Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke mawɔ adzudzɔ nye dɔdeasiwo wɔwɔ hehe ɖe megbe?

Aleke mawɔ adzudzɔ nye dɔdeasiwo wɔwɔ hehe ɖe megbe?

Ðe wòsesẽna na wò be nàwu wò aƒemedɔwo kple sukudɔdeasiwo nua? Ke ahiã be nàdzudzɔ wò dɔdeasiwo wɔwɔ hehe ɖe megbe! Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàtso ɖe wò dɔdeasiwo ŋu kaba

Eye wɔ  dodokpɔ si le nyati sia ƒe nuwuwu.

Biblia ƒo nu tso nu si nuwo wɔwɔ hehe ɖe megbe gblẽna le ame ŋu la ŋu. Egblɔ be: “Ame si le to lém ɖe ya ŋu la, maƒã nuku o, eye ame si le ŋku lém ɖe alilikpo ŋu la, maŋe nu o.”—Nyagblɔla 11:4.

Kpɔ nu siwo ate ŋu ana nànɔ megbelele hem kple ale si nàwɔ aɖu kuxi sia dzi la ɖa.

 Ne edze abe ɖe dɔa sesẽ na wò akpa ene.

Nyateƒee, dɔ aɖewo dzena nu sesẽ ale gbegbe be ele bɔbɔe be míahe wo wɔwɔ ɖe megbe. Aɖaŋuɖoɖo nyui ʋɛ aɖewoe nye esi.

  • Ma dɔa ɖe akpa suesuewo me. Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Melissa gblɔ be: “Ne mekpɔe be dɔ tsi dzinye gɔ̃ hã la, medzea agbagba be mawɔ wo vivivi.

  • Dze egɔme enumake. Ne dɔ aɖe kpɔ ŋkuwòme koa, dze egɔme enumake, ɖewohĩ nu gbãtɔ si ko nàte ŋu awɔ gbɔe nye be nàŋlɔe kpe ɖe dɔ siwo nèɖo be yeawɔ ŋu alo aŋlɔ nanewo tso eŋu da ɖi be màgaŋlɔe be o.—Vera.

  • Bia kpekpeɖeŋu. Dziwòlawo kple wò nufialawo anya to kuxi mawo ke me kpɔ. Ðe manyo be nàsrɔ̃ nu tso wo gbɔ oa? Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖoɖo nyuie.

Aɖaŋuɖoɖo Wɔ ɖoɖo. Enye nyateƒe be esia abia be nàwɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu eye nàɖoe kplikpaa awɔ ɖe ɖoɖoa dzi ya, gake eɖea vi, ana nàwu nu sia nu nu ɖe game dzi.—Abbey.

 Ne dɔa wɔwɔ medzɔa dzi na wò o.

Tsɔe be zi geɖe la, nu siwo wòhiãna be nàwɔ la dometɔ aɖewo medoa dzidzɔ na wò o. Ekema nu kae nàte ŋu awɔ? Te esiawo kpɔ.

  • Dze agbagba nàkpɔ susu aɖe si tae wòahiã be nàwɔe kaba. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ ale si dzi adzɔ wò ne èwu enu la le susu me. Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Amy gblɔ be: “Ale si mesena le ɖokuinye me ne mewu dɔ aɖe nu, alo mewu enu hafi eƒe game de si wɔe be mete ŋu ɖi ɖe eme la dzɔa dzi nam.

  • Wò ŋku nenɔ nu siwo wògblẽna dzi. Ne èhe dɔ si wòle be nàwɔ ɖe megbe la, ekema èle dzimaɖitsitsi dom ɖe dzimaɖitsitsi dzi na ɖokuiwò eye èle dzidzedze si nàkpɔ le dɔa wɔwɔ me la dzi ɖem kpɔtɔ. Biblia gblɔ be: “Nu sia nu si ƒãm ame le la, nu sia kee wòaŋe.Galatiatɔwo 6:7.

