Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Mesu Te Na Gbeɖoɖoɖia?

Ðe Mesu Te Na Gbeɖoɖoɖia?

Nu kae nye gbeɖoɖoɖi?

  • Ènye ɖekakpuivi evɔ wò kple ɖetugbui aɖe míezɔna edziedzi. Gbeɖoɖoɖi yea?

  • Ènye ɖekakpuivi eye ɖetugbui aɖe ƒe nu lé dzi na wò, alo ènye ɖetugbuivi eye ɖekakpuivi aɖe ƒe nu lé dzi na wò. Mieɖoa message geɖe ɖe mia nɔewo alo yɔa mia nɔewo le telefon dzi zi geɖe gbe sia gbe. Gbeɖoɖoɖi yea?

  • Ne mi ame evea miele mia tɔwo dome la, mia nɔewo ŋu koe miekpɔa vovo ɖo. Gbeɖoɖoɖia yea?

Anɔ eme be biabia gbãtɔ ŋu ɖoɖo masesẽ na wò o. Gake àtɔ sẽe hafi aɖo eve mamlɛawo ya ŋu. Nu ka koŋue nye gbeɖoɖoɖi?

Gbeɖoɖoɖi nye hadede ɖe sia ɖe si me ame aɖe koŋ ƒe nu nalé dzi na wò eye wò hã wò nu nalé dzi nɛ abe ale si wònɔna le srɔ̃tɔwo dome ene.

Eya ta biabia etɔ̃ mawo katã ƒe ŋuɖoɖoae nye ɛ̃. Ne ènye ɖekakpuivi eye ɖetugbuivi aɖe ƒe nu lé dzi na wò eye wò kplii míeɖoa dze edziedzi eɖanye le telefon dzi alo ŋkume kple ŋkume le adzame loo alo ame dome o, gbeɖoɖoɖie nye ema.

 Taɖodzinu kae le gbeɖoɖoɖi ŋu?

Taɖodzinu nyui si le gbeɖoɖoɖi ŋue nye be wòakpe ɖe ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo ŋu woalé ŋku ɖe wo nɔewo ŋu akpɔe ɖa be yewoate ŋu aɖe yewo nɔewo hã.

Enye nyateƒe be menye taɖodzinu nyui siae le gbeɖoɖoɖi ŋu na hawòti aɖewo ya o. Ðewohĩ ɖetugbuiawo gbɔ nɔnɔ koe doa dzidzɔ na ɖekakpuiawo menye kple susu be yewoava ɖe wo o. Eye wo dometɔ aɖewo bua esia gɔ̃ hã be ana amewo nade bubu yewo ŋu ahabui be yewodze agbagba ŋutɔ ne wokpɔ yewo yewole zɔzɔm kple ɖetugbui mawo.

Zi geɖe la, madze-amewo-nakpɔ nuwɔna ma menɔa anyi eteƒe didina o. Nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Heather gblɔ be: “Sɔhɛ siwo ɖoa gbe ɖi la dometɔ geɖe dome klãna le kwasiɖa ɖeka alo eve megbe. Wova bua hadede kple amewo be enye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nuwɔna, si wɔnɛ be ŋutete si wòhiã be woado dzi le srɔ̃ɖeɖe me la mesua wo si o ke boŋ srɔ̃gbegbe ƒe ŋutete koe va sua wo si.”

Edze ƒãa be ne èle zɔzɔm kple ame aɖe la, wò nuwɔna akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe seselelãme dzi. Eya ta kpɔ egbɔ be taɖodzinu nyui aɖe tae yele gbe ɖom ɖi kple amea ɖo.—Luka 6:31.

Ne èle zɔzɔm kple ame aɖe gake mèwɔ susu be yeaɖee o la, ɖeko wòle abe ale si ɖeviwo fena kple fefenu eye kaka nàkpɔa wotsɔe fu gbe ene

Bu eŋu kpɔ: Ðe wòadzɔ dzi na wò ne ame aɖe na wòwɔ na wò abe ɖe wòdi be yeaɖe wò ene evɔ fefem ko wòle kpli wò abe ale si ko ɖeviwo fena kple fefenu eye kaka nàkpɔa wotsɔe ƒu gbe ɖe afi aɖe enea? Ekema wò hã mègawɔe ɖe ame aɖeke ŋu o! Biblia gblɔ be lɔlɔ̃ “mewɔa nu si mesɔ o.”—1 Korintotɔwo 13:4, 5.

Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Chelsea gblɔ be: “Ewɔna nam ɣeaɖewoɣi be fefenu ko gbeɖoɖoɖi nye, gake menye fefenu wònye ne ame ɖeka tsɔe vevie evɔ ame evelia metsɔe nenema o.”

Aɖaŋuɖoɖo: Ne èdi be yeadzra ɖo ɖe gbeɖoɖoɖi kple srɔ̃ɖeɖe ŋu la, xlẽ 2 Petro 1:5-7 eye nàtia nɔnɔme nyui si nàdi be yeatu ɖo geɖe wu. Le ɣleti ɖeka megbe la, bu nu siwo gbegbe nèsrɔ̃ tso nɔnɔme ma ŋu kple ŋgɔyiyi si nèwɔ le eɖeɖe fia me ŋu.

 Ðe metsi aɖo gbe ɖia?

  •  Èsusu be ƒe nenie wòle be sɔhɛ naxɔ hafi ate ŋu aɖo gbe ɖi?

  •  Azɔ bia nya sia ke dziwòlawo.

