Dzo kpo yi emenuwo dzi

Se Siwo Mawu De Le Blema Ku Ðe Dzadzɛnyenye Ŋu La De Ŋgɔ Sãsãsã Wu Nu Siwo Wonya Ɣemaɣi

Se Siwo Mawu De Le Blema Ku Ðe Dzadzɛnyenye Ŋu La De Ŋgɔ Sãsãsã Wu Nu Siwo Wonya Ɣemaɣi

Anɔ abe ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi esi wòsusɔ vie Israel-viwo nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Mawu gblɔ be yeakpɔ wo ta tso “dɔléle vɔ̃ɖi” siwo wonya le Egipte la si me. (5 Mose 7:15) Mɔ ɖeka aɖe si dzi wòto wɔ esia ye nye be ena mɔfiamewo woamawo tsitotsito ku ɖe dzadzɛnyenye kple ale si woawɔ atsi dɔlélewo nu ale be woagakaka o ŋu. Le kpɔɖeŋu me:

  • Tsilele kple nudodowo nyanya nɔ nu siwo wobia tso Israel-viwo si le Mawu ƒe sea me dome.—3 Mose 15:4-27.

  • Ku ɖe nugododede ŋu la, Mawu gblɔ be: “Afɔdzideƒe nanɔ asiwò le asaɖa la godo, eye afi ma nàdo go ayi. Eye ati gbabɛ nanɔ asiwò le wò dɔwɔnuwo dome. Ne èbe yeabɔbɔ le asaɖa la godo ade afɔdzi la, ekema nàtsɔe aɖe doe, eye emegbe nàxe ke ɖe wò afɔdzi la dzi.”—5 Mose 23:12, 13.

  • Woɖea ame siwo wokpɔ be wole dɔxɔleameŋu aɖe lém la ɖe aga hena ɣeyiɣi aɖe. Hafi dɔnɔ siwo haya la natrɔ ava ame dome la, ele be woanya woƒe awuwo ahale tsi; ema ko hafi woate ŋu abu wo be wo ŋu ‘kɔ.’—3 Mose 14:8, 9.

  • Woɖea ame sia ame si ka asi ame kuku alo lã kuku aɖe ŋu la ɖe aga.—3 Mose 5:2, 3; 4 Mose 19:16.

Se siwo nɔ Israel-viwo si ku ɖe lãmesẽnyawo kple dzadzɛnyenye ŋu la de ŋgɔ sãsãsã wu wo ŋɔlimetɔwo tɔ.

Dukɔ bubu me tɔwo menya nu boo aɖeke ku ɖe dzadzɛnyenye ŋu o. Le kpɔɖeŋu me:

  • Wokɔa gbeɖuɖɔ ɖe mɔwo dzi. Eye tsi ƒoɖiwo, nuɖuɖu gbegblẽwo kple ɖinu bubuwo nana woƒe nutowo me ƒoa ɖi, eye esia wɔnɛ be ame geɖe dzea dɔ eye vidzĩ gbogbowo kuna.

  • Atikewɔla siwo nɔ anyi le blema la menya naneke tso dɔlékuiwo ŋu o. Nu siwo Egiptetɔwo zãna be yewotsɔ le dɔ dam ƒe ɖewoe nye adoglo ƒe ʋu, aluge ƒe mĩ, afi kuku, aɖuɖɔ kple yevubolo dzefufu. Wozãa amegbetɔwo kple lãwo hã ƒe mĩ zi geɖe le woƒe atikewɔnyawo me.

  • Ðinu siwo ge ɖe Nil-tɔsisia kple tɔʋu siwo woɖe tsɔ dea tsi agblewo me la nana dɔlékui vovovowo nɔa tsiawo me si wɔnɛ be Egiptetɔwo dzea dɔ. Nenema kee ɖinu siwo ge ɖe nuɖuɖuwo me la wɔnɛ be ɖevi geɖe siwo nɔ Egipte la kuna le mĩtsinyenyedɔ kple emawo tɔgbi ta.

Gake lãmesẽnyawo de Israel-viwo ya dzi wu dukɔ bubu me tɔwo le esi wowɔ ɖe mɔfiame siwo le Mawu ƒe Sea me dzi ta.