  • Ðe ɣeyiɣi si wòle be nàwu dɔa nu la dzi kpɔtɔ le susu me. Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Alicia gblɔ be: “Edea ame dzi ne ame susui be ele be yeawu dɔ aɖe nu ŋkeke ɖeka alo eve do ŋgɔ na ŋkeke si tututu dzi wòle be dɔa nawu nu. Esia wɔnɛ be megbugbɔa ŋku léna ɖe nu siwo mewɔ la ŋu nyuie, eye wònana hã be ŋkeke ɖeka alo eve tsia anyi nam.

Aɖaŋuɖoɖo Nya la katã kpo ɖe míaƒe susua gbɔ. Gblɔ na ɖokuiwò be yeawu yeƒe dɔa nu ɖe game dzi eye naneke matutui o. Ne megblɔ nya sia na ɖokuinye la, mewua dɔa nu ɖe game dzi godoo.—Alexis.

 Ne dɔ geɖe le dziwò xoxo.

Ŋutsuvi si ŋkɔe nye Nathan gblɔ be: “Zi geɖe la, amewo gblɔna be nyemetsona ɖe dɔ ŋu bla o. Gake menye nyateƒee! Womenya ale si gbegbe dɔ do agbogbo ɖe dzinye o tae!” Ne èsena le ɖokuiwò me abe Nathan ene la, ke wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna dzi.

  • Wɔ dɔ bɔbɔewo gbã. Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Amber gblɔ be, “ame aɖe gblɔ nam kpɔ be ne dɔ aɖe wɔwɔ axɔ miniti atɔ̃ pɛ ko la, ele be mawɔe enumake. Dɔ siawo dometɔ aɖewoe nye nukpɔkplɔ, awusiasia, agbakɔklɔ kple kaƒoƒo na ame aɖe.

  • Wɔ nu siwo hiã vevie la gbã. Biblia ɖo aɖaŋu na mí be míakpɔ “nu siwo le vevie wu la adze sii.” (Filipitɔwo 1:10) Aleke nàte ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi le wò gbe sia gbe gbenɔnɔ me? Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Anna gblɔ be, “Meŋlɔa dɔ siwo katã wòhiã be mawɔ kple ɣeyiɣi si wòle be mawu wo nu la ɖi. Gake vevietɔ wu la, meŋlɔa ɣeyiɣi si medi be mawɔ dɔawo dometɔ ɖe sia ɖe kple ɣeyiɣi si mawu enu la ɖi.

Ðe esia ana nàxaxa? Gabu eŋu kpɔ! Nya lae nye be ne èwɔ ɖoɖo ɖe dɔa ŋu la, àkpɔ ŋusẽ ɖe ale si nàzã ɣeyiɣia dzi, màɖe mɔ ɣeyiɣia nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o. Eye esia ɖea dzimaɖitsitsi dzi kpɔtɔna. Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Kelly gblɔ be: “Ne mewɔ ɖoɖo ɖe nye dɔwo ŋu la, enana be nye dzi dzea eme eye menyana ale si mawɔ nye dɔwoe.

  • Ƒo asa na susuhenuwo. Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Jennifer gblɔ be: “Menana mía ƒemetɔwo katã nyaa ɣeyiɣi si madze dɔ aɖe gɔme. Meɖea kuku na wo be nenye be wòdi be mawɔ nane na yewo la, wonegblɔe nam do ŋgɔ hafi madze nye dɔa gɔme. Metsia nye telefon kple e-mail ƒe toklãnamɔ̃wo.

Aɖaŋuɖoɖo Ne dɔ aɖe le ŋutiwò eye mèwɔe o kpaa mèvo o. Enyo be nàwɔe lali wu be nànɔ anyi anɔ tame bum tso eŋu. Ne èwɔe lalia, ekema àte ŋu aɖi ɖe eme le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi si susɔ la me.—Jordan.