Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Ŋutsu Kple Ŋutsu Alo Nyɔnu Kple Nyɔnu Ƒe Gbɔdɔdɔ Nye Nu Gbegblẽa?

Ðe Ŋutsu Kple Ŋutsu Alo Nyɔnu Kple Nyɔnu Ƒe Gbɔdɔdɔ Nye Nu Gbegblẽa?

“Esi menɔ tsitsim la, kuxi sesẽ siwo me meto dometɔ ɖekae nye ale si gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me kple ŋutsuwo dzroam vevie, togbɔ be ŋutsue nye ŋutɔ menye hã. Ewɔ nam gbã be seselelãme ma nu ava tsi, gake egakpɔtɔ le fu ɖem nam kokoko.”​—David, exɔ ƒe 23.

David nye Kristotɔ si di be yeawɔ nu si dzea Mawu ŋu. Ðe esia anya wɔ nɛ esi wòdzronɛ be yeakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kple ŋutsu bubuwoa? Aleke tututue Mawu sena le eɖokui me tso ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ ŋu?

 Nya kae Biblia gblɔ?

Ale si amewo bua ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ la toa vovo tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi kple tso teƒe yi teƒe. Gake Kristotɔwo medzea ha yome alo nyea ame siwo “nufiafia ƒe ya sia ya si ƒona yina gbɔna” o. (Efesotɔwo 4:14) Ke boŋ wodina be ale si yewobua ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ (alo nuwɔna bubu ɖe sia ɖe) la, nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe nudidi siwo le Biblia me.

Nya siwo Biblia gblɔ tso ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ ŋu la me kɔ keŋ. Mawu ƒe Nya la gblɔ be:

  • “Mègadɔ ŋutsu gbɔ abe nyɔnu gbɔ ene o.”​—3 Mose 18:22.

  • “Le woƒe dzi ƒe dzodzrowo nu la, . . . Mawu ɖe asi le wo ŋu na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro siwo dzi wometea ŋu ɖuna o, elabena woƒe nyɔnuwo trɔ woƒe dzɔdzɔmekɔnu la ɖe esi mele dzɔdzɔme nu o.”​—Romatɔwo 1:24, 26.

  • “Migana woaflu mi o. Ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me, trɔ̃subɔlawo, ahasiwɔlawo, ŋutsu siwo gbɔ ŋutsuwo dɔna, alo ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo, ŋuklẽlawo, ahamulawo, amedzulawo kple adzodalawo la, womanyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.”​—1 Korintotɔwo 6:9, 10.

Le nyateƒe me la, Mawu ƒe nudidi siawo le yiyim na amewo katã, ame siwo wòdzrona vevie be yewoakpɔ gome le ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ me hã le eme. Nya lae nye be, ele be ame sia ame naɖu eɖokui dzi ne edzronɛ vevie be yeakpɔ gome le nuwɔna aɖe si medzea Mawu ŋu o me.​—Kolosetɔwo 3:5.

 Ðe ema fia be . . . ?

Ðe ema fia be Biblia le gbɔgblɔm be míalé fu ŋutsu ŋutsugbɔdɔlawoa?

Ao. Biblia megblɔ kpɔ be woalé fu ame aɖeke o​—ŋutsu ŋutsugbɔdɔlawo gɔ̃ hã. Ke boŋ egblɔ be ‘míayi edzi anɔ ŋutifafa me kple amewo katã,’ metsɔ le ale si wonɔa agbee me o. (Hebritɔwo 12:14) Eya ta mesɔ be woasẽ ŋuta le ŋutsu ŋutsugbɔdɔlawo kple nyɔnu nyɔnugbɔdɔlawo ŋu alo alé fu wo, alo awɔ ŋlɔmi le wo ŋu le mɔ bubu aɖeke nu o.

Ðe ema fia be ele be Kristotɔwo natsi tre ɖe se siwo ɖe mɔ ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu la ŋua?

Biblia na míenya be ɖoɖo si Mawu wɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋue nye be ŋutsu naɖe nyɔnu. (Mateo 19:4-6) Ke hã, nuƒoƒo tso se siwo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo de ku ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu ya zu dunyahenya, ke menye agbe nyui nɔnɔ ƒe nya o. Biblia gblɔ na Kristotɔwo be woagade nu dunyahenyawo me o. (Yohanes 18:36) Eya ta, womekafua dziɖuɖuwo alo tsia tsitre ɖe wo ŋu le se siwo wode ku ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe srɔ̃ɖeɖe alo woƒe gbɔdɔdɔ ŋu la ta o.

 Ke ne . . . ɖe?

Ke ne ame aɖe nye ŋutsu ŋutsugbɔdɔla alo nyɔnu nyɔnugbɔdɔla fifia ya ɖe? Ðe amea ate ŋu atrɔa?

Ɛ̃. Nyateƒea nye be ame aɖewo te ŋu wɔ tɔtrɔ sia le ƒe alafa gbãtɔ me! Esi Biblia gblɔ be ame siwo kpɔa gome le ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ me manyi Mawu Fiaɖuƒea dome o vɔ la, egblɔ kpee be: “Nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã.”​1 Korintotɔwo 6:11.

Ðe ema fia be ne ame aɖe dzudzɔ gomekpɔkpɔ le ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ me la, agbe ma nɔnɔ megadzronɛ kura oa? Menye nenemae o. Biblia gblɔ be: “Mido amenyenye yeye la, si wɔm wole yeyee to sidzedze vavãtɔ me.” (Kolosetɔwo 3:10) Tɔtrɔwɔwɔ menye nu wowɔna gbe ɖeka kple eƒe zãdodo o.

Ke ne ame aɖe di be yeawɔ nu si Mawu di, evɔ wògadzronɛ be yeakpɔ gome le ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ me ya ɖe?

Abe ale si wòle le dzodzro ɖe sia ɖe gome ene la, ame ate ŋu atiae be yeaɖu dzodzro ma dzi alo yeawɔ ɖe edzi. Aleke wòawɔ aɖu edzi? Biblia gblɔ be: “Miyi edzi miazɔ le gbɔgbɔ me, ekema miele ŋutilã ƒe nudzodzro aɖeke dzi wɔ ge o.”​—Galatiatɔwo 5:16.

De dzesii be mawunyakpukpuia megblɔ be ŋutilã ƒe nudzodzro aɖeke magaɖe fu na amea o. Ke boŋ ne amea léa gbɔgbɔmeɖoɖo nyuiwo, abe Biblia sɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa edziedzi ene me ɖe asi la, ŋusẽ aɖo eŋu wòaɖu dzodzro mawo dzi.

David, si ƒe nya míegblɔ le nyatia ƒe gɔmedzedze la kpɔ esia ƒe nyateƒenyenye dze sii​—vevietɔ esi wòva ɖe nu si me tom wòle la dzi na edzilawo. Egblɔ be: “Ðeko wònɔ abe agba kpekpe aɖee medro da ɖi ene. Ne ɖe mekɔ nu le nyaa dzi na wo xoxoxo la, anye ne ɖewohĩ makpɔ dzidzɔ le nye ƒewuiwo me wu hafi.”

Nyateƒee, míekpɔa dzidzɔ ne míenɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu. Ame siwo wɔa esia la ka ɖe edzi be eƒe nudidiwo “dzɔ, [eye] wodoa dzidzɔ na dzi.”​—Psalmo 19:8, 11.