Dodokpɔ: Ðe metsi dzi ɖe nye dzedzeme ŋu fũu akpa?

  1. Nya siawo dometɔ kae ɖe ale si nèsena le ɖokuiwò me fia wu?

    • Nye dzedzeme medzea ŋunye gbeɖe o.

    • Nye dzedzeme dzea ŋunye ɣeaɖewoɣi.

    • Nye dzedzeme dzea ŋunye ɣesiaɣi.

  2. Nu kae nye vevitɔ nàdi be yeatrɔ le yeƒe dzedzeme ŋu?

    • Kɔkɔme

    • Kpekpeme

    • Lolome

    • Ða

    • Ŋutigbalẽ

    • Titrime

    • Bubu aɖe

  3. Kpe nyagbe siawo ɖo.

    Nye dzedzeme medzea ŋunye o vevietɔ . . .

    • ne meda ɖokuinye kpɔ.

    • ne mekpɔ ɖokuinye le ahuhɔ̃e me.

    • ne metsɔ ɖokuinye sɔ kple amewo (xɔ̃nyewo, ame siwo doa boblo awu yeyewo, filmwɔla xɔŋkɔwo).

  4. Kpe nyagbe siawo ɖo.

    Medaa ɖokuinye kpɔ . . .

    • gbe sia gbe.

    • kwasiɖa sia kwasiɖa.

    • ɣeaɖewoɣi zi ɖeka le kwasiɖa me.

  5. Nya siawo dometɔ kae ɖe ale si nèsena le ɖokuiwò me fia wu?

    • Nye dzedzeme medzea ŋunye o. (Kpɔɖeŋu: “Ɣesiaɣi si mekpɔ ahuhɔ̃e me la, ewɔna nam be melolo akpa eye wòdzia ŋɔ nam. Megbea nuɖuɖu gɔ̃ hã be maɖi ku.”—Serena.)

    • Nyemetsia dzi ɖe nye dzedzeme ŋu fũu akpa o. (Kpɔɖeŋu: “Nane anɔ anyi kokoko madzɔ dzi na mí le míaƒe dzedzeme ŋu o, gake ɖeko wòle be míalɔ̃ atsɔe nenema. Enye bometsitsi be míatsi dzi ɖe nane si ŋu míate ŋu awɔ naneke le o la ŋu.”—Natanya.)

Biblia gblɔ na mí be mele be ame nabu “eɖokui ŋu wu ale si dze o.” (Romatɔwo 12:3) Eya ta esɔ be míabu mía ɖokuiwo ŋu va se ɖe afi aɖe ya teti. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye ale si nèklɔa nu me gbe sia gbe eye nèlea tsi hedzraa ɖokuiwò ɖo nyuie.

Gake ne wò dzedzeme nana be dzi ɖena le ƒowò, eye ɖewohĩ wòna gɔ̃ hã be nèva le dzi tsim ɖe wò dzedzeme ŋu fũu akpa ya ɖe? Nenye nenemae la, ke àte ŋu abia ɖokuiwò be . . .

  ‘Nu ka tae nyemekpɔa ŋudzedze ɖe nye dzedzeme ŋu o?’

Ate ŋu anye susu geɖewo tae. Wo dometɔ aɖewoe nye:

  • Nyakakadɔwɔlawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi. “Nyakakadɔwɔlawo ɖea nu gbogbo aɖewo fia mí sɔhɛwo si wɔnɛ be míedina be míanɔ tsralɛ ahanya kpɔ ɣesiaɣi. Eya ta ne míete ŋu le nenema tututu o la, míekpɔa ŋudzedze ɖe mía ɖokui ŋu o!”—Kellie.

  • Dzilawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi. “Mede dzesii be zi geɖe la, ne vidada aɖe tsia dzi ɖe eƒe dzedzeme ŋu fũu akpa la, via nyɔnuvi hã va wɔa nenema. Esia ate ŋu adzɔ le vifofo kple via ŋutsuvi hã gome.”—Rita.

