Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Nu Kae Nye Xaxa Gã La?

Nu Kae Nye Xaxa Gã La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Xaxa gã la ahe ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake ava ameƒomea dzi. Biblia gblɔe ɖi be ɣeyiɣi sia ava le “ŋkeke mamlɛawo” alo “nuwuɣi” la me. (2 Timoteo 3:1; Daniel 12:4) “Anye xaxa si tɔgbi meva kpɔ tso esime Mawu wɔ xexea va se ɖe fifi o, eye etɔgbi megale vava ge ake o.”​—Marko 13:19; Daniel 12:1; Mateo 24:21, 22.

Nu siwo adzɔ le xaxa gã la me

  • Alakpasubɔsubɔhawo tsɔtsrɔ̃. Woatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo alɔ tsɔtsɔe wòawɔ nuku na amewo. (Nyaɖeɖefia 17:​1, 5; 18:​9, 10, 21) Dunyaheŋusẽ siwo katã le megbe na Dukɔ Ƒoƒuawo ye Mawu azã atsɔ awɔ esia.​—Nyaɖeɖefia 17:3, 15-18. *

  • Subɔsubɔha vavãtɔ dzi dzedze. Dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo si woyɔ le Ezekiel ƒe ŋutega me be “Gog, si tso Magog-nyigba dzi” la adze agbagba be yeatsrɔ̃ ame siwo le subɔsubɔha vavãtɔ me. Gake Mawu akpɔ esubɔlawo ta tso tsɔtsrɔ̃ ma me.​—Ezekiel 38:​1, 2, 9-​12, 18-​23.

  • Ʋɔnudɔdrɔ̃ anyigbadzinɔlawo. Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amewo katã, eye “wòama amewo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔe ene.” (Mateo 25:31-​33) Nu si dzi Yesu anɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu amee nye nenye be amea na kpekpeɖeŋu ‘nɔviawo,’ siwo nye ame siwo aɖu fia kplii le dziƒo, alo mena kpekpeɖeŋu wo o.​—Mateo 25:34-​46.

  • Ame siwo aɖu dzi le Fiaɖuƒea me nu ƒoƒo ƒu. Nuteƒewɔla siwo wotia be woaɖu fia kple Kristo la awu woƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu eye woafɔ wo ɖe tsitre woayi dziƒo.​—Mateo 24:31; 1 Korintotɔwo 15:50-53; 1 Tesalonikatɔwo 4:15-17.

  • Armagedon. Wogayɔ “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” la be “Yehowa ƒe ŋkeke la.” (Nyaɖeɖefia 16:14, 16; Yesaya 13:9; 2 Petro 3:12) Kristo atsrɔ̃ ame siwo woabu fɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlɛa me. (Zefaniya 1:18; 2 Tesalonikatɔwo 1:6-10) Esiawo dometɔ aɖee nye xexea me katã ƒe dunyahenuɖoanyia, si woɖɔ le Biblia me be lã wɔadã si ta adre li na la.​—Nyaɖeɖefia 19:19-​21.

Nu siwo adzɔ le xaxa gã la megbe

  • Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo lelé ade aʋli me. Mawudɔla sẽŋu aɖe alé Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ade “aʋli me,” si fia dɔmawɔmawɔ ƒe nɔnɔme si sɔ kple ku. (Nyaɖeɖefia 20:​1-3) Woate ŋu atsɔ nɔnɔme si me Satana anɔ le aʋlia me asɔ kple gamenɔnɔ; magate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe naneke dzi le teƒe aɖeke o.​—Nyaɖeɖefia 20:7.

  • Ƒe Akpa Ðeka Dziɖuɖua dze egɔme. Mawu Fiaɖuƒea adze eƒe ƒe 1,000 dziɖuɖua, si ahe yayra manyagblɔwo vɛ na amegbetɔwo la gɔme. (Nyaɖeɖefia 5:​9, 10; 20:​4, 6) “Ameha gã” aɖe si xexlẽme meli na o ado “go tso xaxa gã la me,” si fia be woatsi agbe eye woakpɔ Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe gɔmedzedze le anyigba dzi.​—Nyaɖeɖefia 7:​9, 14; Psalmo 37:​9-​11.

^ mm. 5 Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, woyɔ alakpasubɔsubɔhawo be Babilon Gã, si nye “gbolo gã” la. (Nyaɖeɖefia 17:​1, 5) Lã wɔadã dzĩ, si atsrɔ̃ Babilon Gã la, le tsitre ɖi na habɔbɔ si ƒe taɖodzinue nye be yeana xexemedukɔwo nawɔ ɖeka eye yeanye dukɔ mawo teƒenɔla. Eyae nye Dukɔwo ƒe Nubabla si nɔ anyi tsã, eye fifia la, eyae nye Dukɔ Ƒoƒuawo.