Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Nubablaɖaka La?

Nu Kae Nye Nubablaɖaka La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Nubablaɖaka la nye aɖaka kɔkɔe aɖe si blema Israel-viwo nɔ te ɖe Mawu ƒe sedede kple eƒe mɔfiamewo dzi wɔ. Eya mee wotsɔ “Ðaseɖiɖikpe,” si nye kpe eve siwo dzi Se Ewoawo nɔ la da ɖo be woanɔ dedie.​—2 Mose 25:8-10, 16; 31:18.

  • Ale si wowɔe. Aɖakaa didi sentimeta 111, ekeke sentimeta 67, eye wòkɔkɔ sentimeta 67. Wotsɔ akasiati kpae hefa sika ɖe eme kple ekɔgo, eye wotsɔ sika ɖo to nɛ kpe ɖo wònya kpɔ. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ eƒe nutunu, eye wowɔ sikakerubi eve ɖe nutunua ƒe go eveawo dzi. Kerubiawo dze ŋgɔ wo nɔewo hede mo to ɖe nutunu la dzi, eye woke woƒe aʋalawo do ɖe dzi wòtsyɔ nutunua dzi. Sikasigɛ ene le Aɖakaa ƒe dzogoewo dzi le afɔtiawo gbɔ lɔƒo. Wotsɔa kpo siwo wotsɔ akasiati kpa hefa sika ɖe wo ŋu la ƒona ɖe asigɛawo me tsɔ kɔa aɖakaa.​—2 Mose 25:10-21; 37:6-9.

  • Afi si wònɔ. Gbã la, woda aɖakaa ɖe avɔgbadɔa ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe; enye agbadɔ si me wosubɔna le, si wote ŋu kakana gatuna ne woʋu yi teƒe bubu, eye eya kple Aɖakaa ye wowɔ le ɣeyiɣi ɖeka me. Wotsɔ xɔmetsovɔ xe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea ŋkume be nunɔlawo kple ame bubuwo nagakpɔe o. (2 Mose 40:3, 21) Nunɔlagãa koe gena ɖe afi ma hekpɔa Aɖakaa zi ɖeka le ƒe me, le Avuléŋkekea dzi. (3 Mose 16:2; Hebritɔwo 9:7) Emegbe wova kɔ Nubablaɖakaa yi Salomo ƒe gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea.​—1 Fiawo 6:14, 19.

  • Taɖodzinu si nɔ eŋu. Nu kɔkɔe siwo ɖoa ŋku nu si Mawu bla kple Israel-viwo le Sinai Toa gbɔ dzi na wo lae wodzra ɖo ɖe Aɖakaa me. Wogazãnɛ etɔxɛ hã le Avuléŋkekea ƒe wɔnawo me.​—3 Mose 16:3, 13-17.

  • Nu siwo nɔ eme. Kpe siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖoe nye nu gbãtɔ siwo wotsɔ de Aɖakaa me. (2 Mose 40:20) Wova de sikaze si me mana le kple “Aron ƒe atikplɔ si ƒo se” la hã eme emegbe. (Hebritɔwo 9:4; 2 Mose 16:33, 34; 4 Mose 17:10) Edze ƒãa be wova ɖe zea kple atikplɔa ɖa le Aɖakaa me, elabe nu siawo menɔ eme esime wotsɔe yi gbedoxɔa me o.​—1 Fiawo 8:9.

  • Ale si woakɔe. Lewi viwoe tsɔa kpo siwo wotsɔ akasiati kpa la kɔa Aɖakaa ɖe abɔta. (4 Mose 7:9; 1 Kronika 15:15) Kpoawo nɔ Aɖakaa ŋu ɣesiaɣi, eya ta mahiã be Lewi viwo naka asi Aɖakaa ŋutɔ ŋu ɣeaɖekeɣi o. (2 Mose 25:12-16) Wotsɔa “xɔmetsovɔ” si ma Kɔkɔeƒea kple Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea dome la tsyɔa Aɖakaa dzi hafi kɔnɛ.​—4 Mose 4:5, 6. *

  • Nu si wòtsi tre ɖi na. Afi sia afi si Aɖakaa le la, enyea dzesi be Mawu le afi ma. Le kpɔɖeŋu me, alilikpo si nɔa Aɖakaa tame le Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea kple esi nɔa Israel-viwo ƒe asaɖaa tame la siaa nyea dzesi be Yehowa le wo dome eye eƒe yayra le wo dzi. (3 Mose 16:2; 4 Mose 10:33-36) Azɔ hã, esi Biblia gblɔ be Yehowa “bɔbɔ nɔ kerubiwo tame” la, kerubi eve siwo nɔ Aɖakaa ƒe nutunua dzi ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. (1 Samuel 4:4; Psalmo 80:1) Eya ta kerubi siawo nɔ “tsitre ɖi na” Yehowa ƒe “tasiaɖam” la. (1 Kronika 28:18) Esi Fia David nya nu si Aɖakaa le tsitre ɖi na ta la, esi wokɔ Aɖakaa yi Zion la, ete ŋu gblɔ be Yehowa “le Zion.”​—Psalmo 9:11.

  • Ŋkɔ siwo wogayɔna nɛ. Biblia zã ŋkɔ vovovowo na aɖaka kɔkɔe ma; wo dometɔ aɖewoe nye “Ðaseɖiɖiɖaka,” “nubablaɖaka,” ‘Yehowa ƒe Aɖaka,’ kple “Aɖaka, si nye wò [Yehowa ƒe] ŋusẽ ƒe dzesi.”​—4 Mose 7:89; Yosua 3:6, 13; 2 Kronika 6:41.

