Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Nu Kae 666 Fia?

Nu Kae 666 Fia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Le Biblia-gbalẽ mamlɛtɔ ƒe nya nu la, 666 nye lã wɔadã aɖe ƒe xexlẽdzesi alo ŋkɔ. Wokpɔ lã wɔadã sia si si ta adre le eye wòto dzo ewo la do tso atsiaƒu me. (Nyaɖeɖefia 13:1, 17, 18) Lã sia le tsitre ɖi na xexea me ƒe dunyahenuɖoanyi siwo ɖua “to sia to kple ame ɖe sia ɖe ƒomevi kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ dzi.” (Nyaɖeɖefia 13:7) Ŋkɔ 666 ɖee fia be dunyahenuɖoanyi siawo do kpo nu kura le Mawu ŋkume. Le mɔ ka nu?

Menye dzesi dzro aɖe koe o. Gɔmesese nɔa ŋkɔ siwo Mawu naa amewo kple nuwo la si. Le kpɔɖeŋu me, Mawu na ŋkɔ Abram, si gɔmee nye “Fofo Le Kɔkɔƒe (Wodoe Ðe Dzi)” be Abraham, si gɔmee nye “Amehawo Fofo (Ame Geɖewo Fofo)” esime Mawu do ŋugbe nɛ be yeana wòazu “dukɔ geɖewo fofo.” (1 Mose 17:5, etenuŋɔŋlɔ) Nenema ke Mawu na ŋkɔ 666 lã wɔadã la tsɔ fia nane koŋ tso eƒe nɔnɔme ŋu.

Xexlẽdzesi ade fia blibomademade. Zi geɖe la, wozãa xexlẽdzesiwo le kpɔɖeŋumɔ nu le Biblia me. Xexlẽdzesi si nye adre fiaa nu si de keŋkeŋ alo de blibo. Ade, si nye ɖeka to le adre me, fiaa nu si mede blibo o alo do kpo nu le Mawu ŋkume, eye wotea ŋu zãnɛ hã tsɔ doa ƒome kple Mawu ƒe futɔwo.1 Kronika 20:6; Daniel 3:1.

Wogblɔe zi etɔ̃ tsɔ te gbe ɖe edzi. Ɣeaɖewoɣi la, wogblɔa nyawo zi etɔ̃ le Biblia me tsɔ tea gbe ɖe nyaa dzi. (Nyaɖeɖefia 4:8; 8:13) Eya ta ŋkɔ 666 te gbe ɖe ale si Mawu bua amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo be wodo kpo nu keŋkeŋ la dzi. Womete ŋu he ŋutifafa kple dedienɔnɔ mavɔ vɛ o. Mawu Fiaɖuƒea koe ahe nu siawo vɛ.

Lã wɔadã la ƒe dzesi

Biblia gblɔ be amewo xɔ “lã wɔadã la ƒe dzesi,” elabena “wodze lã la yome” hede ta agu nɛ. (Nyaɖeɖefia 13:3, 4; 16:2) Wowɔa esia ne wode ta agu na woƒe dukɔa, eƒe dzesiwo kple eƒe aʋawɔŋusẽwo. Numekugbalẽ aɖe (The Encyclopedia of Religion) gblɔ be: “Dulɔlɔ̃ va zu subɔsubɔmɔnu vevitɔ le egbexexea me.” *

Aleke ame xɔa lã wɔadã la ƒe dzesia ɖe eƒe nuɖusi alo ŋgonu? (Nyaɖeɖefia 13:16) Mawu gblɔ tso se siwo wòde na Israel-dukɔa ŋu be: “Mibla wo ɖe miaƒe asi ŋu abe ŋkuɖodzinu ene, eye woanɔ abe ŋgoblanu ene le miaƒe ŋgonu.” (5 Mose 11:18) Esia mefia be Israel-viwo nade dzesi woƒe asiwo ŋu kple ŋgonu ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ nu si wòfiae nye be Mawu ƒe nyawo nafia mɔ wo le woƒe nuwɔnawo kple woƒe tamesusuwo katã me. Nenema ke mefia be ame siwo dea ta agu na lã la taa 666 ɖe ŋuti ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ nu si dzesia fia le ame siawo ŋu le kpɔɖeŋumɔ nue nye be woɖe mɔ xexe sia me dziɖuɖuwo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi. Ame siwo xɔ lã ƒe dzesia la tsi tre ɖe Mawu ŋu.Nyaɖeɖefia 14:9, 10; 19:19-21.

^ mm. 8 Kpɔ agbalẽ siwo nye Nationalism in a Global Era, axa 134 kple Nationalism and the Mind: Essays on Modern Culture, axa 94 hã.