋ tsɔ tufafa nàgbe nya na amea eme nakɔ nɛ nyuie be yemedi be wòagagblɔ nya ma na ye alo awɔ nu ma ɖe ye ŋu azɔ o. Taryn si xɔ ƒe 22 gblɔ be: “Ne ame aɖe ka asi teƒe si mesɔ o nam la, metrɔna gblɔna nɛ be mègaka asi ŋunye azɔ gbeɖe o. Zi geɖe la, ɖeko ŋutsuvi si wɔ nua tɔtɔna.” Ne ame si le fua ɖem na wò sẽ dzi me la, mègana ta o. Biblia gblɔ tso agbeŋutise kɔkɔwo me léle ɖe asi ŋu be: “Mianɔ tsitre bliboe, eye miakpɔ kakaɖedzi sẽŋu.”—Kolosetɔwo 4:12.

Ke ne fuɖenamela be yeawɔ nu vevi wò ya ɖe? Le go ma me la, mègakpe akɔ kplii o. Si dzo le teƒea kaba, eye nàgblɔe na ame tsitsi aɖe.

NƆNƆME:

Esi mele xɔ ade me la, nyɔnuvi eve aɖewo lém le sukuxɔwo dome mɔ dzi. Wo dometɔ ɖeka dɔa nyɔnuviwo gbɔ, eye wòdi be nye kpli ye míado. Togbɔ be megbe hã, woɖea fu nam gbe sia gbe le ɖiɖiɖemeɣi. Womimim ɖe gli ŋu gbe ɖeka gɔ̃ hã!—Victoria, exɔ ƒe 18.

Victoria ate ŋu asusui be: ‘Ne megblɔe na ame aɖe la, woava yɔm be ɖɔɖɔetɔ, eye ɖewohĩ ame aɖeke maxɔ dzinye ase o.’

Nu si tae nuŋububu alea maɖe vi o: Ne mègblɔe na ame aɖeke o la, fuɖenamelaa ayi edzi anɔ fu ɖem na wò eye wòawɔe ɖe ame bubuwo gɔ̃ hã ŋu.Nyagblɔla 8:11.

Te esia boŋ kpɔ: Di kpekpeɖeŋu. Dziwòlawo kple wò nufialawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtsi nya ɖe fuɖenamelaa nu. Gake ne ame siwo nègblɔ nya na meka ɖe dziwò o ya ɖe? Te esia kpɔ: Ɣesiaɣi si amea gaɖe fu na wò la, ŋlɔ ale si nuwo yi ɖi tsitotsito. Ŋlɔ ŋkekea, gamea, teƒe si nua dzɔ le kple nya siwo fuɖenamelaa gblɔ na wò ɖi. Azɔ tsɔ wò nuŋlɔɖia ƒe kɔpi ɖeka na dziwòlawo alo wò nufiala. Ame geɖe tsɔa nya siwo woŋlɔ ɖi la vevie wu numegbe.

NƆNƆME:

Mevɔ̃na na ŋutsuvi sia si ƒoa rugby la ŋutɔ. Eƒe kɔkɔme ade meta eve kloe, eye eƒe kpekpeme nye kilogram 135! Eɖoe ɖe tame be ‘yeƒe asi asu dzinye godoo.’ Eɖea fu nam gbe sia gbe kloe ƒe ɖeka sɔŋ. Gbe ɖeka nye kplii koe susɔ le sukuxɔa me eye wònɔ tetem ɖe ŋunye. Metso kpla ƒu du to mɔa nu do go.”—Julieta, exɔ ƒe 18.

Julieta ate ŋu asusui be: ‘Nenema ko ŋutsuviwo le.’

Nu si tae nuŋububu alea maɖe vi o: Ne ame sia ame susui be naneke megblẽ le fuɖenamelaa ƒe nuwɔna ŋu o la, madzudzɔ ewɔwɔ o.

Te esia boŋ kpɔ: Mègatsɔ eƒe nuwɔnawo wɔ hatsekaka alo anɔ alɔgbɔnu kom ne ele fu ɖem na wò o. Ke boŋ na wò nuwɔna kple wò moɖoɖo nana amea nanya nu siwo ŋu nàɖe mɔ le kple nu siwo ŋu màɖe mɔ le gbeɖe o.

 Nu kae mawɔ?

NUDZƆDZƆ ŊUTƆŊUTƆ 1:

Nyemedina be amewo nabui be nye nya me sẽ o. Eya ŋuti ne ŋutsuviwo le fu ɖem nam la, ɖeko megblɔna na wo be woadzudzɔ, gake nyemegbenɛ na wo moveviɖoɖotɔe o. Zi geɖe la, mekoa alɔgbɔnu ne mele nu ƒom na wo. Esia na wosusunɛ be ɖe mele ahiãmoe ɖom na yewo.”—Tabitha.

  • Nenye wòe nye Tabitha ɖe, nu kae nàwɔ na ŋutsuvi mawo? Nu ka tae?

  • Nu kae ate ŋu ana fuɖenamela nasusui boŋ be ɖe nèle ahiãmo ɖom na ye?

NUDZƆDZƆ ŊUTƆŊUTƆ 2:

Nu sia dze egɔme esime ŋutsuvi aɖe gblɔ nya vloe aɖe ɖe ŋunye esi míele kame dem le suku. Medo toku woƒe nyawo kwasiɖa ʋɛ aɖewo, gake ɖeko nɔnɔmea nɔ gbegblẽm ɖe edzi. Azɔ ŋutsuviawo va nɔa xanye hekplaa asi kɔ nam. Metutua wo ɖa, gake womedzudzɔ o. Mlɔeba wo dometɔ ɖeka ŋlɔ gbegblẽnya aɖe ɖe agbalẽ kakɛ dzi tsɔ nam. Metsɔe na nye nufiala. Wohe to na ŋutsuvia be megava sukua o ŋkeke aɖewo. Mekpɔe be ɖe wòle be mayi nufiala gbɔ xoxo hafi!”—Sabina.

  • Nu ka tae nèsusu be Sabina va kpɔe be ɖe wòle be yeayi nufiala gbɔ xoxo hafi? Èsusu be eƒe nyametsotsoa nyoa? Nu ka tae nàɖo eŋu be enyo alo menyo o?

NUDZƆDZƆ ŊUTƆŊUTƆ 3:

Ŋutsuvi aɖe te ɖe nɔvinye ŋutsu Greg ŋu le tsileƒe. Ŋutsuvia te ɖe Greg ŋu kplikplikpli gblɔ nɛ be, ‘gbugbɔ nu nam.’ Greg gbe, gake ŋutsuvia mebe yeadzo o. Ðe Greg tutu ŋutsuvia ɖa hafi wote ɖa le eŋu.”—Suzanne.

  • Èsusu be ɖe ŋutsuvia di be yeadɔ Greg gbɔa? Nu ka tae nèsusui be susu ma tae alo menye susu ma tae o?

  • Èsusu be nu ka tae ŋutsuvi aɖewo metea ŋu ƒoa nu ne wotsɔ gbɔdɔnyawo le fu ɖem na wo o?

  • Èda asi ɖe ale si Greg kpɔ nya gbɔe la dzia? Nenye wòe ɖe anye ne nu kae nàwɔ?

Xlẽ nu geɖe kpee: Kpɔ “How Can I Protect Myself From Sexual Predators?” (Comment me protéger des prédateurs sexuels ?) le Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), Volume 1 ƒe ta 32 lia me.