    Woyɔa Aɖakaa ƒe nutunu la be “avuléle ƒe nutunu” alo “amenuveveteƒe.” (1 Kronika 28:11; Agbenya La) Ŋkɔ sia he susu yi mɔ tɔxɛ si nu wozãa nutunua le le Avuléŋkekea dzi la dzi, esime Israel ƒe nunɔlagã hlẽa vɔsalãa ƒe ʋu ɖe nutunua ŋgɔ kple egbɔ lɔƒo. Nu siawo siwo nunɔlagã wɔna la léa avu ɖe “eya ŋutɔ ɖokui kple eƒe aƒe la kpakple Israel ƒe ha blibo la katã” ƒe nu vɔ̃wo ta, alo tsyɔa wo dzi.​—3 Mose 16:14-17.

Ðe nubablaɖaka la gali egbea?

Kpeɖodzi aɖeke meli be eli o. Biblia ɖee fia be Aɖakaa megahiã o, elabena nubabla si do ƒome kplii la megali o, eye “nubabla yeye” si wotu ɖe Yesu ƒe vɔsaa dzi la va xɔ ɖe eteƒe. (Yeremiya 31:31-33; Hebritɔwo 8:13; 12:24) Biblia gblɔe ɖi hã be ɣeyiɣi aɖe ava si nubablaɖakaa maganɔ anyi o, eye Mawu ƒe amewo magaɖo ŋku edzi o.​—Yeremiya 3:16.

Apostolo Yohanes kpɔ nubablaɖakaa le dziƒo le ŋutega aɖe si woɖe fiae esime woɖo nubabla yeyea anyi vɔ megbe la me. (Nyaɖeɖefia 11:15, 19) Kpɔɖeŋuɖaka sia nye dzesi be Mawu le afi ma eye be eƒe yayra le nubabla yeyea dzi.

Ðe Aɖakaa kpɔa Israel-viwo ta le nukumɔ aɖe nua?

Ao. Ne nubablaɖaka le Israel-viwo gbɔ la, menye kpeɖodzi be woakpɔ dzidzedze o. Le kpɔɖeŋu me, Aɖakaa nɔ wo gbɔ esi wokpe aʋa kple Ai, gake woɖu wo dzi le esi wo dometɔ ɖeka mewɔ nuteƒe o ta. (Yosua 7:1-6) Emegbe Filistitɔwo ɖu wo dzi togbɔ be wokɔ nubablaɖakaa yi aʋagbea dzi hã. Nunɔla siwo nye Hofni kple Finehas ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo tae woɖu wo dzi ɖo. (1 Samuel 2:​12; 4:​1-​11) Filistitɔwo xɔ Aɖakaa le Israel-viwo si le aʋa ma me tsɔ yi wo gbɔ, gake Mawu wɔ fu wo vevie va se ɖe esime wogbugbɔ Aɖakaa va Israel.​—1 Samuel 5:11–6:​5.

Nubablaɖakaa ƒe ŋutinya

Ƒe (D.Y.)

Nudzɔdzɔ

1513

Bezalel kple ame siwo kpe ɖe eŋu la zã nu siwo Israel-viwo dzɔ tsɔ kpa Aɖakaa.​—2 Mose 25:1, 2; 37:1.

1512

Mose kɔ Aɖakaa, avɔgbadɔa kple nunɔlawo ŋu.​—2 Mose 40:1-3, 9, 20, 21.

Tso ƒe 1512 va se ɖe ƒe 1070 megbe

Wotsɔe yi teƒe vovovowo.​—Yosua 18:1; Ʋɔnudrɔ̃lawo 20:26, 27; 1 Samuel 1:24; 3:3; 6:11-14; 7:1, 2.

Ƒe 1070 megbe

Fia David tsɔe va Yerusalem.​—2 Samuel 6:12.

1026

Wotsɔe va da ɖe Salomo ƒe gbedoxɔa me le Yerusalem.​—1 Fiawo 8:1, 6.

642

Fia Yosiya trɔe gbɔ va gbedoxɔa me.​—2 Kronika 35:3. *

Do ŋgɔ na ƒe 607

Womeyɔe de nu siwo Babilontɔwo lɔ tso gbedoxɔa me dzoe esi wotsrɔ̃ gbedoxɔa le ƒe 607 D.Y. me la dome o, eye menɔ nu siwo wogatrɔ tso Babilon gbɔe va Yerusalem emegbe la dome o.​—2 Fiawo 25:13-17; Ezra 1:7-11.

63

Romaʋafia Pompey ɖu Yerusalem dzi eye wòge ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea hegblɔ be yemekpɔ aɖakaa le afi ma o. *

^ mm. 8 Mawu hea to na Israel-viwo vevie ne womewɔ ɖe se siwo wòde ku ɖe Aɖakaa kɔkɔ kple nutsyɔtsyɔ edzi ŋu la dzi o.​—1 Samuel 6:​19; 2 Samuel 6:​2-7.

^ mm. 31 Ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ na esia la, wokɔ aɖakaa ɖa le gbedoxɔa me, gake Biblia megblɔ ɣeyiɣia kple nu si tae o, eye megblɔ ame si kɔe hã o.

^ mm. 35 Kpɔ agbalẽ si nye The Histories, si Tacitus ta, Book V, memama 9.