Anɔ eme be dziwòlawo ƒe ŋuɖoɖoa ato vovo na tɔwò. Ðewohĩ woasɔ! Nenye nenemae la, ke sɔhɛ dzenunya siwo ɖoe be yewomaɖo gbe ɖi o va se ɖe esime yewotsi na esia wɔwɔ hafi la dometɔ ɖekae nènye.

Nu mae Danielle si xɔ ƒe 17 ɖo be yeawɔ. Egblɔ be: “Esi mebu ƒe eve siwo ya yi ŋu la, mekpɔe be nu siwo madi be makpɔ le ame si maɖe ŋu to vovo na nu siwo madi egbea. Gake fifia kura gɔ̃ hã la, nyemeka ɖe ɖokuinye dzi be mesu te awɔ nyametsotso ma o. Malala ƒe ʋɛ aɖewo eye ne mese le ɖokuinye me be mesu te nyuie hena gbeɖoɖoɖi ko hafi maɖo gbe ɖi.”

Susu bubu aɖe hã li si ta wòanyo be ame nalala ɖo. Biblia zã nyagbɔgblɔ “sɔhɛnyenye me” tsɔ ɖɔ ɣeyiɣi gbãtɔ si me gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu sẽna ɖe ame me eye ame ƒe nu tea ŋu léa dzi na ame vevie lae. (1 Korintotɔwo 7:36) Ne ènye ɖekakpui eye nèle ha dem kple ɖetugbui aɖe kplikplikpli le ɣeyiɣi vevi sia me la, ate ŋu ana dzodzro nanyɔ ɖe mia me eye wòakplɔ mi ade nu gbegblẽ wɔwɔ me.

Ele eme be hawòtiwo ya ate ŋu abui be naneke megblẽ le eŋu o ya. Wo dometɔ geɖe anya kpɔ dzidzɔ ɖe gbɔdɔdɔ ŋu gɔ̃ hã. Gake ele be wò ya nàdze nunya wu wo eye àte ŋui hã! (Romatɔwo 12:2) Biblia kura gɔ̃ hã xlɔ̃ nu wò be nàsi “le agbe gbegblẽ nɔnɔ nu.” (1 Korintotɔwo 6:18) Ne èlala va se ɖe esime nèto sɔhɛnyenye me do la, àte ŋu ‘aƒo asa na vɔ̃.’—Nyagblɔla 11:10.

 Nu ka tae wòle be malala asu te hafi aɖo gbe ɖii?

Ne mèsu te na gbeɖoɖoɖi o gake èɖe mɔ wòble nuwò de eme la ɖeko wòanɔ abe ale si woazi ame aɖe dzi wòawɔ dodokpɔ mamlɛtɔ evɔ mekpɔ dze sukua dede gɔme teti gɔ̃ hã o ene. Edze ƒãa be nu sia mesɔ o! Ehiã be woana ɣeyiɣi wò nàsrɔ̃ nua nyuie ale be nànya kuxi siwo yeate ŋu ava do go le dodokpɔa wɔwɔ me.

Alea tututue wòle le gbeɖoɖoɖi hã gome.

Gbeɖoɖoɖi menye fefenu o. Eya ta hafi nàva tsɔ susu ɖo ame ɖeka aɖe ŋu la, ele be nàdi ɣeyiɣi asrɔ̃ nu tso nya vevi aɖe ŋu, eyae nye ale si nàdze xɔlɔ̃.

Ne èwɔ esia vɔ eye nèva do go ame si sɔ na wò emegbe la, awɔe be miaƒe kadodoa me asẽ goŋgoŋ. Le nyateƒe me la, srɔ̃ɖeɖe like nyea xɔlɔ̃ eve ƒe ɖekawɔwɔ.

Ne èlala ʋɛe hafi va ɖo gbe ɖi kple ame aɖe la, maxɔ ablɔɖe le asiwò o. Ðe wòana ablɔɖe geɖe wu nasu asiwò boŋ ale be nàkpɔ “dzidzɔ le wò ɖekakpuime.” (Nyagblɔla 11:9) Esia ana ɣeyiɣi hã nasu asiwò nàtsɔ atrɔ asi le wò amenyenye ŋu, eye vevietɔ wu nàtsɔ atrɔ asi le wò mawusubɔsubɔ ŋu wòanyo wu.—Konyifahawo 3:27.

Gake fifia gɔ̃ hã, ɖekakpuiwo àte ŋu ase vivi na hadede kple ɖetugbuiwo eye ɖetugbuiwo hã ate ŋu awɔe nenema. Mɔ nyuitɔ ka dzie nàto awɔ esia? Kpɔ gome le wɔna siwo me sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa tsaka le gome kpɔm le ɖekae. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Tammy gblɔ be: “Mesusu be ewɔwɔ alea vivina wu. Enyo wu be xɔlɔ̃ geɖewo nanɔ ame si.” Nenemae Monica hã kpɔe. Egblɔ be: “Nu nyui aɖee hadede le ƒuƒoƒo me nye. Elabe ana nàde ha kple ame siwo ƒe amenyenye le vovovo.”

Gake ne ètsɔ susu ɖo ame aɖe ŋu evɔ mèkpɔ tsi o la, dzigbagbã ko wòava nye na wò. Eya ta gbɔ dzi ɖi. Zã ɣeyiɣi sia nàtsɔ asrɔ̃ ale si wodzea xɔlɔ̃ hekpɔa xɔlɔ̃dzedzea tae. Eye ne èva tiae emegbe be yeaɖo gbe ɖi kple ame aɖe la, ànya ame si wò ŋutɔ nènye nyuie kple nɔnɔme siwo nàdi be nenɔ ame si ava nye yeƒe zɔhɛ le agbe me katã si la hã nyuie.