  • Ameɖokuibubu be yemele ɖeke me o. “Ame siwo tsia dzi ɖe woƒe dzedzeme ŋu fũu akpa la dina ɣesiaɣi be amewo nanɔ nu nyui ƒom tso yewoƒe dzedzeme ŋu. Ame siawo tɔgbi gbɔ nɔnɔ tia ame!”—Jeanne.

Eɖanye nu ka gbɔe wòtso o, ànya nɔ ɖokuiwò biam be . . 

  ‘Ðe wòle be matrɔ nye dzedzemea?’

Kpɔ nya siwo hawòti aɖewo gblɔ ɖa.

“Mate ŋu atrɔ nu siwo medzɔa dzi na wò le ɖokuiwò ŋu la ɣesiaɣi o, eya ta lɔ̃ ɖe nu siwo medzea ŋuwò le wò dzedzeme ŋu la dzi. Ne èwɔe nenema la, manɔ bɔbɔe be ame bubuwo nade dzesi wo o.”—Rori.

“Wɔ nu siwo nàte ŋui be nànɔ lãmesẽ me. Ne èle lãmesẽ me la, wò dzedzeme anɔ abe ale si wòle be wòanɔ. Ne ame aɖe mate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò le wò nɔnɔme nyuiwo ta o (ke boŋ ɖe wò dzedzeme ta la), ekema menye xɔlɔ̃ nyui o.”—Olivia.

Nya vevitɔ: Wɔ nu si nàte ŋui be nànya kpɔ. Gake mègatsi dzi ɖe susɔeawo ŋu o. Afɔku le dzitsitsi fũu akpa ɖe ame ƒe dzedzeme ŋu me. (Xlẽ “ Julia Ƒe Ŋutinya.”)

Ne èkpɔa ŋudzedze ɖe wò dzedzeme ŋu la, ana nàda sɔ le ale si nèbua ɖokuiwòe me, abe ale si ɖetugbui aɖe si woyɔna be Erin gblɔe ene. “Enye nyateƒe be vɔvɔ̃ nɔa menye, gake meva de dzesii be ne mele nu siwo mesɔ o ŋu bum koe nu sia dzɔna ɖe dzinye. Fifia ɖeko medea kame edziedzi eye meɖua nu nyuie. Nu susɔeawo ŋutɔ va le wo ɖokui si.”

  Ðɔɖɔɖo nyuitɔ kekeake si nàte ŋu awɔ!

Ne èda sɔ le ale si nèbua wò dzedzemee gome la, wò dzi adze me ŋutɔ (eye wò dzedzeme gɔ̃ hã adze ŋuwò). Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Ede dzi ƒo na wò be nàtu nɔnɔme siawo ɖo:

  • Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu. “Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzodzro ƒe tsa glalã tsatsa. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.”—Nyagblɔla 6:9.

  • Da sɔ le modzakaɖeɖe gome. ‘Ŋutilãmekamedede nyo na nu vi aɖe ko.’—1 Timoteo 4:8.

  • Ememe ƒe nyonyo. “Menye ale si amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋkunu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.”—1 Samuel 16:7, 8.

“Míaƒe moɖoɖo ɖea ale si míesena le mía ɖokui ŋu la fiana. Ne ame aɖe kpɔa dzidzɔ ɖe eɖokui ŋu la, ame bubuwo kpɔnɛ dzea sii, eye esia tea wo ɖe amea ŋu.”—Sarah.

“Wò nyonyo ate ŋu ahe amewo ƒe susu kaba ya. Gake ame si nènye le ememe kple wò nɔnɔme nyuiwo dzie amewo aɖo ŋkui wu.”—Phylicia.

Kpɔ Lododowo 11:22; Kolosetɔwo 3:10, 12; 1 Petro 3:3, 4 hã.